< Mose 4 13 >

1 Yehowa gblɔ na Mose azɔ be,
主はモーセに言われた、
2 “Dɔ ŋkutsalawo ɖe Kanaanyigba, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israel la dzi. Dɔ kplɔla ɖeka ɖa tso to sia to me.”
「人をつかわして、わたしがイスラエルの人々に与えるカナンの地を探らせなさい。すなわち、その父祖の部族ごとに、すべて彼らのうちのつかさたる者ひとりずつをつかわしなさい」。
3 Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Paran gbedzi ɣe ma ɣi. Mose wɔ ɖe se si Yehowa de nɛ la dzi, eye wòdɔ toawo ƒe kplɔla siawo ɖa:
モーセは主の命にしたがって、パランの荒野から彼らをつかわした。その人々はみなイスラエルの人々のかしらたちであった。
4 Woƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Zakur ƒe viŋutsu, tso Ruben ƒe to la me;
彼らの名は次のとおりである。ルベンの部族ではザックルの子シャンマ、
5 Safat, Hori ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me;
シメオンの部族ではホリの子シャパテ、
6 Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me;
ユダの部族ではエフンネの子カレブ、
7 Igal, Yosef ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me;
イッサカルの部族ではヨセフの子イガル、
8 Hosea, Nun ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me;
エフライムの部族ではヌンの子ホセア、
9 Palti, Rafu ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me;
ベニヤミンの部族ではラフの子パルテ、
10 Gadiel, Sodi ƒe viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me;
ゼブルンの部族ではソデの子ガデエル、
11 Gadi, Susi ƒe viŋutsu, tso (Yosef ƒomea me) le Manase ƒe to la me.
ヨセフの部族すなわち、マナセの部族ではスシの子ガデ、
12 Amiel, Gemali ƒe viŋutsu, tso Dan ƒe to la me;
ダンの部族ではゲマリの子アンミエル、
13 Setur, Mikael ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me;
アセルの部族ではミカエルの子セトル、
14 Nahbi, Vofsi ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me;
ナフタリの部族ではワフシの子ナヘビ、
15 kple Geuel, Maki ƒe viŋutsu, tso Gad ƒe to la me.
ガドの部族ではマキの子ギウエル。
16 Ame siawoe Mose dɔ be woaɖatsa anyigba la me. Ɣeyiɣi sia mee (Mose trɔ Hosea ƒe ŋkɔ wòzu Yosua) si gɔmee nye “Yehowa nye Ɖeɖe.”
以上はモーセがその地を探らせるためにつかわした人々の名である。そしてモーセはヌンの子ホセアをヨシュアと名づけた。
17 Mose dɔ wo ɖa, eye wògblɔ na wo be, “Miyi anyigba la ƒe anyigbeme lɔƒo, le Negeb ƒe tonyigba la dzi,
モーセは彼らをつかわし、カナンの地を探らせようとして、これに言った、「あなたがたはネゲブに行って、山に登り、
18 ne miakpɔ ale si anyigba la le. Mikpɔ ale si ame siwo le anyigba la dzi hã le, ne wonye ame sesẽwo alo ame benɔewo, ne wosɔ gbɔ alo womesɔ gbɔ o.
その地の様子を見、そこに住む民は、強いか弱いか、少ないか多いか、
19 Milé ŋku ɖe nuwo ŋu, miakpɔ ne anyigba la nyo na agblemenukuwo loo alo menyo na wo o, ne woƒe duwo lolo loo alo wole sue, ne wotu mɔ sesẽwo ɖe wo ŋu,
また彼らの住んでいる地は、良いか悪いか。人々の住んでいる町々は、天幕か、城壁のある町か、
20 ne anyigba la nyo alo menyo o, eye ne atiwo sɔ gbɔ le edzi loo alo womesɔ gbɔ o. Migavɔ̃ o. Mitsɔ woƒe agblemenuku, siwo miakpɔ la ƒe ɖewo vɛ.” (Wonɔ waintsetse gbãtɔwo gbem ɣe ma ɣi.)
その地は、肥えているか、やせているか、そこには、木があるかないかを見なさい。あなたがたは、勇んで行って、その地のくだものを取ってきなさい」。時は、ぶどうの熟し始める季節であった。
21 Ale wotsa ŋku le anyigba la dzi tso keke Zin gbegbe la va ɖo Rehob, le Hamat gbɔ.
そこで、彼らはのぼっていって、その地をチンの荒野からハマテの入口に近いレホブまで探った。
22 Wotso afi ma ɖo ta dzigbeme lɔƒo; woto Negeb gbã, eye woyi Hebron. Wokpɔ Ahimanitɔwo, Sesaitɔwo kple Talmaitɔwo. Ame siawo katã nye Anak, ame dzɔatsu ƒe dzidzimeviwo. (Hebron nye du xoxo aɖe. Wotsoe ƒe adre do ŋgɔ na Tanis tsotso le Egipte.)
