< Nehemia 6 >

1 Esi Sanbalat kple Tobia kple Gesem, Arabiatɔ la kple míaƒe futɔ mamlɛawo se be, esusɔ vie ko míawu gli la ɖoɖo nu, eye gbagbãƒe aɖeke megasusɔ o, togbɔ be míede ʋɔtru agboawo nu o hã la,
When Sanballat, Tobiah, Geshem the Arab, and our other enemies heard that I had rebuilt the wall and there were no gaps left—though at that time I still had not put the doors into the gates—
2 Sanbalat kple Gesem ɖo du ɖem be, “Va do go mí le kɔƒeawo dometɔ ɖeka me le Ono tagba,” gake ɖe woɖo be yewoawɔ nuvevim,
they sent a message to me, saying, “Come on, let's meet in one of the villages on the plain of Ono.” But they intended to kill me.
3 eya ta megblɔ ɖo ɖe wo be, “Mele dɔ gã aɖe wɔm! Nyemate ŋu aɖe asi le dɔ la ŋu ava o. Nu ka tae maɖe asi le dɔ la ŋu ava do go mi ɖo?”
So I sent messengers to tell them, “I'm busy with important work and I can't come down. Why should I stop what I'm doing and leave it to come and see you?”
4 Woɖo du ma ke ɖem zi ene, eye nye hã meɖo ŋuɖoɖo ma ke ɖe wo ɣe sia ɣi.
They sent me the same message four times, and every time my reply was the same.
5 Ke zi atɔ̃lia la, Sanbalat ɖo eƒe dɔla ɖem kple gbedeasi ma ke, eye wòlé agbalẽ si nu wometre o la ɖe asi.
Sanballat sent me the same message the fifth time by his servant, who brought in his hand an open letter.
6 Eme nyawoe nye: “Woɖe gbeƒã le dukɔwo dome be wò kple Yudatɔwo mieɖo be yewoadze aglã, eya ta miele gli la ɖɔm ɖo. Gesem ɖo kpe edzi be ele eme. Gawu la, le nya siwo gblɔm wole nu la, esusɔ vie woatsɔ wò aɖo woƒe fiae,
The letter read: “People around are saying, and Geshem confirms it, that you and the Jews are planning a rebellion, and that's why you're building the wall. You also plan to become their king, so they say,
7 eye kura gɔ̃ hã la, èɖo Nyagblɔɖilawo be woaɖe gbeƒã nya sia le Yerusalem be, ‘Fia le Yuda si!’ Azɔ la, nutsotso sia aɖo fia gbɔ, eya ta va, ne miade aɖaŋu.”
and you have even arranged for prophets in Jerusalem to announce for you, ‘There is a king in Judah.’ The king will soon get to hear about this. So come, and let's talk this over.”
8 Nye ŋuɖoɖoe nye, “Wò ŋutɔ ènya be alakpa sɔŋ ko dam yele, nyateƒe aɖeke kura mele nya blibo sia me o.”
I replied, telling him, “Nothing's happening like you're saying! In fact you're just making it all up!”
9 Wo katã wole agbagba dzem be woado ŋɔdzi na mí hesusu be, “Woƒe alɔwo ado agblɔ le dɔ la ŋu, eye womate ŋu awu enu o.” Ke medo gbe ɖa be, “Do ŋusẽ nye alɔwo azɔ.”
They were all just trying to scare us, telling themselves, “They won't have the strength to work so it won't ever get finished.” But I prayed, now make me strong!
10 Gbe ɖeka la, meɖi tsa yi Semaya, Delaya ƒe vi, ame si nye Mehetabel ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si tu ʋɔ ɖe eɖokui nu le eƒe aƒe me la gbɔ, elabena egblɔ nam be, nya aɖe tso Mawu gbɔ gbɔna na ye. Esi meɖo la, egblɔ nam be, “Na míayi aɖabe ɖe gbedoxɔ la me, eye míatu ʋɔtruawo goŋgoŋgoŋ, elabena wogbɔna be woawu mí le zã sia me.”
Later on, I went to Shemaiah's house (he was the son of Delaiah, son of Mehetabel) who had shut himself in his house. He said: “Come and meet me at the house of God inside the Temple. Then we can bolt the Temple doors shut because they are coming to kill you! They're coming to kill you tonight!”
11 Gake meɖo eŋu nɛ be, “Ɖe ame abe nye ene masia? Alo ɖe ame abe nye ene mayi gbedoxɔ me be maɖe nye agbea? Gbeɖe, nyemayi o!”
I replied, “Should someone like me run away? Should someone like me go and hide in the Temple so I can survive? I'm not going!”
12 Mekpɔe dze sii be, Mawu medɔe o, ke boŋ egblɔ nya ɖi nam, elabena Tobia kple Sanbalat wodɔe be wòagblɔ nya sia ɖi.
I thought about it and saw that God hadn't sent him, but that he had spoken this prophecy against me because Tobiah and Sanballat had hired him.
13 Ɖe wodae be wòado ŋɔdzi nam ne mawɔ nu vɔ̃ to nu sia wɔwɔ me, eye woaɖe vɔ̃e nam, aƒo ɖi nye ŋkɔ.
They'd hired him thinking I'd be scared into doing something wrong. Then they'd be able to point the finger and ruin my reputation.
14 Medo gbe ɖa be, “O! Nye Mawu, mègaŋlɔ Tobia, Sanbalat, Noaɖia, nyagblɔɖila la kple nyagblɔɖila bubu siwo katã dze agbagba be yewoado ŋɔdzi nam la ƒe nu vɔ̃wo be o.”
My God, remember Tobiah and Sanballat for doing this, and Noadiah the prophetess and the other prophets too who tried to frighten me.
15 Míewu gli la ɖoɖo nu le ɣleti Elul ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-atɔ̃lia gbe le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve ƒe dɔwɔwɔ megbe.
The wall was finished on the twenty-fifth day of the month Elul. It took fifty-two days.
16 Esi míaƒe futɔwo kple dukɔ siwo ƒo xlã mí se be míegbugbɔ gli la ɖo vɔ la, vɔvɔ̃ ɖo wo, eye dzi ɖe le wo ƒo, elabena wodze sii be míaƒe Mawu ƒe kpekpeɖeŋue na míete ŋu wu dɔ la nu.
When all our enemies found out they were frightened; all the nations around were very discouraged, for they recognized that this had been done by our God.
17 Le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve siawo me la, agbalẽŋɔŋlɔ nɔ Tobia kple Yudatɔwo ƒe dunyahela kesinɔtɔwo dome.
At that time the nobles of Judah were exchanging many letters with Tobiah,
18 Eva eme alea elabena Yudatɔ geɖewo ka atam na Tobia le esi toa nye Sekania, Ara ƒe vi, eye via Yehohanan ɖe Mesulam, Berekia ƒe vi ƒe nyɔnuvi la ta.
because many people in Judah had sworn an oath of loyalty to him as he was a son-in-law of Shecaniah, son of Arah, and his son Jehohanan was married to the daughter of Meshullam, son of Berechiah.
19 Gawu la, wo katã woɖia ɖase nam enuenu tso eƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu, eye wotoa nya siwo katã megblɔna la hã nɛ. Ale Tobia ɖo agbalẽwo ɖa be wòatsɔ ado ŋɔdzi nam.
They kept on telling me all the good things Tobiah was doing, and they reported to him what I said. Tobiah also sent letters to try and scare me.

< Nehemia 6 >