< Mika 4 >
1 Le ŋkeke mamlɛawo me la, woaɖo to si dzi Yehowa ƒe gbedoxɔ le la te abe to si ƒo towo katã ta la ene. Woakɔe wòagbɔ togbɛwo katã ta eye amewo aƒo zi ɖe eŋu.
But in the last days it will come about that the mountain of Yahweh's house will be established over the other mountains. It will be exalted above the hills, and peoples will stream to it.
2 Dukɔ geɖewo ava agblɔ be, “Miva. Mina míayi Yehowa ƒe to la dzi le Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me. Afia eƒe mɔwo mí ale be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.” Nufiame atso Zion ava eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava.
Many nations will go and say, “Come, let us go up to the mountain of Yahweh, to the house of the God of Jacob. He will teach us his ways, and we will walk in his paths.” For from Zion the law will go out, and the word of Yahweh from Jerusalem.
3 Adrɔ̃ ʋɔnu le amewo dome, eye wòadzra dukɔ sesẽ siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa la dome ɖo. Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe. Dukɔ matsɔ yi ɖe dukɔ ŋu alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o.
He will judge among many peoples and will decide concerning numerous nations far away. They will beat their swords into plowshares and their spears into pruning hooks. Nation will not lift up sword against nation, nor will they train for war any longer.
4 Ame sia ame anɔ anyi bɔkɔɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe wainka kple gboti te; eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo azɔ o elabena Yehowa, dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Instead, they will sit every person under his vine and under his fig tree. No one will make them afraid, for the mouth of Yahweh of hosts has spoken.
5 Dukɔwo katã ate ŋu azɔ le woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ me gake míawo ya míazɔ le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me tegbetegbe.
For all the peoples walk, each one, in the name of their god. But we will walk in the name of Yahweh our God forever and ever.
6 Yehowa be, “Le ŋkeke ma dzi la, maƒo tekunɔwo, aboyomewo kple ame siwo ƒe dzi megbã la nu ƒu.
“On that day”—this is Yahweh's declaration— “I will assemble the lame and gather the outcast, those whom I have afflicted.
7 Mawɔ tekunɔwo woazu ame mamlɛawo, eye ame siwo wonya la nazu dukɔ sẽŋu aɖe. Yehowa aɖu fia ɖe wo dzi le Zion to dzi tso gbe ma gbe heyi tegbee.
I will turn the lame into a remnant, and the ones driven away into a strong nation, and I, Yahweh, will reign over them on Mount Zion, now and forever.
8 Ke wò la, O nye alẽha ƒe gbetakpɔla, O Zion nyɔnuvi ƒe togbɛ, dziɖuɖu agava na wò abe tsã ene. Dziɖuɖu ƒe ŋusẽ agava na wò abe tsã ene eye fiaɖuɖu agava na Yerusalem vinyɔnu.”
As for you, watchtower for the flock, hill of the daughter of Zion— to you it will come, your former dominion will be restored, the kingdom that belongs to the daughter of Jerusalem.
9 Azɔ nu ka ta nèle avi fam eye ɖe fia aɖeke mele asiwò oa? Afi ka wò fia si wòle be wòakplɔ wò la to? Ɖe wò aɖaŋuɖolawo ku hafi nèle ŋeŋem abe nyɔnu si le ku lém la enea?
Now, why do you shout so loudly? Is there no king among you? Has your counselor died? Is this why pain grips you like that of a woman in labor?
10 O Zion nyɔnuvi, ƒo dablibɛ, nàlé ku abe nyɔnu si le vi dzim la ene, elabena tso azɔ dzi yina la, àdzo le du sia me aɖanɔ gbegbe, woakplɔ wò ayi ɖe aboyo me le Babilonianyigba dzi, gake le afi sia la, maɖe wò. Le afi ma la, Yehowa aɖe wò tso futɔwo ƒe asi me.
Be in pain and labor to give birth, daughter of Zion, like a woman in labor. For now you will you go out of the city, live in the field, and go to Babylon. There you will be rescued. There Yahweh will rescue you from the hand of your enemies.
11 Ke azɔ la, dukɔ geɖewo wɔ ɖeka wɔ babla ɖe mia ŋuti; Wogblɔ be: “Mina míado gui eye míaƒe ŋkuwo natsa le Zion.”
Now many nations are assembled against you; they say, 'Let her be defiled; let our eyes gloat over Zion.'
12 Ke womenya Yehowa ƒe susuwo o, eye womese eƒe ɖoɖowo gɔme o. Eya ame si ƒo wo nu ƒu abe ale si woƒoa lu bablawo nu ƒu ɖe lugbɔƒee ene.
They do not know Yahweh's thoughts, neither do they understand his plans, for he has gathered them like bundles of grain prepared for the threshing floor.
13 “Tsi tsitre, O Zion nyɔnuvi, eye nàtugu lu elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, wò afɔkli nanye akɔbli eye nàgbã dukɔwo gudugudu.” Kɔ woƒe afunyinu ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba katã ƒe Aƒetɔ la.
Arise and thresh, daughter of Zion, for I will make your horn to be iron, and I will make your hooves to be bronze. You will crush many peoples and you will devote their unjust wealth to Yahweh, their wealth to the Lord of the whole earth.”