< Nehemia 10 >
1 Ame siwo de asi nubabla sia te la woe nye: Nehemia, mɔmefia, Hakalia ƒe vi kple Zedekia,
И в печатлеющих быша сии: Неемиа Артасаста сын Ахалиев и Седекиа
2 Seraya, Azaria, Yeremia,
сын Араиев, и Азариа и Иеремиа,
3 Pasur, Amaria, Malkiya,
Фасур, Амариа, Мелхиа,
5 Harim, Meremot, Obadia,
Ирам, Мерамоф, Авдиа,
6 Daniel, Gineton, Baruk,
Даниил, Ганафон, Варух,
7 Mesulam, Abiya, Miyamin,
Месуллам, Авиа, Миамин,
8 Maazia, Bilgai kple Semaya. Ame siawo katã nye nunɔlawo.
Маазиа, Велгаи, Самаиа: сии священницы.
9 Levitɔ siwo de asi nubabla la te la woe nye: Yesua, Azania ƒe vi, Binui, Henadad ƒe vi, Kadmiel,
Левити же: Иисус сын Азариин, Ваней от сынов Инададовых, Кадмиил
10 Sebania, Hodia, Kelita, Pelaya, Hanan,
и братия его Саваниа, Одуиа, Калитан, Фелиа, Анан,
12 Zakur, Serebia, Sebania,
Закхор, Саравиа, Севаниа,
13 Hodia, Bani kple Beninu.
Одуа, сынове Вануини.
14 Dukɔ la ƒe kplɔla siwo de asi ete la woe nye: Paros, Pahat Moab, Elam, Zatu, Bani,
Началницы людий: Форос, Фааф-Моав, Илам, Зафуиа,
сынове Ванниины Азгад, Вивай,
16 Adoniya, Bigvai, Adin,
Ананиа, Вагой, Идин,
20 Magpias, Mesulam, Hezir,
Мегафис, Месуллам, Изир,
21 Mesezabel, Zadok, Yaɖua,
Месозевил, Садук, Иеддуа,
22 Pelatia, Hanan, Anaya,
Фалтиа, Анан, Анаиа,
23 Hosea, Hananiya, Hasub,
Осиа, Ананиа, Асув,
24 Halohes, Pilha, Sobek,
Адой, Фалаа, Совик,
25 Rehum, Hasabna, Maaseya,
Раум, Ессавана, Маасиа
27 Maluk, Harim kple Baana.
Малух, Ирам, Ваана.
28 Ame siawoe de asi nubabla la te ɖe dukɔ blibo la nu, elabena dukɔmeviwo, nunɔlawo, Levitɔwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo, gbedoxɔmedɔwɔlawo kple ame bubuawo katã, ame siwo srɔ̃wo, viŋutsuwo, vinyɔnuwo, ame siwo tsi ate ŋu ase nu gɔme la, ɖe wo ɖokuiwo ɖe aga tso trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi gbɔ ale be woasubɔ Mawu.
И прочии от людий, священницы, левити, дверницы, певцы, нафиними и всяк приходяй от людий земских ко закону Божию, жены их, сынове их, дщери их, всяк ведяй и разумеяй,
29 Ame siawo katã wɔ ɖeka kple Israelvi bubumewo, eye woɖe adzɔgbe be Mawu ƒe fiƒode nava wo dzi ne womewɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na wo to Mose, Mawu ƒe dɔla la dzi o, eye woɖe adzɔgbe be woalé Yehowa, woƒe Aƒetɔ la ƒe Sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi.
укрепляхуся над братиею своею, и заклинаша их, и внидоша в клятву и в роту, еже ходити в законе Божии, иже дан есть рукою Моисеа раба Божия, да сотворят и сохранят вся заповеди Господни и судбы Его и повеления Его,
30 “Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míaɖe mɔ na mía vinyɔnuwo woaɖe amedzrowo o, eye nenema ke míaɖe mɔ mía viŋutsuwo hã naɖe wo vinyɔnuwo o.
и еже не дати дщерей наших людем земским, и дщерей их не возмем сыновом нашым:
31 “Míelɔ̃ ɖe edzi be ne trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi anɔ adzɔnu kple agblemenuku alo nu bubu aɖe dzram le Dzudzɔgbe alo ŋkeke kɔkɔe bubu aɖe dzi la, míagbe eƒeƒle. Míelɔ̃ ɖe edzi be míawɔ dɔ aɖeke le ƒe adrelia ɖe sia ɖe me o. Hekpe ɖe esia ŋu la, míate fli ɖe mía nɔvi Yudatɔwo ƒe fe siwo wonyi le mía si la me.
