< Mateo 1 >
1 Yesu Kristo nye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi; eƒe dzidzimegbalẽ lae nye esi:
Table généalogique de Jésus-Christ, fils de David, fils d'Abraham
2 Abraham dzi Isak, Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi Yuda kple nɔviawo,
Abraham engendra Isaac; Isaac engendra Jacob; Jacob engendra Juda et ses frères;
3 Yuda dzi Perez kple Zera, ame siwo dadae nye Temar, Perez dzi Hezron, Hezron hã dzi Ram,
Juda engendra Pharès et Zara qu’il eut de Thamar; Pharès engendra Esrôm; Esrôm engendra Aram;
4 Ram dzi Aminadab, Aminadab dzi Naheson, Nahson dzi Salmon,
Aram engendra Aminadab; Aminadab engendra Naasson; Naasson engendra Salmon;
5 Salmon hã dzi Boaz, ame si dadae nye Rahab. Boaz dzi Obed, ame si dadae nye Rut. Obed dzi Yese.
Salmon engendra Boès, qu'il eut de Rachab; Boès engendra Jobed, qu'il eut de Ruth; Jobed engendra Jessaï;
6 Yese dzi Fia David, David dzi Solomo, ame si dadae nye Uria srɔ̃ kpɔ.
Jessaï engendra David, le roi David engendra Salomon, qu’il eut de la femme d'Urie;
7 Solomo dzi Rehoboam, Rehoboam dzi Abiya, eye Abiya hã dzi Asa.
Salomon engendra Roboam; Roboam engendra Abia; Abia engendra Asaph;
8 Asa dzi Yehosafat, Yehosafat dzi Yoram, Yoram dzi Uzia,
Asaph engendra Josaphat; Josaphat engendra Joram; Joram engendra Ozeia;
9 Uzia dzi Yotam, Yotam dzi Ahaz, Ahaz dzi Hezekia,
Ozeia engendra Joatham; Joatham engendra Achaz; Achaz engendra Ezéchias;
10 Hezekia dzi Manase, Manase dzi Amon, Amon dzi Yosia.
Ezéchias engendra Manassé; Manassé engendra Amon; Amon engendra Josias;
11 Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia.
Josias engendra Jéchonias et ses frères (c'était au temps de la déportation à Babylone).
12 Le aboyomenɔnɔ le Babilonia megbe la, Yekonia dzi Sealtiel, Sealtiel dzi Zerubabel,
Après la déportation à Babylone: Jéchonias engendra Salathiel; Salathiel engendra Zorobabel;
13 Zerubabel hã dzi Abihud, Abihud dzi Eliakim, eye Eliakim dzi Azɔ.
Zorobabel engendra Abioud; Abioud engendra Eliakeïm; Eliakeïm engendra Azôr;
14 Azɔ dzi Zadok, Zadok dzi Akim, Akim dzi Elihud,
Azôr engendra Sadok; Sadok engendra Acheïm; Acheïm engendra Elioud;
15 Elihud dzi Eleaza, Eleaza dzi Matan, Matan hã dzi Yakob,
Elioud engendra Eléazar; Eléazar engendra Matthan; Matthan engendra Jacob;
16 eye Yakob dzi Yosef, ame si nye Maria, Yesu Kristo dada srɔ̃.
Jacob engendra Joseph, l'époux de Marie, de laquelle est né Jésus, dit le Christ.
17 Ale tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi la, dzidzimeawo katã le wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esime woɖe aboyo Israel yi Babilonia la, dzidzimeawo le wuiene, nenema ke tso aboyomenɔɣi va se ɖe Kristo dzi hã le dzidzime wuiene.
En tout donc, d'Abraham jusqu'à David: quatorze générations. — De David jusqu'à la déportation à Babylone: quatorze générations. — De la déportation à Babylone jusqu'au Christ: quatorze générations.
18 Yesu Kristo dzidzi va yi ale: Wodo Maria, Yesu dada ŋugbe na Yosef be wòaɖe, gake hafi woava kpe la, wokpɔ be Maria fɔ fu to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me.
Voici comment Jésus-Christ vint au monde: Marie, sa mère, après avoir été fiancée à Joseph et avant qu'ils eussent vécu ensemble, se trouva enceinte par l'Esprit saint.
19 Azɔ Yosef, ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye nuteƒewɔla, eya ta medi be yeado ŋukpe Maria le dutoƒo o; eɖoe be yeagbee le adzame.
Or Joseph, son mari, était un juste. Ne voulant pas lui faire affront, il résolut de rompre avec elle sans bruits.
20 Ke esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ nɛ be, “Yosef, David ƒe vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ be wòava nɔ gbɔwò o, elabena fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso.
Comme il était en cette pensée, un ange du Seigneur lui apparut en songe et lui dit: «Joseph, fils de David, n'hésite pas à recevoir chez toi, ta femme, Marie, car ce qu'elle a conçu est de l'Esprit saint.
21 Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabena eyae aɖe eƒe amewo tso woƒe nu vɔ̃wo me.”
Elle mettra un fils au monde et tu lui donneras le nom de Jésus; c'est lui, en effet, qui sauvera son peuple de ses péchés.»
22 Esiawo katã va eme be, woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to Nyagblɔɖila dzi la nu be,
(Or tout cela arriva afin que fût accompli ce que le Seigneur avait dit par le prophète en ces mots:
23 “Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel” (si gɔmee nye, “Mawu li kpli mí”).
«Voici la vierge sera enceinte; elle mettra un fils au monde; Et on lui donnera le nom d'Emmanuel» ce qui signifie: Dieu avec nous.)
24 Esi Yosef nyɔ la, ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi, eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe srɔ̃a ene.
Joseph, à son réveil, agit d'après les ordres de l'ange du Seigneur: il reçut sa femme chez lui;
25 Ke Yosef mede asi eŋu o, va se ɖe esime wòdzi viŋutsuvi la, eye wòna ŋkɔe be Yesu.
et il ne la connut point avant qu'elle eût mis au monde un fils auquel il donna le nom de Jésus.