< Nehemia 4 >
1 Esime Sanbalat se be míegbugbɔ gli la nɔ ɖoɖom la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. Edzu mí, ɖu fewu le Yudatɔwo ŋu
Now it happened that, when Sanballat had heard that we were building the wall, he was very angry. And having been moved exceedingly, he ridiculed the Jews.
2 le xɔlɔ̃awo kple Samariatɔwo ƒe asrafoha la ŋkume be, “Nu ka Yudatɔ gblɔe siawo bu be yewole wɔwɔm? Ɖe wobu be yewoate ŋu agbugbɔ gli la aɖo le ŋkeke ɖeka me ne yewosa vɔ geɖewoa? Mikpɔ kpe ƒodzo siwo wole ɖeɖem le gli gbagbãwo me hegale wo ŋu dɔ wɔm ɖa!”
And he said, before his brothers and a crowd of the Samaritans: “What are the foolish Jews doing? Can it be that the Gentiles will allow them? Will they sacrifice and finish in one day? Do they have the ability to make stones out of piles of dust that have been burned up?”
3 Tobia, Amonitɔ la tsi tsitre ɖe egbɔ, eye eya hã gblɔ fewuɖutɔe be, “Ne abei aɖe gɔ̃ hã zɔ woƒe gli dzi la, gli la amu gbloo!”
Then too, Tobiah, an Ammonite, his assistant, said: “Let them build. When the fox climbs, he will leap over their stone wall.”
4 Ale medo gbe ɖa na Mawu be, “Oo, Aƒetɔ mía Mawu, ɖo to mí, elabena wole fewu ɖum le mía ŋu. Na woƒe fewuɖuɖu natrɔ adze woawo ŋutɔ ƒe ta dzi, eye woaɖe aboyo wo ayi dzronyigba aɖe dzi.
Listen, O our God, for we have become an object of contempt. Turn their reproach upon their own head, and grant that they may be despised in a land of captivity.
5 Mègaŋe aɖaba ƒu woƒe vodadawo dzi o, eye mègatutu woƒe nu vɔ̃wo ɖa le ŋkuwò me o, elabena wodo vlo wò, to vlododo mí, ame siwo le wò gli la ɖom la me.”
May you not conceal their iniquity, and may their sin not be wiped away, before your face, for they have ridiculed those who are building.
6 Mlɔeba la, míewu gli la nu ƒo xlã du blibo la wòkɔ abe tsãtɔ ƒe kɔkɔme ƒe afã ene, elabena dɔa wɔlawo wɔ dɔ sesĩe kple moveviɖoɖo.
And so we built the wall, and we joined it together, even to the unfinished portion. And the heart of the people was stirred up for the work.
7 Ke esi Sanbalat kple Tobia kple Arabiatɔwo kple Amonitɔwo kple Asdodtɔwo se be dɔa le edzi yim nyuie, eye wogbugbɔ gli la ƒe gbagbãƒewo le ɖoɖom la, wodo dɔmedzoe vevie.
Now it happened that, when Sanballat, and Tobiah, and the Arabs, and the Ammonites, and the Ashdodites had heard that the walls of Jerusalem had been closed, and that the breaches had begun to be repaired, they were exceedingly angry.
8 Woɖo be yewoatsɔ aʋakɔ aɖe aho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, eye yewoahe ʋunyaʋunya kple tɔtɔ vɛ.
And they all gathered together, so that they might go forth and fight against Jerusalem, and so that they might prepare ambushes.
9 Ke míedo gbe ɖa na míaƒe Mawu, eye míedzɔ dua ŋu zã kple keli be míanɔ dedie.
And we prayed to our God, and we stationed guards upon the wall, day and night, against them.
10 Ame siwo nɔ Yuda gblɔ be, “Ŋusẽ le vɔvɔm le dɔwɔlawo ŋu, eye gli gbagbã si woli kɔe la sɔ gbɔ ale gbegbe be míate ŋu agbugbɔ gli la aɖo o.”
Then Judah said: “The strength of those who carry has diminished, and the amount of material is very great, and so we will not be able to build the wall.”
11 Gawu la, míaƒe futɔwo nɔ ta me ɖom be yewoadze mía dzi, awu mí ale be míaƒe dɔ la wɔwɔ natɔ.
And our enemies said: “Let them neither know, nor realize, until we arrive in their midst, and kill them, and cause the work to cease.”
