< Nahum 1 >

1 Esiae nye nyagblɔɖi si Mawu ɖe fia Nyagblɔɖila Nahum, Elkositɔ, le ŋutega me tso nu si ava dzɔ ɖe Ninive dzi la ŋu, eye wòŋlɔe ɖe agbalẽ sia me.
משא נינוה--ספר חזון נחום האלקשי
2 Yehowa nye Mawu ʋãŋu kple hlɔ̃biala. Ebiaa hlɔ̃, eye wòyɔ fũu kple dɔmedzoe. Yehowa biaa hlɔ̃ eƒe ketɔwo, eye wòléa dziku ɖi na eƒe futɔwo.
אל קנוא ונקם יהוה נקם יהוה ובעל חמה נקם יהוה לצריו ונוטר הוא לאיביו
3 Yehowa medoa dziku kaɖikaɖi o, ŋusẽ triakɔ le esi, eye magbe tohehe na agɔdzela o. Eƒe mɔwo to ahom kple ya sẽsewo me, eye lilikpowoe nye eƒe afɔ ƒe ʋuʋudedi.
יהוה ארך אפים וגדול (וגדל) כח ונקה לא ינקה יהוה בסופה ובשערה דרכו וענן אבק רגליו
4 Eblu ɖe atsiaƒu ta wòmie, eye wòna tɔsisiwo me ƒu kplakplakpla. Basan kple Karmel ƒe lãnyiƒe damawo zu gbegbe, eye Lebanon ƒe ave damawo zu dzogbe.
גוער בים ויבשהו וכל הנהרות החריב אמלל בשן וכרמל ופרח לבנון אמלל
5 Towo ʋuʋu kpekpekpe, eye togbɛwo lolõ gbanaa le eŋkume, anyigba kple edzinɔlawo katã ʋuʋu le eŋkume.
הרים רעשו ממנו והגבעות התמגגו ותשא הארץ מפניו ותבל וכל יושבי בה
6 Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu? Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu? Ekɔ eƒe dɔmedzoe ɖe anyi abe dzo ene, eye agakpewo kaka le eŋkume.
לפני זעמו מי יעמוד ומי יקום בחרון אפו חמתו נתכה כאש והצרים נתצו ממנו
7 Yehowa nyo, elabena enye sitsoƒe le xaxa me! Eléa be na ame si xɔa edzi sena.
טוב יהוה למעוז ביום צרה וידע חסי בו
8 Ke atsrɔ̃ Ninive kple tɔɖɔɖɔ, eye wòanya eƒe futɔwo aɖo ɖe viviti me.
ובשטף עבר כלה יעשה מקומה ואיביו ירדף חשך
9 Nugbe ɖe sia ɖe si woɖo ɖe Yehowa ŋu la, mana wòadze edzi o, ke boŋ gbegblẽ mava na wo zi evelia o.
מה תחשבון אל יהוה--כלה הוא עשה לא תקום פעמים צרה
10 Woabla wo ɖe ŋuve me, woano woawo ŋutɔ ƒe wain amu, eye woabi abe gbe ƒuƒu ene.
כי עד סירים סבכים וכסבאם סבואים אכלו--כקש יבש מלא
11 O Ninive, mewòe ame si ɖo nugbe ɖe Yehowa ŋu, eye wòɖo aɖaŋu vlo na amewo la do tso.
ממך יצא חשב על יהוה רעה--יעץ בליעל
12 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Togbɔ be wosɔ gbɔ, eye kpeɖeŋutɔwo le wo si hã la, wo katã woatsrɔ̃, eye wo nu ava ayi. O Yuda, togbɔ be mede abi ŋuwò hã la, nyemagade abi ŋuwò azɔ o.
כה אמר יהוה אם שלמים וכן רבים וכן נגוזו ועבר וענתך--לא אענך עוד
13 Azɔ la, maŋe kɔkuti le wò kɔ, eye matu ka wò tso bablawo me.”
ועתה אשבר מטהו מעליך ומוסרתיך אנתק
14 Yehowa de se tso wò Ninive ŋuti be: “Womayɔ wò ŋkɔ ɖe dzidzime aɖeke ŋuti o. Mafli miaƒe aklamakpakpɛwo, eye magbã legba siwo mieli ɖe miaƒe mawuwo ƒe gbedoxɔ me. Maɖe yɔdo na mi, elabena mieganyo na naneke o.”
וצוה עליך יהוה לא יזרע משמך עוד מבית אלהיך אכרית פסל ומסכה אשים קברך--כי קלות
15 Kpɔ ɖa, dɔlawo tso towo dzi gbɔna kple nya nyui, eye wole gbeƒã ɖem ŋutifafa! O Yuda, ɖu wò ŋkekenyuiwo, eye nàxe wò adzɔgbeɖefewo. Ame vɔ̃ɖiwo magava aha wò azɔ o, elabena woatsrɔ̃ wo keŋkeŋ.
הנה על ההרים רגלי מבשר משמיע שלום--חגי יהודה חגיך שלמי נדריך כי לא יוסיף עוד לעבור (לעבר) בך בליעל כלה נכרת

< Nahum 1 >