< Nehemia 13 >

1 Gbe ma gbe ke esi wonɔ Mose ƒe Seawo xlẽm la, wokpɔ be woŋlɔ ɖi be womaɖe mɔ na Amonitɔwo alo Moabtɔwo woasubɔ Mawu le gbedoxɔ la me o,
その日モーセの書を読んで民に聞かせたが、その中にアンモンびと、およびモアブびとは、いつまでも神の会に、はいってはならないとしるされているのを見いだした。
2 elabena womewɔ xɔlɔ̃ kple Israel o. Wotsɔ Balaam be woaƒo fi ade Israelviwo, ke Mawu trɔ fiƒode la wòzu yayra.
これは彼らがかつて、パンと水をもってイスラエルの人々を迎えず、かえってこれをのろわせるためにバラムを雇ったからである。しかしわれわれの神はそののろいを変えて祝福とされた。
3 Esi wose se sia la, wonya amedzrowo katã le Israel dome.
人々はこの律法を聞いた時、混血の民をことごとくイスラエルから分け離した。
4 Hafi nya sia nadzɔ la, Nunɔla Eliasib, ame si kpɔa gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo dzi, eye wònye Tobia xɔlɔ̃ vevi aɖe la,
これより先、われわれの神の宮のへやをつかさどっていた祭司エリアシブは、トビヤと縁組したので、
5 trɔ nudzraɖoxɔawo dometɔ ɖeka wòzu amedzrodzeƒe nyui aɖe na Tobia. Tsã la, wodzraa nuɖuvɔsanuwo, atike ʋeʋĩwo, gagbɛwo kple bli, aha yeye kple ami ƒe ewoliawo ɖo ɖe xɔ sia me. Mose de se be nu siawo nye Levitɔwo, hadzihamenɔlawo kple agbonudzɔlawo tɔ, eye nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo nye nunɔlawo tɔ.
トビヤのために大きなへやを備えた。そのへやはもと、素祭の物、乳香、器物および規定によってレビびと、歌うたう者および門を守る者たちに与える穀物、ぶどう酒、油の十分の一、ならびに祭司のためのささげ物を置いた所である。
6 Nyemenɔ Yerusalem ɣe ma ɣi o. Megbugbɔ yi Babilonia le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-evelia me. Emegbe la, mebia mɔfiala,
その当時、わたしはエルサレムにいなかった。わたしはバビロンの王アルタシャスタの三十二年に王の所へ行ったが、しばらくたって王にいとまを請い、
7 eye megbugbɔ va Yerusalem. Esi mese nu vɔ̃ɖi si Eliasib wɔ, be wòwɔ amedzrodzeƒe ɖe gbedoxɔ me na Tobia la,
エルサレムに来て、エリアシブがトビヤのためにした悪事、すなわち彼のために神の宮の庭に一つのへやを備えたことを発見した。
8 medo dɔmedzoe, eye mefɔ Tobia ƒe nuwo le xɔ la me ƒu gbe.
わたしは非常に怒り、トビヤの家の器物をことごとくそのへやから投げだし、
9 Mena wokɔ xɔ la ŋu nyuie, eye megbugbɔ gbedoxɔ la ƒe agbawo, nuɖuvɔsanuwo kple atike ʋeʋĩwo de xɔ la me.
命じて、すべてのへやを清めさせ、そして神の宮の器物および素祭、乳香などを再びそこに携え入れた。
10 Kpe ɖe esia ŋu la, mese be womele nu siwo nye Levitɔwo tɔ la tsɔm na wo o, ale woawo kple hadzihamenɔla siwo naa kpekpeɖeŋu le sɔlemedede me la gbugbɔ yi ɖanɔ dɔ wɔm le woƒe agblewo me.
わたしはまたレビびとがその受くべき分を与えられていなかったことを知った。これがためにその務をなすレビびとおよび歌うたう者たちは、おのおの自分の畑に逃げ帰った。
11 Meka mo na kplɔlawo, eye mebia wo be, “Nu ka ta miegblẽ gbedoxɔ la ɖi ɖo?” Meyɔ Levitɔwo vɛ, eye mena wogade asi woƒe dɔwo wɔwɔ me.
それでわたしはつかさたちを責めて言った、「なぜ神の宮を捨てさせたのか」。そしてレビびとを招き集めて、その持ち場に復帰させた。
12 Ale Yudatɔwo katã gade asi woƒe bli, wain yeye kple ami ƒe ewoliawo tsɔtsɔ va gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo me.
