< Mika 1 >
1 Esiae nye gbedeasi si va na Mika, Moresitɔ la, tso Yehowa gbɔ. Gbedeasia va nɛ le Yada fiawo, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli. Gbedeasia ku ɖe Samaria kple Yerusalem ŋuti, eye wòva nɛ le ŋutega me.
The Lord’s message which came to Micah of Morsheth in the reigns of Jotham, Ahaz and Hezekiah, kings of Judah. The visions he saw about Samaria and Jerusalem.
2 Mi dukɔwo katã miɖo to nya sia, wò anyigba kple edzinɔlawo katã mise ɖa; Aƒetɔ Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe me eye wòtsɔ nya ɖe mia ŋuti!
Listen, all you peoples! Pay attention, all you inhabitants of the earth! For the Lord God will be a witness against you, the Lord from his holy temple!
3 Kpɔ ɖa Yehowa gbɔna tso eƒe nɔƒe! Eɖi tso dzi eye wòzɔ to kɔkɔƒewo le anyigba dzi.
The Lord is coming from his holy place, he descends and treads on the heights of the earth,
4 Towo lolõ ɖe eƒe afɔ te, eye balimewo ma le eŋgɔ abe ale si bosomi lolõnae le dzo gbɔ ene; abe ale si tsi sina ne wòle aga ɖim ene.
so that the mountains melt beneath like wax in the presence of the fire, and the valleys break apart like water poured down a steep descent.
5 Nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖe Yakob ƒe aglãdzedze ta, ele dzɔdzɔm ɖe Israel ƒe aƒe ƒe nu vɔ̃wo ta. Nu kae nye Yakob ƒe aglãdzedzea? Ɖe menye Samariae oa? Nu kae nye Yuda ƒe vɔsaƒewo? Ɖe menye Yerusalem ye oa?
All this is because of the crime of Jacob, and for the sin of the house of Israel. What was the crime of Jacob? Was it not Samaria? What is the sin of Judah? Is it not Jerusalem?
6 “Le esiawo ta la, mana Samaria nazu aƒedo, ale be woate ŋu ade waingble ɖe edzi gɔ̃ hã. Malɔ eƒe kpe gbagbãwo akɔ ɖe balime eye eƒe xɔwo ƒe agunu adze.
“I will make Samaria a ruin in an open field, and a place where a vineyard is planted, I will hurl down her stones into the valley, and lay bare her foundations.
7 Woagbã eƒe legbawo gudugudu eye woatɔ dzo nunana siwo woli kɔe ɖe eƒe trɔ̃xɔwo me. Ale matɔ dzo eƒe legbawo katã. Elabena gboloho wotsɔ ƒo wo nu ƒui eye gboloho woagazu.”
“All her images will be shattered, and all her statues will be burned with fire, and all her idols I will lay in ruins. For they were acquired by prostitution, and to prostitution they will return.”
8 Le esia ta mafa avi ado ɣli; maɖe amama azɔ afɔ ƒuƒlu. Maxlɔ̃ abe amegaxi ene, eye mafa konyi abe adzexe ene,
This is why I will mourn and wail, I will go barefoot and naked, I will howl like the jackals and mourn like the desert owl.
9 elabena Yuda ka abi makumaku. Abi la keke va ɖo nye dukɔ ƒe agbowo nu ke, va ɖo Yerusalem ŋutɔ gɔ̃ hã.
For the blow that Samaria has received is incurable. It has spread over Judah, it extends even to the gate of my people, even to Jerusalem.
10 Migaɖe gbeƒãe alo afa avi le Gat o. Ke mibliba mia ɖokuiwo ɖe ke me le Bet Ofra.
Don’t tell this in Gath! Don’t even cry – but sit in the dust at Beth-leaphrah.
11 Mi Safirtɔwo midzo le ŋukpe kple amamanɔnɔ me; mi Zaanantɔwo miadzo o. Bet Ezel le konyi fam eya ta sitsoƒe aɖeke mele esi na mi o.
Pass by, inhabitants of Shaphir, naked and ashamed! The inhabitants of Zaanan cannot leave their city. Beth-ezel laments and removes its support from you.
12 Marotɔwo le mɔ kpɔm vevie be ŋu nyui aɖe ava ke, gake vevesese koe le wo lalam, elabena gbegblẽ tso Yehowa gbɔ va keke Yerusalem ƒe agbo nu.
The inhabitants of Maroth wait anxiously for good! But the Lord has sent disaster to the gates of Jerusalem.
13 Mi Lakistɔwo mitsi sɔwo ɖe miaƒe tasiaɖamwo ŋu. Wòe nye Zion nyɔnuvi ƒe nu vɔ̃ ƒe gɔmedzeƒe elabena wokpɔ Israel ƒe nu vɔ̃wo le mewò.
Harness the horse to the chariot, inhabitants of Lachish. You led the daughter of Zion, Jerusalem, into sin, in you are found the crimes of Israel.
14 Eya ta miaklã ɖa tso Moreset Gat gbɔ. Akzib ƒe aƒe aflu Israel fiawo.
Therefore you must give parting gifts to Moresheth-gath. Beth-achzib will betray the kings of Israel.
15 Mi ame siwo le Maresa, makplɔ aʋakɔ aƒu mi, woaɖu mia dzi, ale Israel ƒe ŋutikɔkɔe ava Adulam.
I will hand you to a conqueror, people of Mareshah, the leaders of Israel will hide in Adullam Cave!
16 Lũ ta kolikoli nàfa konyi elabena wokplɔ vi siwo gbɔ mèlɔ̃a nu le o la dzoe. Lũ ta wòanɔ abe akaga tɔ ene, elabena woakplɔ viwòwo ayi aboyo mee.
Shave your head in morning for the children you love, until you are bald as vultures, because they have left you for exile.