< Nehemia 7 >

1 Esi míewu gli la ɖoɖo nu, de ʋɔtru agboawo nu, eye míetia agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Levitɔwo la,
Cuando el muro quedó reconstruido y coloqué las hojas de las puertas, los porteros, los cantores y los levitas se encargaron de sus funciones.
2 metsɔ Yerusalem dzikpɔkpɔ de asi na nɔvinye Hanani kple Hananiya, ame siwo nye mɔ la dzikpɔlawo. Wonye nuteƒewɔla siwo vɔ̃a Mawu wu ame geɖewo.
Entonces puse al frente de Jerusalén a mi hermano Hanani, y a Hananías, jefe de la ciudadela, pues éste era un hombre fiel y temía a ʼElohim más que muchos.
3 Mede se na wo be, womaʋu Yerusalem ƒe agboawo o va se ɖe esime ɣe nadze nyuie hafi, eye woatu wo, ade ga wo me le esime dzɔlawo aganɔ gliawo ŋu dzɔm ko. Mede se hã be ele be dzɔlawo nanye Yerusalemtɔwo, eye woawɔ dɔ edziedzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, ele be ame sia ame si ƒe aƒe te ɖe gli la ŋu la, nadzɔ gli la ƒe akpa si tsɔ ɖe egbɔ la ŋu.
Les dije: Las puertas de Jerusalén no serán abiertas hasta que caliente el sol. Aunque los porteros estén presentes, las puertas permanecerán cerradas y trancadas. Sean designados vigías de entre los habitantes de Jerusalén, cada cual en su vigilia, y cada uno frente a su propia casa.
4 Du la lolo, gake emenɔlawo mesɔ gbɔ o, xɔawo hã mesɔ gbɔ o, ke boŋ woɖe ɖe aga tso wo nɔewo gbɔ le du la me.
Porque la ciudad era espaciosa y grande, pero la gente que vivía allí era poca, y las casas aún no estaban reconstruidas.
5 Nye Mawu dae ɖe nye dzi dzi be mayɔ takpekpe na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame hahoawo ne woaŋlɔ ŋkɔ ɖe woƒe ƒomeawo me. Mekpɔ ame gbãtɔ siwo gbɔ tso aboyome la ƒe dzidzimegbalẽ. Nu siwo woŋlɔ ɖe eme la woe nye.
Mi ʼElohim puso en mi corazón reunir a los notables, los jefes y el pueblo, para que fueran reconocidos por genealogía, pues yo encontré el rollo de la genealogía de los que subieron primero, donde hallé escrito:
6 Yudatɔ siwo Nebukadnezar, Babilonia fia, ɖe aboyoe, eye wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi la
Estos son hijos de la provincia que subieron del cautiverio de los que fueron deportados, a quienes Nabucodonosor, rey de Babilonia, se llevó, y que regresaron a Jerusalén y Judá, cada uno a su ciudad,
7 ƒe kplɔlawoe nye, Zerubabel, Yesua, Nehemia, Azaria, Raamia, Nahamani, Mordekai, Bilsan, Misperet, Bigvai, Nehum kple Baana. Israel ƒe ame bubu siwo gbɔ le ɣe ma ɣi la ƒe ƒomeawo kple xexlẽme le ale:
quienes vinieron con Zorobabel, Jesuá, Nehemías, Azarías, Raamías, Nahamani, Mardoqueo, Bilsán, Misperet, Bigvay, Nehum, Baana. El número de los varones del pueblo de Israel fue:
8 Paros ƒe viwo le ame akpe eve alafa ɖeka kple blaadre-vɔ-eve.
Hijos de Paros: 2.171;
9 Sefatia ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaadre-vɔ-eve.
hijos de Sefatías: 372;
10 Ara ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve.
hijos de Ara: 652;
11 Yesua kple Yoab ƒe vi siwo do tso Pahat Moab me la le ame akpe eve alafa enyi kple wuienyi.
hijos de Pahat-moab, de los hijos de Jesuá y Joab: 2.818;
12 Elam ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene.
hijos de Elam: 1.254;
13 Zatu ƒe viwo le ame alafa enyi kple blaene-vɔ-atɔ̃.
hijos de Zatu: 845;
14 Zakai ƒe viwo le ame alafa adre kple blaade.
hijos de Zacay: 760;
15 Binui ƒe viwo le ame alafa ade kple blaene-vɔ-enyi.
hijos de Binúi: 648;
