< Mika 5 >

1 O aʋawɔlawo ƒe du. Ƒo wò aʋawɔlawo nu ƒu elabena futɔwo ɖe to ɖe mí. Woatsɔ ati aƒo tome na Israel ƒe dziɖula.
Now shalt thou gather thyself in troops, O daughter of troops: he hath laid siege against us: they shall smite the judge of Israel with a rod upon the cheek.
2 “Ke wò, Betlehem, Efrata, togbɔ be èle sue le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewòe ame si le nye dukɔ Israel kplɔ ge la ado tso nam. Ame si ƒe dzɔtsoƒe metsɔ o elabena eli tso keke blema ke.”
But thou, Beth-lehem Ephrathah, which art little to be among the thousands of Judah, out of thee shall one come forth unto me that is to be ruler in Israel; whose goings forth are from of old, from everlasting.
3 Mawu aɖe asi le Israel ŋuti na eƒe futɔwo va se ɖe esime nyɔnu si fu le ɖuɖum la nadzi vi; eye Israelvi siwo susɔ ɖe aboyo me la natrɔ gbɔ akpe ɖe wo nɔviwo ŋuti anɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
Therefore will he give them up, until the time that she which travaileth hath brought forth: then the residue of his brethren shall return unto the children of Israel.
4 Atsi tsitre akplɔ eƒe alẽhawo le Yehowa ƒe ŋusẽ me kple Yehowa, eƒe Mawu la ƒe fianyenye me. Eƒe dukɔ la anɔ anyi le ŋutifafa me elabena woade bubu eƒe gãnyenye ŋuti le xexea me godoo.
And he shall stand, and shall feed [his flock] in the strength of the LORD, in the majesty of the name of the LORD his God: and they shall abide; for now shall he be great unto the ends of the earth.
5 Eyae anye woƒe ŋutifafa. Ne Asiria ho aʋa va míaƒe anyigba dzi heto míaƒe mɔ sesẽwo me la, ekema míadɔ alẽkplɔla adre ɖe eŋuti kple kplɔla enyi be woakplɔ mí.
And this [man] shall be [our] peace: when the Assyrian shall come into our land, and when he shall tread in our palaces, then shall we raise against him seven shepherds, and eight principal men.
6 Woaɖu Asiria dzi kple yi, eye woato eƒe agbowo me age ɖe Nimrɔd ƒe anyigba dzi. Aɖe mí tso Asiria ƒe asime nenye be wòho aʋa va dze míaƒe anyigba dzi be yeaɖo afɔ míaƒe liƒowo dzi.
And they shall waste the land of Assyria with the sword, and the land of Nimrod in the entrances thereof: and he shall deliver us from the Assyrian, when he cometh into our land, and when he treadeth within our border.
7 Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ ame geɖewo dome abe ahũ si dza tso Yehowa gbɔ kple agbafie si dzana ɖe gbe dzi, eye melalaa amegbetɔ alo kpɔa amegbetɔ ƒe asinu o la ene.
And the remnant of Jacob shall be in the midst of many peoples as dew from the LORD, as showers upon the grass; that tarrieth not for man, nor waiteth for the sons of men.
8 Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ dukɔwo kple ame geɖewo dome abe dzata le lã wɔadã siwo le ave me kple dzatavi le alẽhawo dome ene. Dzatavi si le yiyim la, enyea avuzi hevuvua nu eye ame aɖeke mate ŋu axɔ nu le esi o.
And the remnant of Jacob shall be among the nations, in the midst of many peoples, as a lion among the beasts of the forest, as a young lion among the flocks of sheep: who, if he go through, treadeth down and teareth in pieces, and there is none to deliver.
9 Àkɔ wò alɔ dzi le dziɖuɖu me ɖe wò futɔwo ŋuti eye àɖu wò ketɔwo katã dzi.
Let thine hand be lifted up above thine adversaries, and let all thine enemies be cut off.
10 Yehowa be: “Le gbe ma gbe la, matsrɔ̃ miaƒe sɔwo eye magblẽ miaƒe tasiaɖamwo
And it shall come to pass in that day, saith the LORD, that I will cut off thy horses out of the midst of thee, and will destroy thy chariots:
11 Magbã wò duwo eye mamu wò mɔ sesẽwo aƒu anyi.
and I will cut off the cities of thy land, and will throw down all thy strong holds:
12 Matsi adzewɔwɔ nu le wò anyigba dzi eye màgasa gbesa azɔ o.
And I will cut off witchcrafts out of thine hand; and thou shalt have no [more] soothsayers:
13 Matɔ dzo wò aklamakpakpɛwo eye magbã wò legba siwo nèwɔ kple wò asiwo be màgade ta agu na wo o.
and I will cut off thy graven images and thy pillars out of the midst of thee; and thou shalt no more worship the work of thine hands.
14 Maho miaƒe aƒeli kɔkɔwo aƒu anyi eye magbã miaƒe duwo.
and I will pluck up thine Asherim out of the midst of thee: and I will destroy thy cities.
15 Mlɔeba la, matrɔ nye dziku akɔ ɖe dukɔ siwo gbe toɖoɖom la dzi eye mabia hlɔ̃ wo.”
And I will execute vengeance in anger and fury upon the nations which hearkened not.

< Mika 5 >