< Mateo 9 >
1 Yesu gatrɔ ge ɖe ʋua me, eye wòtso ƒua va Kapernaum, si nye wo dedu me.
So he went on board, crossed the sea, and came to his own city.
2 Eɖo afi ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo kɔ ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba dzi vɛ o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wò dzi nedze eme, elabena wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”
And here they brought to him a paralytic lying on a bed. When Jesus saw their faith he said to the paralytic, "Courage, son, your sins are forgiven."
3 Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo nɔ afi ma se nya siwo do le Yesu nu la, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Nu ka! Ame sia gblɔ busunya.”
And behold! certain scribes said to themselves, "This man is blaspheming."
4 Yesu nya nu si nɔ woƒe susu me, eya ta ebia wo be, “Nu ka ta miele nu baɖa siawo ƒomevi susum ɖo?
And because Jesus knew well their thought, he said.
5 Mibu eŋuti kpɔ be kae le bɔbɔe wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Tso nàzɔ azɔli?’”
"Why do you think evil in your hearts? For which is easier, to say’Your sins are forgiven,’ or to say, ‘Rise and walk’?
6 Be miadze sii be ŋusẽ le nye Amegbetɔ Vi la si le anyigba sia dzi be matsɔ nu vɔ̃wo ake amewo le anyigba dzi ŋuti la, Yesu trɔ ɖe lãmetututɔ la gbɔ gblɔ nɛ be, “Tsi tsitre nàŋlɔ wò aba ne nàzɔ ayi aƒe me!”
"But that you may know that the Son of man has power on earth to forgive sins"- he then says to the paralytic, "Rise, take up your bed, and go to your home."
7 Ame la tsi tsitre enumake, eye wòfɔ eƒe nuwo heyi aƒe me.
And he rose and went to his home.
8 Nyateƒe, vɔvɔ̃ gã aɖe dze ameha blibo la dzi, elabena Yesu wɔ nukunu sia le woawo ŋutɔ ƒe ŋkume wokpɔ, eye wokafu Mawu be wòna ŋusẽ triakɔ sia tɔgbi amegbetɔ!
But all the crowd were awestruck, and glorified God, who had given such power to men.
9 Esi Yesu nɔ tsa ɖim le dua me la, eva ke ɖe dugadzɔla aɖe si woyɔna be Mateo la ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu yɔe gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃la.” Mateo tso enumake, eye wòdze Yesu yome.
As Jesus was passing thence, he saw a man called Mathew sitting at the tax-office, and said to him, "Follow me."
10 Gbe ma gbe fiẽ la, Mateo kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le yeƒe aƒe me. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla bubuwo hã nɔ ame kpekpeawo dome.
And he rose and followed him. And while he was at table in Matthew’s house, there came many tax-gatherers and sinners, and they dined with Jesus and his disciples.
11 Farisitɔwo kpɔ esia, ale wobia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be, “Nu ka ta miaƒe nufiala dea ha kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, eye woɖua nu kple wo hã ɖo?”
When the Pharisees saw it, they kept saying to his disciples, "Why does your Teacher eat with the tax-gatherers and sinners?"
12 Yesu se nya la, eye wòɖo eŋu na wo gblɔ be, “Ame siwo mele dɔ lém o la mehiã atikewɔla o, ke boŋ ame siwo le dɔ lém lae hiãe.
"It is not those who are well," said Jesus, when he heard this, "but the sick, who need a doctor.
13 Ke miyi miasrɔ̃ nu si gblɔm mawunya sia le la be, ‘Nublanuikpɔkpɔe medi, ke menye vɔsa o.’ Nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo.”
"But go and learn what this means, "It is mercy I desire, and not sacrifice; for I am come not to call just men, but sinners."
14 Gbe ɖeka la, Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna abe ale si mí kple Farisitɔwo míewɔna ene o ɖo?”
At that time the disciples of Johncame and asked him, "Why are we and the Pharisees always fasting, while your disciples are not?"
15 Yesu hã bia wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam, atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? Ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo gbɔ, eye le ɣe ma ɣi me la, woagbe nuɖuɖu atsi nu adɔ.
"Can the friends fast at a wedding-feast," said Jesus, "so long as the bridegroom is with them? But the days will come when the bridegroom has been taken from them, and then they will fast.
16 “Womate ŋu atsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o. Ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒea, eye teƒe si vuvu la akeke ɖe edzi wu.
"No one ever sews a piece of undressed cloth on an old cloak. If they did, the patch put on to fill it up would tear away from the cloak, and the rent be made worse.
17 Nenema ke womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o. Ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ awɔe be lãgbalẽgolo la nawo, eye aha la kple goe la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye ko me woate ŋu akɔ aha yeye ɖo. Ekema aha la kple lãgbalẽgolo la katã woanɔ dedie.”
"Nor do they put new wine into old wine-skins; if they did, the wine- skins would split, the wine would run out, and the skins be ruined. Instead, they put new wine into fresh wine-skins and both are preserved."
18 Esime Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe ƒe amegã aɖe va dze klo ɖe eƒe ŋkume hede ta agu nɛ. Egblɔ na Yesu be, “Vinye nyɔnuvi ku fifi laa, gake mexɔe se be àte ŋu ana wòagagbɔ agbe nenye be èva ka asi eŋu ko.”