12 Tete Yudatɔ siwo nɔ wo dome la va gblɔ na mí zi ewo be, “Woatso teƒe vovovowo ava dze mía dzi.”
Now it happened that, on ten occasions, some Jews arrived who were living near them, from all the places from which they came to us, and they told us this.
13 Ale meda dzɔla siwo si yi, akplɔ kple dati nɔ la tso ƒome ɖe sia ɖe me ɖe gli la megbe le teƒe siwo gli gbagbãwo meli kɔ ɖo o.
So I stationed the people in order, in places behind the wall, all around it, with their swords, and lances, and bows.
14 Mebu nu si le edzi yim la ŋuti nyuie, eye metsi tsitre gblɔ na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame haho la be, “Migavɔ̃ na wo o. Miɖo ŋku Aƒetɔ si sẽ ŋu, eye ŋɔdzi le eŋuti la dzi ne miawɔ aʋa ɖe mia nɔviŋutsuwo, mia viŋutsuwo, mia vinyɔnuwo, mia srɔ̃wo kple miaƒe aƒewo ta.”
And I gazed around, and I rose up. And I said to the nobles, and to the magistrates, and to the rest of the common people: “Do not be afraid before their face. Remember the great and terrible Lord, and fight on behalf of your brothers, your sons and your daughters, and your wives and your households.”
15 Esi míaƒe futɔwo se be míenya nu tso yewoƒe ɖoɖowo ŋu, eye be Mawu ɖe yewoƒe ɖoɖowo fia mí, eye wògblẽ wo me la, mí katã míetrɔ va yi gli la ɖoɖo dzi.
Then it happened that, when our enemies had heard that it had been reported to us, God defeated their counsel. And we all returned to the walls, each one to his own work.
16 Tso gbe ma gbe dzi la, dɔwɔlawo ƒe afã koe wɔa dɔ la, eye afã mamlɛa léa akplɔwo, akpoxɔnuwo, aŋutrɔwo kple lãnu bubuwo ɖe asi henɔa Yudatɔ,
And it happened that, from that day, half of their young men were doing the work, and half were prepared for war with lances, and shields, and bows, and armor. And the leaders were behind them in all the house of Judah.
17 siwo le gli la ɖom la megbe. Ame siwo nɔ kɔ lɔm la hã wɔa dɔ kple asi ɖeka, eye woléa aʋawɔnu ɖe asi evelia.
As for those building the wall, and carrying the burdens, and setting things in place: one of his hands was doing the work, and the other was holding a sword.
18 Ke ame siwo nɔ gli la ɖom ya ta yi ɖe ali hafi nɔ dɔ la wɔm. Ke kpẽkula ya nɔ nye axadzi.
For each one of the builders was girded with a sword at the waist. And they were building, and they were sounding a trumpet beside me.
19 Meɖe eme na bubumeawo, dɔnunɔlawo kple ame haho la be, “Dɔ la keke ta, míema ɖe eŋuti ale mía dome didi tso mía nɔewo gbɔ le gli la ŋuti,
And I said to the nobles, and to the magistrates, and to the rest of the common people: “The work is great and wide, and we are separated on the wall far from one another.
20 eya ta ne mienya se kpẽa ƒe ɖiɖi ko la, miƒu du va mía gbɔ afii. Míaƒe Mawu la awɔ aʋa na mí!”
At whatever place you hear the sound of the trumpet, rush to that place for us. Our God will fight on our behalf.
21 Ale míeyi dɔ la wɔwɔ dzi; ŋutsu afã lé akplɔwo ɖe asi tso agudzeɣi va se ɖe esime ɣletiviwo nato.
And so let us accomplish the work. And let one half part of us hold spears, from the ascent of dawn until the stars come out.”
22 Megblɔ na ame siwo katã le gli la godo be woava Yerusalem du la me ale be woƒe subɔlawo nate ŋu adzɔ du la ŋu le zã me, eye woawɔ dɔ le ŋkeke me.
Also at that time, I said to the people: “Let each one with his servant remain in the midst of Jerusalem. And let us take turns, throughout the night and day, in doing the work.”
23 Le ɣeyiɣi sia me la, mía dometɔ aɖeke, nye ŋutɔ kple nɔvinyewo kple subɔlawo kple duŋudzɔla siwo nɔ gbɔnye la, míeɖea awu ɖi o, eye aʋawɔnuwo nɔa mía ŋu ɣe sia ɣi ne míeyi tsinoƒe gɔ̃ hã.
But I and my brothers, and my servants, and the guards who were behind me, we did not take off our clothes; each one only removed his clothes to wash.