< Nehemia 5 >

1 Ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo tsitre ɖe wo nɔvi Yudatɔwo ŋu.
Around this time some people and their wives started a tremendous argument with the other Jews.
2 Ɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawo, mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo sɔ gbɔ ŋutɔ, gake be míakpɔ nu aɖu, atsi agbe la, ele na mí be míadi bli.”
They were complaining, “Our families are so large we need more food so we can eat and live.”
3 Bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Míetsɔ míaƒe agblewo, waingblewo kple míaƒe aƒewo ɖo awɔbae be míaxɔ bli le dɔŋɔli sia.”
Others added, “We've had to mortgage our fields, our vineyards, and our homes to buy food during the famine.”
4 Ame bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Ele na mí be míado ga axe adzɔgae na fia la ɖe míaƒe agblewo kple waingblewo ta.”
Still more said, “We've had to borrow money on our fields and vineyards to pay the king's tax.
5 Ame daheawo gblɔ be, “Wo nɔviwo míenye, eye mía viwo le ko abe woawo hã tɔwo ke ene. Ke ele be míadzra mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo hafi ate ŋu aɖu nu. Míedzra mía vinyɔnu aɖewo xoxo, eye míagate ŋu axɔ wo o, elabena míetsɔ míaƒe agblewo ɖo awɔbae na ame siawo ke!”
Even though we are the same people as our creditors and though our children are the same as their children, yet we going to have to turn our sons and daughters into slaves. In fact some of our daughters have already been enslaved, but we can't do anything about it, because our fields and our vineyards are now owned by others.”
6 Esi mese nya sia la, medo dɔmedzoe vevie.
I became very angry when I heard them protesting their grievances.
7 Esi mebu nu siawo katã ŋuti vɔ la, mebu fɔ bubumewo kple dɔnunɔlawo. Megblɔ na wo be, “Miele miawo ŋutɔ mia nɔviwo bam!” Ale meyɔ takpekpe gã aɖe na ame hahoawo ne maɖɔ nya sia ɖo.
I thought it over and then I went to argue with the nobles and officials, telling them, “You are charging your own brothers interest!” So I called a large meeting to deal with them.
8 Meka mo na wo be, “Abe ale si ke ŋutete le mía si ene ko la, miegbugbɔ mía nɔvi Yudatɔ siwo wodzra ɖe dukɔ bubuwo me la ƒle. Ke azɔ la, miegale wo dzram ale be woagbugbɔ wo agadzra na mi!” Wo katã wozi ɖoɖoe, elabena womekpɔ nya aɖeke agblɔ o.
There I told them, “We have done as much as we can to buy back our Jewish brothers who were sold to foreigners, but now you are selling your own brothers as slaves! Are you expecting to sell them back to us?” They kept quiet because they couldn't think of anything to say.
9 Meyi edzi gblɔ na wo be, “Nu si wɔm miele la nye nu vɔ̃. Ɖe miazɔ le mawuvɔvɔ̃ me oa? Ɖe futɔ, siwo le didim be yewoatsrɔ̃ mí la mesɔ gbɔ le mía ŋuti le dukɔ siwo ƒo xlã mí la me xoxo oa?
“What you're doing isn't right,” I told them. “Don't you think you should respect our God so that enemy nations don't criticize us?
10 Mí ame bubuawo ya míele ga kple nuɖuɖu dom na mía nɔvi Yudatɔwo, eye míele deme aɖeke xɔm o. Meɖe kuku na mi, bubumewo, midzudzɔ amebaba sia tɔgbi!
I, as well as my brothers and my men have been have been lending the people money and food. Please, let's stop this business of charging interest!
11 Migbugbɔ ame daheawo ƒe agblewo, waingblewo, amitigblewo kple aƒewo na wo egbe sia, eye deme alafa ɖekalia si miexɔna ɖe ga, bli, wain yeye kple ami dzi la natɔ.”
Give them back right now their fields, vineyards, olive groves, and houses, along with the one percent interest on the money, grain, new wine, and olive oil that you have been charging them.”
