< Mika 6 >
1 Mise nya si gblɔm Yehowa le na eƒe dukɔ: “Tsi tsitre, nàgblɔ nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye. Towo kple togbɛwo nanye ɖasefowo na nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye.
Hear you now what the LORD says; Arise, contend you before the mountains, and let the hills hear your voice.
2 “Azɔ la, mi towo, miɖo to miase nya siwo Yehowa tsɔ ɖe mia ŋuti. Miɖo to, mi anyigba ƒe agunu mavɔwo, elabena Yehowa tsɔ nya ɖe eƒe dukɔ ŋuti eye wòtsɔ nya ɖe Israel ŋu.
Hear you, O mountains, the LORD’s controversy, and you strong foundations of the earth: for the LORD has a controversy with his people, and he will plead with Israel.
3 “O, nye dukɔ, nu ka mewɔ wò? Fu ka meɖe na wò? Ɖo eŋu nam!
O my people, what have I done to you? and wherein have I wearied you? testify against me.
4 Elabena nyee kplɔ wò tso Egipte eye meɖe wò tso kluvinyenye me. Medɔ Mose, Aron kple Miriam be woakplɔ mi.
For I brought you up out of the land of Egypt, and redeemed you out of the house of servants; and I sent before you Moses, Aaron, and Miriam.
5 Nye dukɔ, ɖo ŋku aɖaŋu si Moab fia, Balak, ɖo kple ale si Balaam, Beor ƒe vi la ɖo eŋu nɛ la dzi. Ɖo ŋku wò mɔzɔzɔ tso Sitim yi Gilgal la dzi, be nàdze si Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.”
O my people, remember now what Balak king of Moab consulted, and what Balaam the son of Beor answered him from Shittim to Gilgal; that you may know the righteousness of the LORD.
6 Nu ka matsɔ ɖe asi ado ɖe Yehowa gbɔ eye made ta agu ɖe Mawu dziƒoʋĩtɔ la ŋkume? Matsɔ nyivi si xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ nɛa?
With which shall I come before the LORD, and bow myself before the high God? shall I come before him with burnt offerings, with calves of a year old?
7 Ɖe agbo akpewo kple amitɔsisi akpe akpewo adze Yehowa ŋua? Ɖe matsɔ nye ŋgɔgbevi asa vɔe ɖe nye dzidadawo ta kple nye dɔmevi ɖe nye luʋɔ ƒe nu vɔ̃ ta mahã?
Will the LORD be pleased with thousands of rams, or with ten thousands of rivers of oil? shall I give my firstborn for my transgression, the fruit of my body for the sin of my soul?
8 O amegbetɔ, egblɔ nu si nyo la na wò. Nu ka Yehowa di tso asiwò? Be nàwɔ nu si le eteƒe, alɔ̃ nublanuikpɔkpɔ eye nàzɔ kple wò Mawu la le ɖokuibɔbɔ me.
He has showed you, O man, what is good; and what does the LORD require of you, but to do justly, and to love mercy, and to walk humbly with your God?
9 “Miɖo to! Yehowa le Yerusalem dua katã yɔm. Ame si vɔa wò ŋkɔ la, nunyalae. Miɖo to ameƒoti la kple Ame si dɔe ɖa.
The LORD’s voice cries to the city, and the man of wisdom shall see your name: hear you the rod, and who has appointed it.
10 O, aƒe vɔ̃ɖi! Ɖe maŋlɔ wò kesinɔnu madzɔmadzɔ kple nudotre sue si dzi fiƒode le la bea?
Are there yet the treasures of wickedness in the house of the wicked, and the scant measure that is abominable?
11 Ɖe matso afia na ame aɖe ne nudanu madzɔmadzɔ le esi eye nudakpe amebatɔwo yɔ akplo me nɛ fũua?
Shall I count them pure with the wicked balances, and with the bag of deceitful weights?
12 Miaƒe kesinɔtɔwo yɔ fũu kple ŋutasẽse eye miaƒe dukɔmeviwo daa alakpa eye amebeble le aɖe dzi na wo.
For the rich men thereof are full of violence, and the inhabitants thereof have spoken lies, and their tongue is deceitful in their mouth.
13 Eya ta nye hã matsrɔ̃ wò, agbã wò gudugudu ɖe wò nu vɔ̃wo ta.
Therefore also will I make you sick in smiting you, in making you desolate because of your sins.
14 Àɖu nu, ke màɖi ƒo o, eye dɔ anɔ wuwòm ɖaa. Àdzra nu gbogbowo ɖo, ke naneke masusɔ na wò o, elabena ne ɖe susɔ gɔ̃ hã la, matsɔe ade asi na yi.
You shall eat, but not be satisfied; and your casting down shall be in the middle of you; and you shall take hold, but shall not deliver; and that which you deliver will I give up to the sword.
15 Àƒã nu, ke màŋe nu o; àɖa ami, gake màkpɔ ami asi o; àfia waintsetse, ke màkpɔ wain ano o.
You shall sow, but you shall not reap; you shall tread the olives, but you shall not anoint you with oil; and sweet wine, but shall not drink wine.
16 Miewɔ nu ɖe Omri ƒe sewo nu eye miewɔ Ahab ƒe aƒe la ƒe nuwɔnawo katã. Miedze woƒe nuɖoanyiwo yome eya ta matsɔ mi ade asi na gbegblẽ eye wò amewo azu alɔmeɖenu; ale dukɔwo ƒe vlododo ava dziwò.”
For the statutes of Omri are kept, and all the works of the house of Ahab, and you walk in their counsels; that I should make you a desolation, and the inhabitants thereof an hissing: therefore you shall bear the reproach of my people.