< Mose 4 10 >
1 Yehowa gblɔ na Mose be,
Then the LORD said to Moses,
2 “Tsɔ klosalo wɔ kpẽ eve hena ameawo yɔyɔ be woaƒo ƒu kple gbeƒãɖeɖe be woaho.
“Make two trumpets of hammered silver to be used for calling the congregation and for having the camps set out.
3 Ne woku kpẽ eveawo ƒo ƒui la, ameawo anya be, ele be yewoakpe ta le agbadɔ la ƒe mɔnu.
When both are sounded, the whole congregation is to assemble before you at the entrance to the Tent of Meeting.
4 Ke ne woku kpẽ ɖeka ko la, ekema kplɔlawo kple Israel ƒe toawo ƒe tatɔwo ava ƒo ƒu ɖe ŋkuwòme.
But if only one is sounded, then the leaders, the heads of the clans of Israel, are to gather before you.
5 Ne woku kpẽa la, ekema to siwo ƒu asaɖa anyi ɖe ɣedzeƒe la aho.
When you sound short blasts, the camps that lie on the east side are to set out.
6 Ne kpẽa gaɖi zi evelia tu ɖe nu la, to siwo le dziehe lɔƒo la hã adze mɔ. Kpẽa ƒe ɖiɖi nye nyanyanana be woadze mɔ.
When you sound the short blasts a second time, the camps that lie on the south side are to set out. The blasts are to signal them to set out.
7 Ke ne wodi be dukɔ la katã nakpe ta la, woaku kpẽ la kpuie ko.
To convene the assembly, you are to sound long blasts, not short ones.
8 “Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la koe kpɔ mɔ aku kpẽawo. Esia nye nuɖoanyi na mi tso dzidzime yi dzidzime.
The sons of Aaron, the priests, are to sound the trumpets. This shall be a permanent statute for you and the generations to come.
9 Ne mieyi aʋa kple miaƒe futɔwo, ame siwo le mia tem ɖe anyi le miawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi la, ekema miku kpẽawo. Ekema Yehowa, miaƒe Mawu la aɖo ŋku mia dzi, eye wòaɖe mi tso miaƒe futɔwo ƒe asi me.
When you enter into battle in your land against an adversary who attacks you, sound short blasts on the trumpets, and you will be remembered before the LORD your God and saved from your enemies.
10 Miku kpẽawo le dzidzɔɣiwo hã. Miku wo le miaƒe ƒe sia ƒe Ŋkekenyuiwo dzi kple dzinu yeye ɖe sia ɖe ƒe Ŋkekenyuiwo dzi. Miku kpẽawo hã ɖe miaƒe numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo hã ŋu, eye woanye ŋkuɖodzi na mi le miaƒe Mawu la ŋkume. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.”
And on your joyous occasions, your appointed feasts, and the beginning of each month, you are to blow the trumpets over your burnt offerings and fellowship offerings to serve as a reminder for you before your God. I am the LORD your God.”
11 Lilikpo la ho le agbadɔ la tame le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke blaevelia gbe.
On the twentieth day of the second month of the second year, the cloud was lifted from above the tabernacle of the Testimony,
12 Ale Israelviwo dzo le Sinai gbegbe la. Wodze lilikpo la yome va se ɖe esime wòtɔ ɖe Paran gbegbe la.
and the Israelites set out from the Wilderness of Sinai, traveling from place to place until the cloud settled in the Wilderness of Paran.
13 Esiae nye woƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ esi woxɔ Yehowa ƒe se siwo wòde na Mose tso mɔzɔzɔ la ŋuti.
They set out this first time according to the LORD’s command through Moses.
14 Yuda ƒe to la dze ŋgɔ, nɔ woƒe aflaga la yome. Woƒe kplɔlae nye Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu.
First, the divisions of the camp of Judah set out under their standard, with Nahshon son of Amminadab in command.
15 Isaka ƒe to la kplɔ wo ɖo. Woƒe kplɔlae nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu.
Nethanel son of Zuar was over the division of the tribe of Issachar,
16 Eliab, Helon ƒe viŋutsu kplɔ Zebulon ƒe to la dze wo yome.
and Eliab son of Helon was over the division of the tribe of Zebulun.
17 Wokaka Agbadɔ la, eye Gerson kple Merari ƒe viwo tso Levi ƒe viwo dome kplɔ wo ɖo. Wokɔ Agbadɔ la ɖe abɔta.
Then the tabernacle was taken down, and the Gershonites and the Merarites set out, transporting it.
18 Ruben ƒe to la kple woƒe aflaga dze wo yome le woƒe kplɔla Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te.
Then the divisions of the camp of Reuben set out under their standard, with Elizur son of Shedeur in command.
