< Mika 7 >

1 Baba nam! Elabena mele ko abe ame aɖe si le kutsetse dim vevie le ati dzi le esi nuŋeɣi nu va yi vɔ la ene. Elabena nyemekpɔ kutsetse ɖiɖi aɖeke agbe, aɖu, atsɔ atsi nye dɔwuame nu o.
Malheur à moi! Car je suis comme lorsqu'on a cueilli les fruits d'été, comme les grappillages de la vendange. Il n'y a point de grappes à manger, point de ces figues hâtives que désire mon âme.
2 Alea kee ame nyuiwo hã vɔ le anyigba la dzi. Mate ŋu akpɔ ame ɖɔʋu ɖeka hɔ̃ɔ hã o. Ame sia ame le klalo be yeakɔ ʋu ɖi eye ame sia ame ɖo ɖɔ ɖi na nɔvia.
L'homme de bien a disparu de la terre, et il n'y a pas de gens droits parmi les hommes. Tous ils sont aux embûches, pour répandre le sang; chacun tend des pièges à son frère.
3 Woƒe asi eveawo bi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me. Dziɖula xɔa zãnu eye ʋɔnudrɔ̃la tsoa afia na ame si na zãnue. Kesinɔtɔwo ɖoa nu si dim wole; ale ame siawo blaa nu ɖekae hewɔna.
Quant au mal, il y a des mains pour le bien faire: le prince exige, le juge demande une rétribution, le grand manifeste l'avidité de son âme, et ils ourdissent cela ensemble.
4 Ame nyuitɔ si nàkpɔ le wo dome la le ko abe ŋu si tɔa ame ene eye woƒe nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu ŋukpɔtɔtɔ. Ke miaƒe gbetakpɔlawo ƒe ŋkeke la ɖo vɔ. Gbe si gbe Mawu ava asrã mi kpɔ la tu aƒe. Azɔ ɣeyiɣi si tɔtɔ aɖo wo dome la ɖo vɔ.
Le meilleur d'entre eux est comme une ronce; le plus droit est pire qu'une haie d'épines. Le jour annoncé par tes sentinelles, ton châtiment arrive: c'est alors qu'ils seront dans la confusion.
5 Mègaxɔ wò aƒelika dzi se o. Mègaɖo dzi ɖe xɔ̃wò ŋu o. Nya ale si nàƒo nu le nyɔnu si le akɔwò nu la gɔ̃ hã gbɔ
Ne croyez pas à un ami; ne vous fiez pas à un intime; devant celle qui dort en ton sein, garde-toi d'ouvrir la bouche!
6 elabena viŋutsu made bubu fofoa ŋu o; vinyɔnu adze aglã ɖe dadaa ŋu eye lɔ̃xoyɔvi atso ɖe lɔ̃xoa ŋu. Ame ƒe futɔwo atso eya ŋutɔ ƒe aƒe me.
Car le fils déshonore le père; la fille s'élève contre sa mère; la belle-fille contre sa belle-mère; chacun a pour ennemis les gens de sa maison.
7 Ke nye la, mele ŋudzɔ le mɔ kpɔm na Yehowa. Mele lalam na Mawu, nye Ɖela. Ɛ̃, nye Mawu aɖo tom hã.
Mais moi, je regarderai vers l'Éternel, je m'attendrai au Dieu de mon salut; mon Dieu m'exaucera.
8 O nye futɔ, dzi megadzɔ wò le nye anyidzedze ŋuti o; togbɔ be medze anyi hã la, magafɔ ɖe tsitre! Ne menɔ anyi ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hã, Yehowa ŋutɔ anye nye kekeli.
Ne te réjouis pas à mon sujet, toi mon ennemie! Si je suis tombée, je me relèverai; si je suis assise dans les ténèbres, l'Éternel sera ma lumière.
9 Esi meda vo ɖe Yehowa ŋuti ta la mabɔbɔ ɖe eƒe dɔmedzoe te va se ɖe esime wòadrɔ̃ nye nya eye wòatso afia nam, ekema akplɔm va kekeli me eye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye.
