< Nahum 3 >

1 Baba na du si yɔ fũu kple ʋukɔkɔɖi, alakpadada kple nuhaha, eye wògbe asiɖeɖe le nu siwo wòha la ŋu.
הוי עיר דמים כלה כחש פרק מלאה--לא ימיש טרף
2 Ƒu to anyi nàse ale si sɔƒokawo le gbe dom, eye tasiaɖamwo ƒe afɔtiwo, kple sɔwo ƒe afɔkpawo le hoo wɔm esime tasiaɖamwo le du sim glaŋglaŋglaŋ le mɔtatawo dzi!
קול שוט וקול רעש אופן וסוס דהר ומרכבה מרקדה
3 Sɔdolawo dze agbo, yiwo le dzo dam, eye akplɔwo le dzo sim le woƒe asi me! Ame tsiaʋawo teƒe mekɔ o, ame kukuwo sɔ gbɔ taŋtaŋtaŋ, eye ɖewo tsi wo nɔewo dzi. Amewo le wo dzi zɔm le anyi dzem, le fɔfɔm; gale anyi dzem.
פרש מעלה ולהב חרב וברק חנית ורב חלל וכבד פגר ואין קצה לגויה יכשלו (וכשלו) בגויתם
4 Esiawo katã va eme ɖe gbolo ɖeka ƒe gbolowɔwɔ vivivo ta. Ame si ble afakalawo ƒe amegã nu, eye wòdo kluvi dukɔwo kple eƒe gbolowɔwɔ hebla amewo kple eƒe adzewɔwɔ.
מרב זנוני זונה טובת חן בעלת כשפים המכרת גוים בזנוניה ומשפחות בכשפיה
5 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be: “Le esia ta, metsi tsitre ɖe ŋuwò, azɔ maɖe motsyɔvɔ le mo na wò, mana dukɔwo nakpɔ wò amame, eye fiaɖuƒewo nakpɔ wò ŋukpe.
הנני אליך נאם יהוה צבאות וגליתי שוליך על פניך והראיתי גוים מערך וממלכות קלונך
6 Malɔ gbeɖuɖɔ akɔ ɖe dziwò, ado ŋunyɔ wò, eye nàzu nukpɔkpɔ na dukɔwo.
והשלכתי עליך שקצים ונבלתיך ושמתיך כראי
7 Ame siwo katã akpɔ wò la, dzidzi aƒo wo, eye woagbugbɔ ɖe megbe agblɔ be, ‘Ninive gbã gudugudu, ame ka afa nɛ?’ Afi ka makpɔ ame aɖe le wòafa akɔ na wò?”
והיה כל ראיך ידוד ממך ואמר שדדה נינוה מי ינוד לה מאין אבקש מנחמים לך
8 Wòe nyo wu Tebes, si le Nil tɔsisi to, eye tɔ la ƒo xlãe godoa?
התיטבי מנא אמון הישבה ביארים מים סביב לה--אשר חיל ים מים חומתה
9 Kus kple Egipte nye eƒe ŋusẽ triakɔ la. Nenema ke Putitɔwo kple Libiatɔwo nye eƒe kpeɖeŋutɔwo le aʋa me,
כוש עצמה ומצרים ואין קצה פוט ולובים היו בעזרתך
10 gake Tebes dze anyi, woɖe aboyo emenɔlawo, eye wotsɔ wo viwo ƒe ta xlã ɖe kpe le mɔtatawo dzi. Wodzidze nu ɖe eƒe bubumewo dzi, eye wode kɔsɔkɔsɔ eƒe amegãwo katã.
גם היא לגלה הלכה בשבי--גם עלליה ירטשו בראש כל חוצות ועל נכבדיה ידו גורל וכל גדוליה רתקו בזקים
11 Wò hã àmu aha, asi abe, eye àdi sitsoƒe le futɔwo ta.
גם את תשכרי תהי נעלמה גם את תבקשי מעוז מאויב
12 Wò mɔ sesẽwo katã anɔ abe gboti si dzi kutsetse ɖiɖiwo le la ene. Ne woʋuʋu atia la, kutsetsewo gena ɖe eɖula ƒe nu me.
כל מבצריך--תאנים עם בכורים אם ינועו ונפלו על פי אוכל
13 Kpɔ wò asrafowo ɖa, wo katã wole abe nyɔnuwo ene. Wò anyigba ƒe agbo anɔ ʋuʋu ɖi siaa na wò futɔwo, eye dzo afia wò gametiwo.
הנה עמך נשים בקרבך לאיביך פתוח נפתחו שערי ארצך אכלה אש בריחיך
14 Du tsi kɔ ɖi na ɖokuiwò ɖe aʋadzegbe ŋu. Dzra wò mɔ sesẽwo ƒe gliwo ɖo. Ge ɖe anyiʋewo me, eye nànya anyi atsɔ tre gli gbagbãwoe.
מי מצור שאבי לך חזקי מבצריך באי בטיט ורמסי בחמר החזיקי מלבן
15 Esi nèle nu siawo wɔm la dzo ava fia wò; yi alã wò aƒu anyi, eye woaɖu wò abe ale si ʋetsuvi ɖua nui ene. Midzi ɖe edzi abe ʋetsuviwo ene, misɔ gbɔ ɖe edzi abe ʋetsuviwo ene.
שם תאכלך אש--תכריתך חרב תאכלך כילק התכבד כילק התכבדי כארבה
16 Èdzi wò asitsalawo ɖe edzi va se ɖe esime wosɔ gbɔ wu ɣletiviwo, gake ʋetsuviwo aɖu wo, aɖi gbɔlo anyigba la, eye woadzo adzo.
הרבית רכליך מכוכבי השמים ילק פשט ויעף
17 Ŋuwòdzɔlawo asɔ gbɔ abe ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe ene, eye wò amegãwo asɔ gbɔ abe ʋetra siwo dze ɖe gli ŋu le ŋdi me, ke ne ɣe dze ko la, woadzo adzo, eye teƒe si wonɔ la magadze o ene.
מנזריך כארבה וטפסריך כגוב גבי החונים בגדרות ביום קרה--שמש זרחה ונודד ולא נודע מקומו אים
18 O Asiria fia, wò kplɔlawo le akɔlɔ̃e dɔm; wò bubumewo mlɔ anyi le dzudzɔm. Woakaka wò amewo ɖe towo dzi, eye ame aɖeke maƒo wo nu ƒu o.
נמו רעיך מלך אשור ישכנו אדיריך נפשו עמך על ההרים ואין מקבץ
19 Naneke mate ŋu awu abi si nèxɔ la o, elabena edzi ŋɔ ŋutɔ. Ame sia ame si ase wò anyidzedze la, aƒo asikpe ɖe tawò, elabena ame kae mekpɔ gome le wò ŋutasesẽ gbogboawo me o?
אין כהה לשברך נחלה מכתך כל שמעי שמעך תקעו כף עליך--כי על מי לא עברה רעתך תמיד

< Nahum 3 >