< Mika 3 >

1 Eye megblɔ be: “Miɖo to, mi Yakob ƒe kplɔlawo. Mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Miawoe wòdze be mianya nyui tso vɔ̃ gbɔ
I also said: Hear, O ye heads of Jacob, And ye leaders of the house of Israel! Is it not for you to administer justice?
2 gake miawo boŋue gbe nu le nyui gbɔ eye mielɔ̃ vɔ̃. Mievuvu ayi le nye amewo ŋu ye mievuvu lã le woƒe ƒuwo ŋuti.
But ye hate what is good, and love what is evil; Ye tear from men their skin, Yea, their flesh from their bones;
3 Mieɖu nye amewo katã ƒe lã, vuvu ayi le wo ŋuti, gbã ƒu ɖe lãme na wo eye miefli wo abe ale si woflia adelã dea zee ene.”
Ye devour the flesh of my people, And strip them of their skin, And break their bones, And cut them in pieces, as for the pot, And as flesh for the caldron?
4 Ekema woado ɣli ayɔ Yehowa gake matɔ na wo o eye aɣla eƒe mo ɖe wo ɖe nu vɔ̃ si wowɔ la ta.
Then shall they cry to Jehovah, But he will not hear them; Yea, at that time will he hide his face from them, Because they have done iniquity.
5 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mi nyagblɔɖila siwo kplɔa nye amewo tranae; ne ame aɖe na nu wo, woɖu la, wodoa ŋutifafa nɛ; ke ne ame aɖe mena nu wo o la, wohoa aʋa ɖe eŋuti.
Thus saith Jehovah concerning the prophets, who deceive my people, Who, while they bite with their teeth, proclaim peace, But who, if one fill not their mouths, prepare war against him:
6 Zã ado aƒo xlã mi eye miegale ŋutega kpɔ ge o; viviti atsyɔ mia dzi eye Mawu ƒe gbe mava na mi o. Ɣe aɖo to ɖe mia dzi eye ŋkeke ado viviti na mi.
Therefore shall night come upon you, so that ye shall have no vision, And darkness, so that ye shall not divine; The sun shall go down upon the prophets, And the day shall be dark to them.
7 Miaƒe nukpɔlawo aɖu ŋukpe eye woado ŋukpe miaƒe nukalawo. Woatsɔ asi atsyɔ mo elabena gbe aɖeke metso Mawu gbɔ na wo o.”
Then shall the seers be ashamed, and the diviners confounded, So that all of them shall hide their faces, Because there is no answer from God.
8 Ke nye la, ŋusẽ yɔ menye taŋtaŋ, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye eya ta matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ aɖe gbeƒã Yakob ƒe nu tovowo wɔwɔ kple Israel ƒe nu vɔ̃.
But I am full of power, even of the spirit of Jehovah; Full of uprightness and courage, To declare to Jacob his transgression, And to Israel his sin.
9 Miɖo tom, mi Yakob ƒe aƒe ƒe kplɔlawo kple mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Mi ame siwo gbe nu le dzɔdzɔenyenye gbɔ eye mietrɔa gbo nu siwo katã le dzɔdzɔe.
O hear this, ye heads of the house of Jacob, And ye leaders of the house of Israel, Who abhor justice, And pervert all equity,
10 Mi ame siwo tu Zion ɖe ʋukɔkɔɖeanyi dzi kple Yerusalem ɖe vɔ̃ɖinyenye dzi.
Who build up Zion with blood, And Jerusalem with iniquity!
11 Miaƒe kplɔlawo xɔa zãnu hafi drɔ̃a ʋɔnu. Miaƒe nunɔlawo fiaa nu ɖe ga si woaxɔ ta eye miaƒe Nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖi ɖe ga ta gake woziɔna ɖe Yehowa ŋu gblɔna be: “Yehowa le mia dome eya ta vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o.”
Her heads judge for reward, And her priests teach for hire, And her prophets divine for money, And yet they lean upon Jehovah, saying, “Is not Jehovah in the midst of us? No evil can come upon us.”
12 Miawo ta woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gã ɖeka eye to si dzi gbedoxɔ le la azu togbɛ si zu ave.
Therefore because of you shall Zion be ploughed as a field, And Jerusalem become heaps of stones, And the mountain of the temple like the heights of a forest.

< Mika 3 >