16 Bebai ƒe viwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-enyi.
hijos de Bebay: 628;
17 Azgad ƒe viwo le ame akpe eve alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-eve.
hijos de Azgad: 2.322;
18 Adonikam ƒe viwo le ame alafa ade kple blaade-vɔ-adre.
hijos de Adonicam: 667;
19 Bigvai ƒe viwo le ame akpe eve kple blaade-vɔ-adre.
hijos de Bigvay: 2.077;
20 Adin ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ atɔ̃.
hijos de Adín: 655;
21 Ater dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasieke-vɔ-enyi.
hijos de Ater, de Ezequías: 98;
22 Hasum ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-enyi.
hijos de Hasum: 328;
23 Bezai ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-ene.
hijos de Bezay: 324;
24 Harif ƒe viwo le ame alafa ɖeka kple wuiene.
hijos de Harif: 112;
25 Gibeon ƒe viwo le ame blaasieke-vɔ-atɔ̃.
hijos de Gabaón: 95;
26 Betlehemtɔwo kple Netofatɔwo le ame alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-enyi.
varones de Belén y de Netofa: 188;
27 Ame siwo tso Anatɔt le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi.
varones de Anatot: 128;
28 Bet Azmavetɔwo le ame blaene-vɔ-eve.
varones de Bet-azmavet: 42;
29 Kiriat Yearim, Kefira kple Beerottɔwo le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃.
de Quiriat-jearim, Cafira y Beerot: 743;
30 Rama kple Gebatɔwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ.
varones de Ramá y de Geba: 621;
31 Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve.
varones de Micmás: 122;
32 Betel kple Aitɔwo le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃.
varones de Bet-ʼEl y de Hai: 123;
33 Nebotɔwo le ame blaatɔ̃ vɔ eve.
varones del otro Nebo: 52;
34 Elam ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene.
varones del otro Elam: 1.254;
35 Harim ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve.
hijos de Harim: 320;
36 Yeriko ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃.
hijos de Jericó: 345;
37 Lod, Hadid kple Ono ƒe viwo le ame alafa adre kple blaeve-vɔ-ɖekɛ.
hijos de Lod, Hadid y Ono: 721;
38 Senaa ƒe viwo le ame akpe etɔ̃ alafa asieke kple blaetɔ̃.
hijos de Senaa: 3.930.
39 Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale: (Yesua ƒe vi siwo do tso) Yedaia ƒe viwo me la le ame alafa asiekɛ kple blaadre-vɔ-etɔ̃.
Los sacerdotes: hijos de Jedaía, de la casa de Jesuá: 973;
40 Imer ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve.
hijos de Imer: 1.502;
41 Pasur ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaene-vɔ-adre.
hijos de Pasur: 1.247;
42 Harim ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple wuiadre.
hijos de Harim: 1.017.
43 Levitɔ siwo gbɔ la ƒe hlɔ̃wo kple woƒe xexlẽmewo le ale: Kadmiel ƒe vi siwo do tso Hodavia kple Yesua ƒe hlɔ̃ me la le ame blaadre-vɔ-ene.
Los levitas, hijos de Jesuá, de Cadmiel, de los hijos de Hodavías: 74.
44 Hadzilawo: Asaf ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi.
Los cantores, hijos de Asaf: 148.
45 Agbonudzɔla siwo tso Salum, Ater, Talmon, Akub, Hatita kple Sobai ƒe ƒomeawo me la le ame alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-enyi.
Los porteros, hijos de Salum, hijos de Ater, hijos de Talmón, hijos de Acub, hijos de Hatita, hijos de Sobay: 138.
46 Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me: Ziha, Hasufa, Tabaot,