людие же земли носящии продаемая и вся купуемая во дни субботы продавати, не купим от них в субботы, ни в день святый: и оставим лето седмое, и даяние всех рук.
32 “Míelɔ̃ ɖe edzi be míadzɔ nu ƒe sia ƒe na gbedoxɔ la, ale be ga nasɔ gbɔ ɣe sia ɣi hena mía Mawu la ƒe gbedoxɔ la dzikpɔkpɔ,
И поставим над нами заповедь даяти нам третию часть дидрахмы на лето, на дело дому Бога нашего,
33 elabena míehiã nu tɔxɛwo na Ŋkumeɖobolo, nuɖuvɔsawo kple numevɔsawo na Dzudzɔgbewo, Ɣleti yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple Ŋkekenyui siwo míeɖuna ƒe sia ƒe, na vɔsa kɔkɔewo, na avuléle ɖe Israel nu kple dɔwɔwɔ le gbedoxɔ la me.
на хлебы предложения и на жертвы повседневныя, и во всесожжение присное суббот, новомесячий, в праздники и во святая, и яже о гресех, помолитися за Израиля, и на дела дому Бога нашего.
34 “Míada akɔ be míanya ƒe sia ƒe ƒe ɣeyiɣi si dzi nunɔlawo, Levitɔwo kple kplɔlawo ƒe ƒometɔwo ana nake si ŋu dɔ woawɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe vɔsamlekpui dzi abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene.
И жребий метнухом о ношении древес, священницы и левити и людие, носити в дом Бога нашего, по домом отечеств наших, от времене до времене, от лета до лета возжигати на олтари Господу Богу нашему, якоже писано есть в законе,
35 “Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe gbãtɔ, eɖanye nu si ɖona le to me alo tsena ɖe kutsetsetiwo kple amitiwo dzi o, ayi Yehowa ƒe aƒe me.
и приносити первородная земли нашея и первородная плода всякаго древа, от лета до лета, в дом Господень,
36 “Abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene la, míelɔ̃ ɖe edzi be míatsɔ míaƒe viŋutsu tsitsitɔwo kple míaƒe nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ana Yehowa. Míatsɔ wo na nunɔla siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le gbedoxɔ la me.
и первенцы сынов наших и скотов наших, якоже писано есть в законе, и первенцы волов наших и стад наших приносити в дом Бога нашего, священником служащым в дому Бога нашего:
37 “Kpe ɖe esiawo ŋu la, woatsɔ nuawo adzra ɖo ɖe míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Nu siawoe nye míaƒe bli kple agblemenuku siwo ɖi bli la ƒe nyuitɔwo, míaƒe nudzɔdzɔwo, míaƒe kutsetse gbãtɔwo kple míaƒe wain yeye kple ami ƒe gbãtɔwo. Míedo ŋugbe be, míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe ewolia ɖeka na Levitɔwo, ame siwo ƒe dɔ wònye be woaxɔ nu ewoliawo ƒe ɖekawo le ame siwo le du suewo kple kɔƒewo me la si.
и начатки жит наших и плод всякаго древа, вина и елеа, приносити будем священником в сокровище дому Божия, и десятину земли нашея левитом, и тии левити десятину приемлют во всех градех дел наших.
38 Nunɔla Aron ƒe dzidzimevi ɖeka anɔ Levitɔwo gbɔ ne wole nuwo ƒe ewoliawo xɔm, eye Levitɔwo atsɔ nu ewolia si woxɔ la ƒe ewolia ayi gbedoxɔ me, adzra ɖo ɖe nudzraɖoƒe la.
Будет же священник сын Ааронов с левиты в десятинах левитов, и левити имут приносити десятую часть десятины в дом Бога нашего в сокровище дому Божия,
39 Le Se la nu la, ele be Israelviwo kple Levitɔwo natsɔ woƒe nunana siwo nye bli kple bubuawo, wain yeye kple ami la, ayi gbedoxɔ la me, eye woatsɔ wo ade kɔkɔeƒe ƒe nuwo me hena nunɔla siwo le subɔsubɔ wɔm kple agbonudzɔlawo kple hadzilawo ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. “Ale mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be míagblẽ míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la ɖi o.”
яко в сокровища принесут сынове Израилевы и сынове левитстии начатки пшеницы и вина и елеа, и тамо (будут) сосуди святии, и священницы и служителие и дверницы и певцы, и не оставим дому Бога нашего.