< Mose 4 11 >

1 Ameawo de asi liʋĩliʋĩlilĩ me le woƒe fukpekpewo katã ta. Yehowa see, eye wòdo dɔmedzoe ɖe wo ŋu le woƒe liʋĩliʋĩlilĩ ta. Ale Yehowa ƒe dzo de asi ame siwo le asaɖa la ƒe mlɔenu la tsɔtsrɔ̃ me.
ויהי העם כמתאננים רע באזני יהוה וישמע יהוה ויחר אפו ותבער בם אש יהוה ותאכל בקצה המחנה׃
2 Wodo ɣli na Mose be wòaxɔ na yewo. Esi Mose do gbe ɖa na Yehowa ɖe wo ta la, dzo la tsi.
ויצעק העם אל משה ויתפלל משה אל יהוה ותשקע האש׃
3 Tso ɣe ma ɣi dzi la, wona ŋkɔ teƒe la be “Dzobiteƒe,” elabena dzo tso Yehowa gbɔ bi le ameawo dome le afi ma.
ויקרא שם המקום ההוא תבערה כי בערה בם אש יהוה׃
4 Nuɖuɖu bubuwo de asi yakame siwo le wo dome la dzodzro me, eye Israelviwo gade asi liʋĩliʋĩlilĩ me hegblɔna be, “Ne míakpɔ lã aɖu ko!
והאספסף אשר בקרבו התאוו תאוה וישבו ויבכו גם בני ישראל ויאמרו מי יאכלנו בשר׃
5 Míeɖo ŋku tɔmelã siwo míeɖu le Egipte femaxee kple dzamatre, aɖiba, agumetaku, sabala kple ayo dzi.
זכרנו את הדגה אשר נאכל במצרים חנם את הקשאים ואת האבטחים ואת החציר ואת הבצלים ואת השומים׃
6 Ke fifia la, míegakpɔa nu siawo o; mana ko míeɖuna gbe sia gbe!”
ועתה נפשנו יבשה אין כל בלתי אל המן עינינו׃
7 Mana la le ɣie abe bliku ene gake ele gbadzɛe, eye wòvivina abe anyitsibolo ene.
והמן כזרע גד הוא ועינו כעין הבדלח׃
8 Ameawo fɔnɛ le anyigba, tonɛ le to me, ɖanɛ eye wòwɔa tatalĩ si vivina abe tatalĩ si wotɔ le ami me ene.
שטו העם ולקטו וטחנו ברחים או דכו במדכה ובשלו בפרור ועשו אתו עגות והיה טעמו כטעם לשד השמן׃
9 Mana gena kple zãmu ƒe dzadza le zã me.
וברדת הטל על המחנה לילה ירד המן עליו׃
10 Ƒomewo tsia tsitre ɖe woƒe agbadɔwo nu henɔa avi fam. Mose se woƒe avifafa. Yehowa gado dɔmedzoe ɖe edzi wu, eye Mose hã mekpɔ ŋudzedze le nu sia ŋu o.
וישמע משה את העם בכה למשפחתיו איש לפתח אהלו ויחר אף יהוה מאד ובעיני משה רע׃
11 Mose gblɔ na Yehowa be, “Nu ka ta mève nu nye eye nètiam be yeadro dukɔ sia tɔgbi ƒe agba ɖe dzinye?
ויאמר משה אל יהוה למה הרעת לעבדך ולמה לא מצתי חן בעיניך לשום את משא כל העם הזה עלי׃
12 Vinyewo wonyea? Nyee nye wo fofoa? Nu sia tae nède dɔ asi nam be makpɔ wo dzi abe vidzĩwo ene va se ɖe esime míaɖo anyigba si ŋugbe nèdo na mía tɔgbuiwo la dzia?