Los servidores, hijos de Ziha, hijos de Hasufa, hijos de Tabaot,
47 Keros, Sia, Paɖɔn,
hijos de Queros, hijos de Siaha, hijos de Padón,
48 Lebana, Hagaba, Salmai,
hijos de Lebana, hijos de Hagaba, hijos de Salmai,
49 Hanan, Gidel, Gahar,
hijos de Hanán, hijos de Gidel, hijos de Gahar,
50 Reaia, Rezin, Nekoda,
hijos de Reaía, hijos de Rezín, hijos de Necoda,
51 Gazam, Uza, Pasea,
hijos de Gazam, hijos de Uza, hijos de Paseah,
52 Besai, Meunim, Nefuesim,
hijos de Besai, hijos de Mehunim, hijos de Nefisesim,
53 Bakbuk, Hakufa, Harhur,
hijos de Bacbuc, hijos de Hacufa, hijos de Harhur,
54 Bazlut, Mehida, Harsa,
hijos de Bazlut, hijos de Mehída, hijos de Harsa,
55 Barkos, Sisera, Tema,
hijos de Barcos, hijos de Sísara, hijos de Tema,
56 Nezia kple Hatifa.
hijos de Nezía, hijos de Hatifa,
57 Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimevi siwo gbɔ va Yuda la woe nye: Sotai, Soferet, Perida,
hijos de los esclavos de Salomón, hijos de Sotay, hijos de Soferet, hijos de Perida,
58 Yaala, Darkon, Gidel,
hijos de Jaala, hijos de Darcón, hijos de Gidel,
59 Sefatia, Hatil, Pokeret Hazebaim kple Amon.
hijos de Sefatías, hijos de Hatil, hijos de Poqueret-hazebaim, hijos de Amón:
60 Gbedoxɔmedɔwɔlawo kple Solomo ƒe subɔlawo ƒe dzidzimeviwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasiekɛ-vɔ-eve.
Todos los servidores y los hijos de los esclavos de Salomón eran 392.
61 Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o.
Y éstos son los que subieron de Telmela, Telharsa, Querub, Adón e Imer, y no pudieron indicar sus casas paternas, ni su linaje, ni si eran de Israel o no:
62 Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo de ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve.
Los hijos de Delaía, los hijos de Tobías, los hijos de Necoda: 642.
63 Wotsɔ Habaya, Hakɔz kple Barzilai ƒe ŋkɔwo na nunɔla aɖewo ƒe ƒomeawo. Barzilai ɖe Barzilai, Gileadtɔ la ƒe vinyɔnu ɖeka, eye wòtsɔ srɔ̃a ƒe ƒomeŋkɔ.
Y de los sacerdotes: los hijos de Habaía, los hijos de Cos, los hijos de Barzilay, el cual tomó esposa de las hijas de Barzilay galaadita, con el nombre del cual fue llamado.
64 Ame siawo tsa di woƒe ƒomegbalẽwo, gake womeke ɖe wo ŋu o, ale woɖe wo ɖa tso nunɔlawo ƒe ha me be wo ŋuti mekɔ o.
Éstos buscaron su registro genealógico pero no fue hallado, por lo cual fueron excluidos del sacerdocio por estar impuros.
65 Ale mɔmefia la de se na wo be, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔewo ƒe ɖeke o va se ɖe esime woɖo nunɔla si atsɔ Urim kple Tumim abia gbe Mawu hafi.
Y el gobernador les dijo que no comieran de las cosas santas hasta que se levantara sacerdote con Urim y Tumim.
66 Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade.
Toda la congregación reunida era de 42.360,
67 Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre kple hadzila alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ŋu.
aparte de sus esclavos y sus esclavas, que eran 6.336; y entre ellos había 245 cantores y cantoras.
68 Wogbɔ kple sɔ alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade, kposɔ alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃,
Sus caballos eran 736, y sus mulas 245.
69 kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve.
Sus camellos eran 435, y sus asnos 6.730.
70 Ƒometatɔ aɖewo na nu hena dɔ la dziyiyi. Gɔvina la na sika kilogram enyi kple afã, agba blaatɔ̃ kple nunɔlawo ƒe awudodo alafa atɔ̃ blaetɔ̃.
Algunos jefes de las casas paternas aportaron para la obra. El gobernador dio al tesoro 8 kilogramos de oro, 50 tazones y 530 túnicas sacerdotales.
71 Kplɔla bubuwo na sika kilogram alafa ɖeka kple blaade-vɔ-enyi kple klosalo kilogram akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃.
Algunos jefes de las casas paternas ofrendaron 160 kilogramos de oro y 1.210 kilogramos de plata para el tesoro de la obra.
72 Ame bubuawo na sika kilogram alafa ɖeka kple blade-vɔ-enyi, klosalo kilogram alafa ɖeka kple blaene kple osɔfowo ƒe awudodo blaade-vɔ-adre.
El resto del pueblo dio 160 kilogramos de oro, 1.100 kilogramos de plata y 67 túnicas sacerdotales.
73 Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me. Le ɣleti adrelia me esi Israelviwo yi woƒe duwo me vɔ la,
Los sacerdotes y levitas, los porteros y cantores, algunos del pueblo, los servidores y todo Israel vivieron nuevamente en sus ciudades. Cuando llegó el mes séptimo los hijos de Israel estaban en sus ciudades.

< Nehemia 7 >