19 Simeon ƒe to la kplɔ woawo hã ɖo. Wonɔ woƒe kplɔla Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te.
Shelumiel son of Zurishaddai was over the division of the tribe of Simeon,
20 To si kplɔ wo ɖo lae nye Gad ƒe to la. Woƒe kplɔlae nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu.
and Eliasaph son of Deuel was over the division of the tribe of Gad.
21 Kohat ƒe viwo kplɔ Gad ƒe to la ɖo. Woawoe tsɔa nu kɔkɔeawo. Wotua agbadɔ la ɖe teƒe yeyea hafi wova ɖona.
Then the Kohathites set out, transporting the holy objects; the tabernacle was to be set up before their arrival.
22 Efraim ƒe to la kplɔ Kohat ƒe viwo ɖo. Wonɔ woƒe aflaga yome le Elisama, Amihud ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te.
Next, the divisions of the camp of Ephraim set out under their standard, with Elishama son of Ammihud in command.
23 Manase ƒe to la nɔ Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te kplɔ wo ɖo,
Gamaliel son of Pedahzur was over the division of the tribe of Manasseh,
24 eye Benyamin ƒe to la nɔ woƒe kplɔla Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te kplɔ wo ɖo.
and Abidan son of Gideoni was over the division of the tribe of Benjamin.
25 Ame mamlɛtɔwoe nye Dan ƒe to la. Wonɔ woƒe aflaga yome le woƒe kplɔla, Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te.
Finally, the divisions of the camp of Dan set out under their standard, serving as the rear guard for all units, with Ahiezer son of Ammishaddai in command.
26 Aser ƒe to la, ame siwo Pagiel, Okran ƒe viŋutsu kplɔ,
Pagiel son of Ocran was over the division of the tribe of Asher,
27 kple Naftali ƒe to la, ame siwo Ahira, Enan ƒe viŋutsu kplɔ la dze wo yome.
and Ahira son of Enan was over the division of the tribe of Naphtali.
28 Ɖoɖo sia mee Israelviwo ƒe towo nɔna hezɔa mɔ.
This was the order of march for the Israelite divisions as they set out.
29 Gbe ɖeka la, Mose gblɔ na srɔ̃a nɔviŋutsu, Hobab si nye Midiantɔ Reuel ƒe viŋutsu be, “Mlɔeba la, míele mɔ dzem ɖo ta Ŋugbedodonyigba la dzi. Na míayi. Míalé be na wò, elabena Yehowa do nu nyui geɖewo ŋugbe na Israel!”
Then Moses said to Hobab, the son of Moses’ father-in-law Reuel the Midianite, “We are setting out for the place of which the LORD said: ‘I will give it to you.’ Come with us, and we will treat you well, for the LORD has promised good things to Israel.”
30 Ke Hobab gblɔ nɛ be, “Ao, ele be matrɔ ayi mía de aɖanɔ nye amewo dome.”
“I will not go,” Hobab replied. “Instead, I am going back to my own land and my own people.”
31 Mose ɖe kuku nɛ be, “Nɔ mía gbɔ, elabena ènya teƒe siwo míaƒu asaɖa anyi ɖo, eye ànye ŋku na mí.
“Please do not leave us,” Moses said, “since you know where we should camp in the wilderness, and you can serve as our eyes.
32 Ne èkplɔ mí ɖo la, àkpɔ gome le nu nyui siwo katã Yehowa wɔna na mí la me.”
If you come with us, we will share with you whatever good things the LORD gives us.”
33 Wozɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ tso Sinai to, Yehowa ƒe to la gbɔ. Nubablaɖaka la le wo ŋgɔ be yeatia teƒe si woatɔ ɖo la na wo.
So they set out on a three-day journey from the mountain of the LORD, with the ark of the covenant of the LORD traveling ahead of them for those three days to seek a resting place for them.
34 Wodze mɔ le ŋkeke me. Yehowa ƒe lilikpo la nɔ zɔzɔm le ŋgɔ na wo.
And the cloud of the LORD was over them by day when they set out from the camp.
35 Ne wokɔ nubablaɖaka la dze mɔ la, Mose doa ɣli be, “O! Yehowa, tsi tsitre, eye nàka wò futɔwo hlẽ. Na woasi le ŋgɔwò.”
Whenever the ark set out, Moses would say, “Rise up, O LORD! May Your enemies be scattered; may those who hate You flee before You.”
36 Ne wodro nubablaɖaka la ɖi la, egblɔna be, “Yehowa, trɔ gbɔ va Israelvi akpe akpeawo gbɔ.”
And when it came to rest, he would say: “Return, O LORD, to the countless thousands of Israel.”