< Nahum 2 >
1 Ninive, futɔwo ƒe asrafowo ƒo ɖe dziwò vɔ. Kpɔ wò mɔ sẽsewo ta. Wò ŋkuwo nenɔ mɔ la ŋu. Mibla ali dzi sesĩe eye miƒo aʋawɔlawo nu ƒu.
尼尼微啊,那打碎邦國的上來攻擊你。 你要看守保障,謹防道路, 使腰強壯,大大勉力。 (
2 Yehowa agbugbɔ Yakob ƒe atsyɔ̃ nɛ, eye wòanɔ abe Israel tɔ ene. Togbɔ be futɔwo gblẽ wò, Yakob ƒe anyigba, eye woha wò waingblewo hã.
耶和華復興雅各的榮華, 好像以色列的榮華一樣; 因為使地空虛的, 已經使雅各和以色列空虛, 將他們的葡萄枝毀壞了。)
3 Futɔwo ƒe asrafowo ƒe akpoxɔnu biã dzẽe, eye wodo awu dzĩ. Tasiaɖamŋugawo le dzo dam gbe si gbe wobla akpa na aʋawɔwɔ, eye kalẽtɔwo le woƒe akplɔwo nyem le yame.
他勇士的盾牌是紅的, 精兵都穿朱紅衣服。 在他預備爭戰的日子, 戰車上的鋼鐵閃爍如火, 柏木把的槍也掄起來了。
4 Tasiaɖamwo le zi nyem le mɔtatawo dzi, eye wole du ƒum le ablɔwo me le yiyim le gbɔgbɔm. Woƒe dzedzeme le abe akakatiwo ene, eye wole dzo kem abe dzikedzo ene.
車輛在街上急行, 在寬闊處奔來奔去, 形狀如火把, 飛跑如閃電。
5 Fia la ado ɣli ayɔ eƒe aʋafiawo; woanɔ du dzi anɔ anyi dzem, anɔ fɔfɔm be yewoayi aɖaɖo gli sesẽwo, ale be futɔwo mate ŋu akpɔ mɔ ava o.
尼尼微王招聚他的貴冑; 他們步行絆跌, 速上城牆,預備擋牌。
6 Agbo si le tɔsisi la nu la aʋu siaa, eye fiasã la ƒe gliwo anye kpo, amu adze anyi.
河閘開放,宮殿沖沒。
7 Woɖe gbe be woaɖe aboyo dua me tɔwo. Eƒe kosiviwo anɔ xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ ene, eye woanɔ akɔta ƒom.
王后蒙羞,被人擄去; 宮女搥胸,哀鳴如鴿。 此乃命定之事。
8 Ninive le abe ta si ƒe tsi le sisim ene. Ne woado ɣli be: “Mitɔ, mitɔ,” la, ame aɖeke manye kɔ akpɔ megbe o.
尼尼微自古以來充滿人民, 如同聚水的池子; 現在居民卻都逃跑。 雖有人呼喊說:站住!站住! 卻無人回顧。
9 Miha klosalowo! Mìha sika! Kesinɔnuwo sɔ gbɔ fũu, xexlẽme meli na nu xɔasi siawo o.
你們搶掠金銀吧! 因為所積蓄的無窮, 華美的寶器無數。
10 Woɖi gbɔlo dua keŋkeŋ, wohae eye woɖe amae. Amewo ƒe dzi gbã, klowo le ƒoƒom kpakpakpa, ameti blibo la le dzodzom nyanyanya, eye ŋkume sia ŋkume afu tititi.
尼尼微現在空虛荒涼, 人心消化,雙膝相碰, 腰都疼痛,臉都變色。
11 Afi ka dzatawo ƒe do la le azɔ? Afi si wonyia dzataviwo le, afi si dzatatsu kple dzatanɔ kple dzatavi ɖia tsa le vɔvɔ̃manɔmee ɖe?
獅子的洞和少壯獅子餵養之處在哪裏呢? 公獅母獅小獅遊行、無人驚嚇之地在哪裏呢?
12 Dzatatsu léa nu si ade viawo kple dzatanɔ nu; etsɔa nuléleawo yɔa eƒe mlɔƒe kple eƒe dowo me fũu.
公獅為小獅撕碎許多食物, 為母獅掐死活物, 把撕碎的、掐死的充滿牠的洞穴。
13 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be: “Metso ɖe ŋuwò; matɔ dzo wò tasiaɖamwo, eye wò dzataviwo atsi yi nu. Nyemagblẽ ame aɖeke ɖe anyigba dzi nàgada adzoe o, eye womagase wò ame dɔdɔwo ƒe gbe le teƒe aɖeke azɔ o.”
萬軍之耶和華說:「我與你為敵,必將你的車輛焚燒成煙,刀劍也必吞滅你的少壯獅子。我必從地上除滅你所撕碎的,你使者的聲音必不再聽見。」