< Mika 2 >

1 Baba na mi ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi be yewoawɔ kple ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi le woƒe abawo dzi. Ŋdi kanya la, wowɔa nu siwo woɖo elabena ŋusẽ le wo si be woawɔe.
Woe to them that devise iniquity and work evil upon their beds! when the morning is light, they practise it, because it is in the power of their hand.
2 Ne agble dim wole la, woxɔnɛ sesẽtɔe; ne xɔ dim wole la, woxɔa eya hã kple akpasesẽ. Nenye be anyigba ɖeka alo xɔ ɖeka ma koe le amea si hã la, woxɔnɛ le esi. Ale mietea ŋu xɔa amea kple eƒe domenyinuwo siaa sesẽtɔe.
And they covet fields, and seize them; and houses, and take them away: and they oppress a man and his house, even a man and his heritage.
3 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi, “Meɖo gbegblẽ ɖe ame siawo ŋuti eye miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖa le gbegblẽ sia me o. Miate ŋu agazɔ dadatɔe o elabena anye ɣeyiɣi vɔ̃.
Therefore thus saith the LORD: Behold, against this family do I devise an evil, from which ye shall not remove your necks, neither shall ye walk haughtily; for it is an evil time.
4 Le ŋkeke ma dzi la, amewo aɖu fewu le mia ŋu, eye woadzi konyifaha sia na mi amenuɖiatɔe be: ‘Wotsrɔ̃ mi keŋkeŋ; hema nye dukɔ ƒe nunɔamesiwo. Yehowa xɔe le asinye. Ema míaƒe anyigbawo na ame siwo ɖe aboyo mí.’”
In that day shall they take up a parable against you, and lament with a doleful lamentation, [and] say, We be utterly spoiled: he changeth the portion of my people: how doth he remove [it] from me! to the rebellious he divideth our fields.
5 Eya ta ne ɣeyiɣi de be woadzidze nu ama anyigba la, ame aɖeke manɔ mía si le Yehowa ƒe asaɖa me amae na mí o.
Therefore thou shalt have none that shall cast the line by lot in the congregation of the LORD.
6 Woƒe Nyagblɔɖilawo gblɔ nam be: “Mègagblɔ nya ɖi tso nu siawo ŋuti o elabena ŋukpe mava mía dzi o.”
Prophesy ye not, [thus] they prophesy. They shall not prophesy to these: reproaches shall not depart.
7 O Yakob ƒe aƒe, aleke woagblɔ nya siae? “Ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ ado dɔmedzoea? Ɖe esiawo tso egbɔa? “Ɖe nye nyawo mewɔa nyui na ame siwo lé mɔ dzɔdzɔe tsɔ oa?
Shall it be said, O house of Jacob, Is the spirit of the LORD straitened? are these his doings? Do not my words do good to him that walketh uprightly?
8 Ke nye dukɔ tso ɖe ŋunye abe woƒe futɔ ene. Mieɖe awu xɔasiwo le ame siwo va le eme tsom le ŋutifafa me la ŋuti abe asrafo siwo tso aʋa gbɔ la ene.
But of late my people is risen up as an enemy: ye strip the robe from off the garment from them that pass by securely [as men] averse from war.
9 Mienya nyɔnu siwo le nye dukɔ me la le woƒe aƒe nyuiwo me. Miexɔ nye yayra le wo viwo si tegbee.
The women of my people ye cast out from their pleasant houses; from their young children ye take away my glory for ever.
10 Mitso ne miadzo le afi sia, elabena esia menye dzudzɔƒe wònye na mi o; elabena wodo gu teƒe la, eye wogbãe, ale be womagate ŋu aɖɔe ɖo o.
Arise ye, and depart; for this is not your rest: because of uncleanness that destroyeth, even with a grievous destruction.
11 Ne alakpatɔ kple ameblela aɖe va gblɔ be magblɔ nya ɖi be, ‘Wain kple aha nabɔ na mi fũu’ la, eyae nye nyagblɔɖila si tɔgbi ame siawo lɔ̃na.”
If a man walking in wind and falsehood do lie, [saying], I will prophesy unto thee of wine and of strong drink; he shall even be the prophet of this people.
12 “O Yakob, magaƒo mia nu ƒu. Maƒo Israel ƒe ame mamlɛawo nu ƒu godoo. Maƒo wo nu ƒu abe alẽwo ene ɖe lãkpɔ me eye woanɔ abe alẽha le gbeɖuƒe ene.
I will surely assemble, O Jacob, all of thee; I will surely gather the remnant of Israel; I will put them together as the sheep of Bozrah: as a flock in the midst of their pasture, they shall make great noise by reason of [the multitude of] men.
13 Ame si gbãa agbowo la adze ŋgɔ na wo eye woato agboawo me ado go. Woƒe fia adze ŋgɔ na wo eye Yehowa anye woƒe kplɔla.”
The breaker is gone up before them: they have broken forth and passed on to the gate, and are gone out thereat: and their king is passed on before them, and the LORD at the head of them.

< Mika 2 >