そこでユダの人々は皆、穀物、ぶどう酒、油の十分の一を倉に携えてきた。
13 Metsɔ Selemia, nunɔla la kple Zadok, agbalẽfiala la kple Pedaya, Levitɔ la ɖo avawo dzi kpɔkpɔ nu, eye mena Hanan, Zakur ƒe vi kple Matania ƒe tɔgbuiyɔvi zu woƒe kpeɖeŋutɔ. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋkɔ nyui nɔ, eye woƒe dɔdeasie nye be woama nuawo na wo nɔvi Levitɔwo abe ale si dze ene.
わたしは祭司シレミヤ、学者ザドクおよびレビびとペダヤを倉のつかさとし、またマッタニヤの子ザックルの子ハナンをその助手として倉をつかさどらせた。彼らは忠実な者と思われたからである。彼らの任務は兄弟たちに分配する事であった。
14 O! Nye Mawu, ɖo ŋku dɔ nyui sia si mewɔ la dzi, eye mègaŋlɔ nu siwo katã mewɔ le gbedoxɔ la ŋu be o.
わが神よ、この事のためにわたしを覚えてください。わが神の宮とその勤めのためにわたしが行った良きわざをぬぐい去らないでください。
15 Le ɣe ma ɣiwo me la, mekpɔ amewo wonɔ wain fiam le Dzudzɔgbe la dzi, eye wonɔ ƒu ƒom woƒe lu bablawo kple wain tsetsewo kple gbotsetsewo kple agblemenu vovovowo nɔ agba dom na woƒe tedziwo, eye wotsɔ nu siawo katã gbɔna Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi, eya ta mede se na wo le nudzadzra le ŋkeke ma dzi la ŋuti.
そのころわたしはユダのうちで安息日に酒ぶねを踏む者、麦束を持ってきて、ろばに負わす者、またぶどう酒、ぶどう、いちじくおよびさまざまの荷を安息日にエルサレムに運び入れる者を見たので、わたしは彼らが食物を売っていたその日に彼らを戒めた。
16 Tirotɔ aɖewo hã nɔ Yerusalem, ame siwo nɔ tɔmelã kple adzɔnu vovovowo dzram le Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi.
そこに住んでいたツロの人々もまた魚およびさまざまの品物を持ってきて、安息日にユダの人々に売り、エルサレムで商売した。
17 Meka mo na Yuda ƒe kplɔlawo, eye mebia wo be, “Nu ka ta miele kɔ gblẽm ɖo na Dzudzɔgbe la?
そこでわたしはユダの尊い人々を責めて言った、「あなたがたはなぜこの悪事を行って、安息日を汚すのか。
18 Mia fofowo wɔ nu sia tɔgbi, eye wohe dzɔgbevɔ̃e siwo li fifia la va miawo ŋutɔ kple miaƒe du la dzi. Ɖe esia mesɔ gbɔ na mi oa? Ke azɔ la, miegale Mawu ƒe dɔmedzoe flam ɖe Israelviwo ŋu ɖe edzi, to ɖiƒoƒo Dzudzɔgbe la to mɔ sia dzi me!”
あなたがたの先祖も、このように行ったので、われわれの神はこのすべての災を、われわれとこの町に下されたではないか。ところがあなたがたは安息日を汚して、さらに大いなる怒りをイスラエルの上に招くのである」。
19 Ale mede se be tso gbe ma gbe dzi la, ne ɣe ɖo to le Fiɖagbe ko la, woatu agboawo katã, eye womagaʋu wo o va se ɖe esime Dzudzɔgbe la nava yi. Meɖo nye subɔla aɖewo ɖa be woadzɔ agboawo ŋu, ale be ame aɖeke magatsɔ adzɔnu aɖeke ava Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi o.
そこで安息日の前に、エルサレムのもろもろの門が暗くなり始めた時、わたしは命じてそのとびらを閉じさせ、安息日が終るまでこれを開いてはならないと命じ、わたしのしもべ数人を門に置いて、安息日に荷を携え入れさせないようにした。
20 Asitsala aɖewo va tɔ ɖe dua godo zi eve aɖewo,
これがために、商人およびさまざまの品物を売る者どもは一、二回エルサレムの外に宿った。
21 ke meƒo nu na wo kple adã be, “Nu ka dim miele hafi va tsi gli la godo dɔ? Ne miegawɔe azɔ la, malé mi.” Eyae nye zi mamlɛtɔ si wova le Dzudzɔgbe la dzi.