As he was saying these words to them, a ruler came up and knelt before him, saying. "My daughter has just died; but come, put your hand upon her, and she will live."
19 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta amegã la ƒe aƒe me enumake.
And Jesus rose and followed him, and so did his disciples.
20 Esime wonɔ mɔa dzi la, nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la va ka asi eƒe awu to,
But a woman who had had a hemorrhage for twelve years came up behind him, and touched the tassel of his cloak.
21 elabena egblɔ le eɖokui me be, “Nenye be meka asi eƒe awu to teti ko la, nye lãme asẽ.”
For she said to herself, "If only I can touch his cloak, I shall be cured."
22 Yesu trɔ ɖe eŋu gblɔ nɛ be, “Vinyɔnuvi, wò dzi nedze eme! Wò xɔse la da gbe le ŋuwò.” Tso gbe ma gbe ko la, nyɔnu la ƒe dɔa vɔ nɛ keŋ.
But Jesus turned and saw her and said, "Be of good courage, daughter, your faith has healed you." And the woman was healed from that hour.
23 Esi Yesu va ɖo amegã la ƒe aƒe me la, ekpɔ be amewo nɔ avi fam hoo, eye wonɔ kuteƒehawo hã dzim.
Now when Jesus had come into the house of the ruler, and had seen the flute-players and the wailing crowd, he said,
24 Yesu gblɔ be, “Mina ame siawo katã nado go le xɔa me, elabena ɖevi la meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.” Ame siwo se nya sia la ɖu fewu le eŋu, eye ɖewo hã koe.
"Leave the room, for the little girl is not dead, she is sleeping." And they began laughing at him.
25 Wonya ameha la do goe mlɔeba. Yesu yi afi si wokɔ ɖevi la mlɔe la, eye wòlé eƒe alɔnu. Nyɔnuvi la nyɔ enumake; eti kpo ɖi le aba la dzi, eye eƒe lãme sẽ.
When, however, the crowd had been driven out, he went in and took her hand, and the little girl woke up.
26 Nukunu sia kaka ɖe nuto blibo la katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe.
And the report of this spread throughout that whole region.
27 Esime Yesu do go le aƒea me yina la, ŋkuagbãtɔ eve kplɔe ɖo henɔ ɣli dom be, “O, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí.”
And as he went on from thence two blind men followed Jesus, crying, "Have pity on us, Son of David!"
28 Wokplɔe ɖo yi aƒe si me wòge ɖo la. Tete Yesu trɔ ɖe wo ŋu bia wo be, “Miexɔe se be mate ŋu aʋu ŋku na mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ.”
And when he had gone indoors, they came to him. "Do you believe that I can do this?" asked Jesus. "Yes, Lord," they answered.
29 Ale Yesu ka asi woƒe ŋkuwo ŋu hegblɔ be, “Ava eme na mi abe ale si miexɔe se ene.”
Then he touched their eyes, saying "According to your faith be it unto you," and their eyes were opened.
30 Enumake woƒe ŋkuwo ʋu, eye wode asi nukpɔkpɔ me nyuie. Yesu de se na wo vevie bena, womegagblɔ nu si yewɔ na wo la na ame aɖeke o.
Jesus charged them sternly, saying, "See to it that you let no one know."
31 Ke ameawo mewɔ ɖe Yesu ƒe didi dzi o; esi wodo ɖe ablɔ dzi ko la, wokaka nu si wòwɔ na wo la, eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le nuto blibo la me.
But they went and published his fame in that whole region.
32 Esi Yesu nɔ dzodzom le afi ma la, wokplɔ ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ, eye metea ŋu ƒoa nu o la vɛ nɛ.
And as they were departing a dumb demoniac was brought to him,
33 Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le ame la me, eye wòde asi nuƒoƒo me enumake. Nu sia wɔ nuku na ameha la ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, yewomekpɔ esia tɔgbi kpɔ le Israel o.
and when he had driven out the demon, the dumb spoke. The crowds were amazed, saying, "Never was such a thing seen in Israel!"
34 Ke Farisitɔwo ya gblɔ be, “Nu si ta wòtea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃woe ɖo lae nye be, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la le eya ŋutɔ me.”
But the Pharisees kept saying, "It is in the power of the Prince of the demons that he is casting out demons."
35 Yesu tsa le kɔƒe kple du siwo le nuto ma me la kpe ɖo. Enɔ mawunya gblɔm le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye wònɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la ƒe nyanyui la hã, eye afi sia afi si wòyi la, edaa gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu.
And Jesus continued to go throughout all the cities and towns, teaching in the synagogues, preaching the gospel of the kingdom, and healing every kind of disease and infirmity.
36 Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena nu geɖewo nɔ fu ɖem na wo, ke womenya nu si woawɔ o. Ɖeko wonɔ abe alẽha si kplɔla meli na o la ene.
And when he saw the crowds he had compassion on them because they were distressed and fainting, like sheep without a shepherd.
37 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o.
And he said to his disciples. "The harvest is great, but the laborers are few;
38 Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”
"therefore beseech the Lord of the harvest to thrust forth laborers into his harvest field."