האנכי הריתי את כל העם הזה אם אנכי ילדתיהו כי תאמר אלי שאהו בחיקך כאשר ישא האמן את הינק על האדמה אשר נשבעת לאבתיו׃
13 Afi ka makpɔ lã tsoe ana ame siawo katã? Wole avi fam nam le gbɔgblɔm be, ‘Na lã mí’
מאין לי בשר לתת לכל העם הזה כי יבכו עלי לאמר תנה לנו בשר ונאכלה׃
14 Nye ɖeka nyemate ŋu atsɔ dukɔ sia ƒe nyawo o. Agba la kpe nam akpa!
לא אוכל אנכי לבדי לשאת את כל העם הזה כי כבד ממני׃
15 Nenye aleae nàwɔm la, ekema meɖe kuku, wum fifi laa, eye wòanye nunyee nève boŋ! Ɖem tso nye xaxa dziŋɔ sia me!”
ואם ככה את עשה לי הרגני נא הרג אם מצאתי חן בעיניך ואל אראה ברעתי׃
16 Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Na Israelviwo ƒe ametsitsi blaadre naƒo ƒu ɖe nye ŋkume. Kplɔ wo va agbadɔ la me, eye woatsi tsitre ɖe afi ma kpli wò.
ויאמר יהוה אל משה אספה לי שבעים איש מזקני ישראל אשר ידעת כי הם זקני העם ושטריו ולקחת אתם אל אהל מועד והתיצבו שם עמך׃
17 Maɖi ava ƒo nu kpli wò le afi ma. Maɖe Gbɔgbɔ si le dziwò la ƒe ɖe le dziwò ada ɖe woawo hã dzi. Woatsɔ dukɔ la ƒe agba akpe ɖe ŋuwò ale be dɔdeasi la maganɔ wò ɖeka ko dzi o.
וירדתי ודברתי עמך שם ואצלתי מן הרוח אשר עליך ושמתי עליהם ונשאו אתך במשא העם ולא תשא אתה לבדך׃
18 “Gblɔ na ameawo be woakɔ wo ɖokuiwo ŋuti, elabena woakpɔ lã aɖu etsɔ. Gblɔ na wo be, ‘Yehowa se miaƒe liʋĩliʋĩlilĩwo tso nu siwo katã miegblẽ ɖe megbe le Egipte la ŋu, eye wòle lã na ge mi.
ואל העם תאמר התקדשו למחר ואכלתם בשר כי בכיתם באזני יהוה לאמר מי יאכלנו בשר כי טוב לנו במצרים ונתן יהוה לכם בשר ואכלתם׃
19 Miaɖui ŋkeke ɖeka, alo ŋkeke eve, atɔ̃, ewo alo blaeve ko o,
לא יום אחד תאכלון ולא יומים ולא חמשה ימים ולא עשרה ימים ולא עשרים יום׃
20 ke ɣleti blibo ɖeka, va se ɖe esime wòado to ŋɔtime na mi, eye wòati mi, elabena miegbe Yehowa, ame si le mia dome, eye miefa avi le eŋkume gblɔ be, “Nu ka ta koŋ míedzo le Egipte ɖo?”’”
עד חדש ימים עד אשר יצא מאפכם והיה לכם לזרא יען כי מאסתם את יהוה אשר בקרבכם ותבכו לפניו לאמר למה זה יצאנו ממצרים׃
21 Mose gblɔ be, “Ŋutsuawo ɖeɖe de akpe alafa ade, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o; le esime nèdo ŋugbe be yeana lã wo ɣleti blibo ɖeka!
ויאמר משה שש מאות אלף רגלי העם אשר אנכי בקרבו ואתה אמרת בשר אתן להם ואכלו חדש ימים׃
22 Ne míawu míaƒe lãwo katã hã la, made wo nu o! Ele be míaɖe tɔmelã ɖe sia ɖe tso atsiaƒu me hafi nàte ŋu awɔ wò ŋugbedodo dzi!”
הצאן ובקר ישחט להם ומצא להם אם את כל דגי הים יאסף להם ומצא להם׃
23 Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣe ka ɣie ŋusẽ vɔ le ŋunye? Azɔ la, miakpɔe ne nye nya nye nyateƒe loo alo alakpa!”
ויאמר יהוה אל משה היד יהוה תקצר עתה תראה היקרך דברי אם לא׃
24 Mose dzo le agbadɔ la me, eye wògblɔ Yehowa ƒe nyawo na ameawo. Eƒo ƒu ametsitsi blaadreawo nu, eye wòna woƒo xlã agbadɔ la.