12 Wolɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye wodo ŋugbe be yewoakpe ɖe yewo nɔviwo ŋuti, eye yewomagana be woatsɔ woƒe anyigbawo aɖo awɔba, eye woadzra wo viwo na amewo o. Ale meyɔ Osɔfowo, bubumewo kple dɔnunɔlawo, eye mena kesinɔtɔ siawo ɖe adzɔgbe be yewoawɔ yewoƒe ŋugbedodo dzi.
“We will give it back,” they replied, “and we won't demand anything more from them. We'll do as you say.” So I summoned the priests and made the nobles and officials swear an oath that they'd do what they had promised.
13 Meʋuʋu nye awutoga hegblɔ na wo be, “Alea kee Mawu aʋuʋu ame sia ame si mawɔ ɖe ŋugbedodo sia dzi o la, ado goe le eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpe ɖe eƒe nunɔamesiwo ŋu, eya ta nenem ƒe ame ma woatrɔe akɔ ɖi, eye woaɖi gbɔloe!” Esi megblɔ esia vɔ la, ame haho la katã xɔ ɖe edzi be, “Amen.” Wo katã wokafu Yehowa, eye ameawo wɔ abe ale si wodo ŋugbee ene.
I shook out the folds of my robe and said, “This is how my God will shake you out of your homes and out of your possessions if you don't keep your promise! If you don't, you'll be shaken out and end up with nothing!” Everyone there said, “Amen,” and praised the Lord. The people did what they'd promised.
14 Le ƒe wuieve siwo me menye mɔmefia na Yuda, tso Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me va se ɖe ƒe blaetɔ̃-vɔ-evelia me la, nye kple nye kpeɖeŋutɔwo siaa míexɔ fetu aɖeke alo kpekpeɖeŋu aɖeke tso Israelviwo gbɔ o.
In addition to this, from the day King Artaxerxes appointed me as governor in the land of Judah, which was from his twentieth year until his thirty-second year, a total of twelve years, neither I nor my brothers ate the food which was allocated to the governor.
15 Esia to vovo sãa tso mɔmefia siwo do ŋgɔ nam la ƒe wɔnawo gbɔ. Woawo xɔa nuɖuɖu kple wain kple klosaloga blaene gbe sia gbe le dukɔa si. Wotsɔ ameawo de asi na woƒe kpeɖeŋutɔwo, eye wowɔa fu ameawo. Ke nye la, mevɔ̃a Mawu, eye nyemewɔ nenema o.
But the governors before me had placed a heavy burden on the people, taking forty shekels of silver from them as well as food and wine. Their assistants also extorted the people. But because of my respect for God I didn't act like that.
16 Mekpe asi ɖe gli la ɖoɖo ŋu, eye nyemedi anyigba aɖeke be maƒle na ɖokuinye o. Mena nye kpeɖeŋutɔwo hã kpe asi ɖe gli la ɖoɖo ŋu.
I also made rebuilding the wall my top priority, and I assigned all my workers to help with that. We didn't acquire any land for ourselves.
17 Mewɔ esiawo katã togbɔ be menaa nuɖuɖu Yudatɔ alafa ɖeka kple blaatɔ̃ gbe sia gbe kpe ɖe amedzro siwo tsoa anyigba bubuwo dzi ŋu hã.
I had 150 Jews and officials eating at my table, as well as visitors from nearby countries.
18 Nu siwo mehiãna gbe sia gbe la woe nye nyitsu ɖeka, alẽ dami ade kple koklo geɖewo, eye le ŋkeke ewo ɖe sia ɖe me la, mehiãa wain lita geɖe. Ke nyemeda nudzɔdzɔ tɔxɛ ɖe ameawo dzi o, elabena nuwo nɔ sesẽm na wo xoxo.
Every day I paid for one ox, six good sheep, and poultry. Every ten days I paid for a large supply of all kinds of wine. But I never demanded the governor's food allowance, because the people were already carrying a heavy burden.
19 O! Nye Mawu, ɖo ŋku nu siwo katã mewɔ na ame siawo la dzi, eye nàyram ɖe wo ta.
Please remember me positively, my God, for all that I've done for this people.

< Nehemia 5 >