Je supporterai le courroux de l'Éternel, car j'ai péché contre lui, jusqu'à ce qu'il défende ma cause et me fasse justice. Il me conduira à la lumière, et je contemplerai sa justice.
10 Ekema nye futɔ akpɔe eye ŋu akpee. Eya ame si bia be, “Afi ka Yehowa wò Mawu la le?” Azɔ mekpɔ eƒe anyidzedze kple nye ŋkuwo kple ale si woanyamae abe ba ene.
Mon ennemie le verra, et la honte la couvrira, elle qui me disait: Où est l'Éternel, ton Dieu? Mes yeux la contempleront; alors elle sera foulée comme la boue des rues.
11 Ŋkeke si dzi woatu wò duwo la ava eye ŋkeke na wò liƒowo ƒe keke ɖe edzi gbɔna.
Le jour où l'on rebâtira tes murs, ce jour-là tes limites seront reculées.
12 Ɣe ma ɣi la, amewo atso Asiria kple Egipte ƒe duwo me ava eye ɖewo atso Egipte va se ɖe keke Frat tɔsisi la nu. Gawu la, amewo atso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso to dzi yi to dzi, ava kpɔ wò ɖa.
En ce jour-là, on viendra jusqu'à toi de l'Assyrie et des villes d'Égypte, et d'Égypte jusqu'au fleuve, d'une mer à l'autre, et d'une montagne à l'autre.
13 Ke anyigba aɖi gbɔlo le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃wo ta.
Mais la terre deviendra un désert, à cause de ses habitants, à cause du fruit de leurs actions.
14 O Yehowa, va kplɔ wò dukɔ kple wò atizɔti, alẽha si nye wò domenyinu; alẽha si nɔ eɖokui si le avewo me kple lãnyiƒe damawo dzi. Na woaɖu gbe damawo le Basan kple Gilead abe tsã ene.
Pais ton peuple avec ta houlette, le troupeau de ton héritage, qui demeure seul dans la forêt au milieu du Carmel! Qu'ils paissent en Bassan et en Galaad, comme aux jours d'autrefois!
15 “Abe ale si wònɔ le ŋkeke siwo me nèdo go tso Egipte ene la, mafia wo nye nukunuwo.”
Comme au jour où tu sortis du pays d'Égypte, je lui ferai voir des choses merveilleuses.
16 Dukɔwo akpɔe eye ŋukpe alé wo elabena woƒe ŋusẽwo katã nu ayi. Woatsɔ woƒe asiwo aɖo nu eye woƒe towo atsi.
Les nations le verront, et seront confuses avec toute leur puissance. Elles mettront la main sur la bouche, et leurs oreilles seront assourdies.
17 Woaɖu ʋuʋudedi abe da kple nu gbagbe siwo tana le anyigba la ene. Woado le woƒe dowo me kple vɔvɔ̃, atrɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu eye woavɔ̃ miawo hã.
Elles lécheront la poussière comme le serpent; comme les reptiles de la terre, elles sortiront effrayées de leurs retraites; elles viendront en tremblant vers l'Éternel, notre Dieu; elles te craindront.
18 Afi ka woagakpɔ Mawu bubu le wòanɔ abe wò si tsɔa wò domenyinu mamlɛawo ƒe nu vɔ̃wo kple dzidadawo kena la ene? Mèdoa dɔmedzoe ɖikaa o, ke boŋ èkpɔa dzidzɔ le amenuveve ŋuti.
Qui est le Dieu semblable à toi, qui pardonne l'iniquité, et qui passe par-dessus le péché du reste de son héritage? Il ne garde pas à toujours sa colère, car il se plaît à faire miséricorde.
19 Àgakpɔ nublanui na mí, atiti afɔ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo dzi eye àtsɔ míaƒe dzidadawo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke!
Il aura encore compassion de nous, il mettra sous ses pieds nos iniquités. Tu jetteras tous leurs péchés au fond de la mer.
20 Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àkpɔ nublanui na Abraham abe ale si nèka atam na mía fofowo tso blema ke ene.
Tu feras voir à Jacob ta fidélité, et à Abraham ta miséricorde, comme tu l'as juré à nos pères, dès les temps anciens.

< Mika 7 >