< Nehemia 1 >

1 Esiae nye Nehemia, Hakalia ƒe vi ƒe nyawo. Le ɣleti wuievelia me, le Persia fia, Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esime menɔ Susa fiasã la me la,
This is the account of Nehemiah, son of Hacaliah. In the month of Kislev, in the twentieth year of King Artaxerxes' reign, I was in the fortress at Susa.
2 nɔvinye Yudatɔ aɖe si woyɔna be, Hanani kple ame aɖewo tso Yuda va be yewoakpɔm ɖa. Mebia nya tso ale si nuwo nɔ le Yerusalem la ŋu. Mebia be, “Aleke nuwo le na Yudatɔ siwo gbɔ tso aboyo me va Yerusalem?”
Hanani, one of my brothers, came from Judah with some other men. I asked them about the remnant of the Jewish exiles who had returned from captivity, and also about Jerusalem.
3 Woɖo eŋu be, “Nuwo menyo kura o, ame siwo gbɔ tso aboyome la, le xaxa kple ŋukpe gã aɖe me; womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi eye wotɔ dzo agboawo.”
They told me, “The remnant who are left from the exile are there in the province, but they are having a great deal of trouble and feel humiliated. Jerusalem's walls have been knocked over, and its gates burned down.”
4 Esi mese nya siawo la, menɔ anyi, eye mefa avi. Le nyateƒe me la, metsi nu dɔ ŋkeke geɖewo, eye mewɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ hedo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la be,
When I heard the news, I sat down, weeping and mourning for days, fasting and praying to the God of heaven.
5 “O! Aƒetɔ Yehowa, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, Mawu si wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi, eye wòvea ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe sewo dzi la nu, se nye gbedodoɖa.
Then I prayed, “Please, Lord God of heaven—the great and awesome God who keeps his agreement of trustworthy love with those who love him and keep his commandments—
6 Wò to nenɔ te, eye wò ŋkuwo nenɔ ʋuʋu be nàse gbe si dom wò dɔla le ɖa zã kple keli le ŋkuwòme, ɖe wò dɔlawo, Israel dukɔ ta. Meʋu nu vɔ̃ siwo mí Israelviwo, nye ŋutɔ kple fofonye ƒe aƒe míewɔ ɖe ŋuwò la me.
please listen and focus your attention on the prayer of your servant that I am praying to you now, day and night, on behalf of your servants, the Israelites. I confess the sins that we Israelites have committed against you, including my own sins and those of my family.
7 Míewɔ nu tovowo ɖe ŋutiwò, míewɔ wò sededewo, ɖoɖowo kple se siwo wò dɔla Mose de na mí la dzi o.
We have done terrible things to offend you and we have not kept the commandments, laws, and regulations that you gave to your servant Moses.
8 “Meɖe kuku, ɖo ŋku nya si nègblɔ na wò dɔla, Mose la dzi! Wòe gblɔ be: ‘Ne miewɔ nu vɔ̃ la, makaka mi ɖe dukɔwo dome,
Please remember what you told Moses when you said, ‘If you are unfaithful, I will scatter you among the nations,
9 ke ne mietrɔ va gbɔnye, eye miewɔ nye seawo dzi la togbɔ be woɖe aboyo mi yi xexea me ƒe dzogoe didiƒetɔwo mee hã la, makplɔ mi tso teƒe mawo, eye makplɔ mi va teƒe si metia be wòanye nye ŋkɔ ƒe nɔƒe.’
but if you come back to me and follow my commandments and obey them, then even if you are exiled to the ends of the earth, I will gather them together and bring them to the place I have chosen where I will be honored.
10 “Wò dɔlawoe míenye, dukɔ si nètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ sesẽ la ɖee lae míenye.
They are your servants and our people. You saved them by your great power and incredible ability.
11 O! Aƒetɔ, meɖe kuku, se nye gbedodoɖa! Ɖo to mí, ame siwo kpɔa dzidzɔ be míade bubu ŋuwò la ƒe gbedodoɖa. Meɖe kuku, kpe ɖe ŋunye fifi laa esi mele fia la gbɔ yim be mabiae be wòana kpekpeɖeŋu tɔxɛm. Dee eƒe dzi me be wòave nunye.” Fia la ƒe ahakulae menye.
Lord, please respond to my prayer and to the prayers of those who love to worship you. Please let me be successful today and make the king sympathetic to me.” I was the king's cupbearer.

< Nehemia 1 >