わたしは彼らを戒めて言った、「あなたがたはなぜ城壁の前に宿るのか。もしあなたがたが重ねてそのようなことをするならば、わたしはあなたがたを処罰する」と。そのとき以来、彼らは安息日にはこなかった。
22 Azɔ la, meɖe gbe na Levitɔwo be woakɔ wo ɖokui ŋuti, woadzɔ agboawo ŋu, eye woakpɔ egbɔ be ame sia ame wɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe. O! Nye Mawu, ɖo ŋku nye wɔna sia hã dzi! Ve nunye le wò lɔlɔ̃ sɔ gbɔ la nu.
わたしはまたレビびとに命じて、その身を清めさせ、来て門を守らせて、安息日を聖別した。わが神よ、わたしのためにまた、このことを覚え、あなたの大いなるいつくしみをもって、わたしをあわれんでください。
23 Le ɣe ma ɣi ke la, mede dzesii be Yuda ŋutsu geɖewo ɖe srɔ̃ tso Asdod, Amon kple Moab,
そのころまた、わたしはアシドド、アンモン、モアブの女をめとったユダヤ人を見た。
24 eye wo viwo dometɔ geɖewo gblɔa Asdod gbe alo dzrogbe bubuwo, eye wometea ŋu gblɔa Yuda gbe kura o.
彼らの子供の半分はアシドドの言葉を語って、ユダヤの言葉を語ることができず、おのおのその母親の出た民の言葉を語った。
25 Ale mehe nya kple dzila siawo, meƒo fi de wo, meƒo wo dometɔ aɖewo, menyɔ woƒe taɖa, eye mena woka atam le Mawu ŋkume gblɔ be, “Míagatsɔ mía vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe o, alo míaɖe wo vinyɔnuwo na mía viŋutsuwo o, alo míawo ŋutɔ míaɖe wo o.
わたしは彼らを責め、またののしり、そのうちの数人を撃って、その毛を抜き、神の名をさして誓わせて言った、「あなたがたは彼らのむすこに自分の娘を与えてはならない。またあなたがたのむすこ、またはあなたがた自身のために彼らの娘をめとってはならない。
26 Alo menye srɔ̃ sia tɔgbiwo ɖeɖee na be Israel fia Solomo wɔ nu vɔ̃ oa? Le dukɔ geɖewo me la, fia aɖeke mede enu o. Mawu lɔ̃ eya amea, eye wòɖoe fiae ɖe Israel katã dzi, gake dzronyɔnuwo blee de nu vɔ̃ me.
イスラエルの王ソロモンはこれらのことによって罪を犯したではないか。彼のような王は多くの国民のうちにもなく、神に愛せられた者である。神は彼をイスラエル全国の王とせられた。ところが異邦の女たちは彼に罪を犯させた。
27 Ke azɔ la, ɖe míase be miawo hã miele nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi wɔm, eye miele nuteƒe wɔm na Mawu o to dzronyɔnuwo ɖeɖe mea?”
それゆえあなたがたが異邦の女をめとり、このすべての大いなる悪を行って、われわれの神に罪を犯すのを、われわれは聞き流しにしておけようか」。
28 Yoiada, Eliasib, nunɔla la ƒe viŋutsuwo dometɔ ɖeka ɖe Sanbalat, Horonitɔ la ƒe vinyɔnu, ale menyae le gbedoxɔ la me.
大祭司エリアシブの子ヨイアダのひとりの子はホロニびとサンバラテの婿であったので、わたしは彼をわたしのところから追い出した。
29 O! Nye Mawu, ɖo ŋku wo dzi, elabena wogblẽ kɔ ɖo na nunɔlawo ƒe dɔ kple nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe nubabla.
わが神よ、彼らのことを覚えてください。彼らは祭司の職を汚し、また祭司およびレビびとの契約を汚しました。
30 Ale mekɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ŋu tso dzronuwo me, eye mena dɔ wo, ame sia ame kple etɔ.
このように、わたしは彼らを清めて、異邦のものをことごとく捨てさせ、祭司およびレビびとの務を定めて、おのおのそのわざにつかせた。
31 Kpe ɖe esiawo ŋu la, mewɔ ɖoɖo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi kple nu gbãtɔwo nana hã ŋu. O! Nye Mawu, ɖo ŋku dzinye, le wò dɔmenyo la nu.
また定められた時に、たきぎの供え物をささげさせ、また初物をささげさせた。わが神よ、わたしを覚え、わたしをお恵みください。

< Nehemia 13 >