ויצא משה וידבר אל העם את דברי יהוה ויאסף שבעים איש מזקני העם ויעמד אתם סביבת האהל׃
25 Yehowa ɖiɖi le lilikpo la me, ƒo nu kple Mose, eye woɖe gbɔgbɔ si nɔ Mose dzi la ƒe akpa aɖe da ɖe ametsitsi blaadreawo dzi. Esi gbɔgbɔ la ɖiɖi ɖe wo dzi la, wogblɔ nya ɖi ɣeyiɣi aɖe.
וירד יהוה בענן וידבר אליו ויאצל מן הרוח אשר עליו ויתן על שבעים איש הזקנים ויהי כנוח עליהם הרוח ויתנבאו ולא יספו׃
26 Ke ametsitsi blaadreawo dometɔ eve, Eldad kple Medad, ganɔ asaɖa la me ko, eye esi gbɔgbɔ la dze ɖe wo dzi la, wogblɔ nya ɖi le afi ma.
וישארו שני אנשים במחנה שם האחד אלדד ושם השני מידד ותנח עליהם הרוח והמה בכתבים ולא יצאו האהלה ויתנבאו במחנה׃
27 Ɖekakpui aɖewo ƒu du yi ɖagblɔ nya si dzɔ la na Mose.
וירץ הנער ויגד למשה ויאמר אלדד ומידד מתנבאים במחנה׃
28 Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si Mose ŋutɔ tia be wòanye yeƒe kpeɖeŋutɔ la gblɔ be, “Amegã, na woadzudzɔ!”
ויען יהושע בן נון משרת משה מבחריו ויאמר אדני משה כלאם׃
29 Ke Mose ɖo eŋu be, “Ɖe nèle ŋu ʋãm ɖe nunyea? Ɖe boŋ madi be Yehowa ƒe amewo katã nazu nyagblɔɖilawo, eye Yehowa nada eƒe gbɔgbɔ ɖe wo katã dzi hafi!”
ויאמר לו משה המקנא אתה לי ומי יתן כל עם יהוה נביאים כי יתן יהוה את רוחו עליהם׃
30 Emegbe la, Mose kple Israelviwo ƒe ametsitsiawo trɔ yi asaɖa la me.
ויאסף משה אל המחנה הוא וזקני ישראל׃
31 Azɔ ya sesẽ aɖe ƒo tso Yehowa gbɔ, eye wòkplɔ tegliwo vɛ tso atsiaƒu dzi. Ena wodze ɖe anyigba ƒo xlã asaɖa la katã. Woli kɔ ɖe wo nɔewo dzi, anɔ abe mita ɖeka ene tso anyigba, eye woƒe kekeme tso asaɖa la gbɔ anye ŋkeke ɖeka ƒe azɔli.
ורוח נסע מאת יהוה ויגז שלוים מן הים ויטש על המחנה כדרך יום כה וכדרך יום כה סביבות המחנה וכאמתים על פני הארץ׃
32 Ŋkeke kple zã blibo la kpakple ŋkeke si kplɔe ɖo la, ameawo do go yi ɖalé tegliawo, eye ame aɖeke melé tegliawo wòle sue wu kilo eve kple afã o. Wosia wo ƒo xlã asaɖa blibo la kpe ɖo.
ויקם העם כל היום ההוא וכל הלילה וכל יום המחרת ויאספו את השלו הממעיט אסף עשרה חמרים וישטחו להם שטוח סביבות המחנה׃
33 Esi ame sia ame de asi lã la ɖuɖu me la, Yehowa do dɔmedzoe ɖe ameawo ŋu, eye wòtsɔ dɔvɔ̃ wu ame geɖewo.
הבשר עודנו בין שניהם טרם יכרת ואף יהוה חרה בעם ויך יהוה בעם מכה רבה מאד׃
34 Eya ta wotsɔ ŋkɔ na teƒe la be Kibrot Hatava, elabena afi mae woɖi ame siwo dzro nuɖuɖu bubu la ɖo.
ויקרא את שם המקום ההוא קברות התאוה כי שם קברו את העם המתאוים׃
35 Tso Kibrot Hatava la, ameha la zɔ mɔ yi Hazerot, eye wonɔ afi ma.
מקברות התאוה נסעו העם חצרות ויהיו בחצרות׃

< Mose 4 11 >