彼らはネゲブにのぼって、ヘブロンまで行った。そこにはアナクの子孫であるアヒマン、セシャイ、およびタルマイがいた。ヘブロンはエジプトのゾアンよりも七年前に建てられたものである。
23 Tso afi ma la, wova afi si woyɔna egbegbe be, Eskɔl ƒe Balime. Wotso waintsetse kpo ɖeka le afi sia wòlolo ale gbegbe be ame evee tsɔ ati de eme hafi te ŋu tsɔe! Wotsɔ yevuboɖa kple gbotsetse siwo wokpɔ le afi ma hã ƒe ɖewo ɖe asi.
ついに彼らはエシコルの谷に行って、そこで一ふさのぶどうの枝を切り取り、これを棒をもって、ふたりでかつぎ、また、ざくろといちじくをも取った。
24 Israelviwo na ŋkɔ Balime sia be, Eskɔl, si gɔmee nye “Kpo ɖeka” le waintsetse si wokpɔ le afi ma ƒe kpo ɖeka ƒe lolo ta!
イスラエルの人々が、そこで切り取ったぶどうの一ふさにちなんで、その所はエシコルの谷と呼ばれた。
25 Le ŋkeke blaene megbe la, wotrɔ gbɔ.
四十日の後、彼らはその地を探り終って帰ってきた。
26 Wogblɔ nu si wokpɔ la na Mose, Aron kple Israelviwo katã le Paran gbedzi le Kades, eye wotsɔ kutsetse siwo wotsɔ vɛ la fia wo.
そして、パランの荒野にあるカデシにいたモーセとアロン、およびイスラエルの人々の全会衆のもとに行って、彼らと全会衆とに復命し、その地のくだものを彼らに見せた。
27 Wona nutsotso Mose ale, “Míede anyigba si dzi mieɖo mí ɖo be míatsa ŋku le la dzi. Enye anyigba nyui aɖe ŋutɔ, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le tsatsam le. Míetsɔ kutsetse siawo vɛ be woaɖe nya si gblɔm míele la ƒe nyateƒenyenye afia.
彼らはモーセに言った、「わたしたちはあなたが、つかわした地へ行きました。そこはまことに乳と蜜の流れている地です。これはそのくだものです。
28 Ke afi ma tɔwo nye ŋusẽtɔwo. Woƒe duwo lolo, eye woglã wo katã. Gawu la, míekpɔ Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma!
しかし、その地に住む民は強く、その町々は堅固で非常に大きく、わたしたちはそこにアナクの子孫がいるのを見ました。
29 Amalekitɔwo le gbegbe le dziehe gome, ke Hititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo ya le togbɛwo dzi, eye Kanaantɔwo le atsiaƒu kple Yɔdan to.”
またネゲブの地には、アマレクびとが住み、山地にはヘテびと、エブスびと、アモリびとが住み、海べとヨルダンの岸べには、カナンびとが住んでいます」。
30 Tete Kaleb tsi nya ɖe ameawo nu le Mose ŋkume, eye wògblɔ be, “Mina míayi aɖaxɔ anyigba la, elabena míate ŋui xoxoxo.”
そのとき、カレブはモーセの前で、民をしずめて言った、「わたしたちはすぐにのぼって、攻め取りましょう。わたしたちは必ず勝つことができます」。
31 Ŋkutsala bubuawo gblɔ be, “Miate ŋu aɖadze wo dzi o, elabena wosesẽ wu mi.”
しかし、彼とともにのぼって行った人々は言った、「わたしたちはその民のところへ攻めのぼることはできません。彼らはわたしたちよりも強いからです」。
32 Ale wokaka nutsotso gbegblẽ ɖe Israelviwo dome tso anyigba si dzi wotsa ŋku le la ŋuti. Wogblɔ na ameawo be, “Anyigba si dzi míetsa ŋku le la le edzinɔlawo mim. Ame siwo katã míekpɔ la nye ame dzɔatsuwo.
そして彼らはその探った地のことを、イスラエルの人々に悪く言いふらして言った、「わたしたちが行き巡って探った地は、そこに住む者を滅ぼす地です。またその所でわたしたちが見た民はみな背の高い人々です。
33 Míekpɔ Nefilimtɔwo hã le afi ma (Anak nye Nefilimtɔwo ƒe dzidzimeviwo). Míedze le woƒe ŋkume abe abɔwo ene, eye nenema kee woawo hã kpɔ míe.”
わたしたちはまたそこで、ネピリムから出たアナクの子孫ネピリムを見ました。わたしたちには自分が、いなごのように思われ、また彼らにも、そう見えたに違いありません」。

< Mose 4 13 >