< Mateo 8 >

1 Esi Yesu ɖi tso togbɛ la dzi gbɔna la, ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo.
And when he came down from the mountain, large crowds followed him.
2 Kasia anyidzela aɖe zɔ tẽe va dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòde ta agu nɛ hegblɔ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ.”
And look, a leper came to him and worshiped him, saying, "Lord, if you want to, you can make me clean."
3 Enumake Yesu ka asi ŋutsu la ŋu gblɔ nɛ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ.” Ale anyidɔ la bu le eŋuti enumake.
And he stretched out his hand, and touched him, saying, "I am willing. Be cleansed." And immediately his leprosy was cleansed.
4 Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”
And Jesus said to him, "See that you tell nobody, but go, show yourself to the priest, and offer the gift that Moses commanded, as a testimony to them."
5 Esi Yesu va ɖo Kapernaum la, aʋafia aɖe va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be wòakpe ɖe ye ŋu.
And when he came into Capernaum, a centurion came to him, asking him,
6 Egblɔ be, “Aƒetɔ, nye dɔla le lãmetutudɔ lém, emlɔ anyi ɖe aƒe me, eye wòle vevesese gã aɖe me.”
and saying, "Lord, my servant lies in the house paralyzed, grievously tormented."
7 Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, megbɔna be mada gbe le wò dɔnɔ la ŋu na wò.”
And he said to him, "I will come and heal him."
8 Ke aʋafia la ya gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, nyemedze be nàva nye aƒe me o, eye mehiã be nàva hã o. Ke gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla la ƒe lãme nasẽ.
And the centurion answered, "Lord, I'm not worthy for you to come under my roof. Just say the word, and my servant will be healed.
9 Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii,’ eye woyina, ‘Miva afii,’ eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ,’ eye wòwɔnɛ.”
For I am also a man under authority, having under myself soldiers. I tell this one, 'Go,' and he goes; and tell another, 'Come,' and he comes; and tell my servant, 'Do this,' and he does it."
10 Yesu ƒe nu ku le aʋafia la ƒe nyawo ŋuti. Azɔ etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o.
And when Jesus heard it, he was amazed, and said to those who followed, "Truly I tell you, I have not found so great a faith with anyone in Israel.
11 Mele egblɔm na mi be, ame geɖewo atso xexea me ƒe dzogoe eneawo katã dzi age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me, eye woanɔ anyi kple Abraham, Isak kple Yakob.
And I tell you that many will come from the east and the west, and will sit down with Abraham, and Isaac, and Jacob in the kingdom of heaven,
12 Ke Israelvi geɖewo, ame siwo wodzra fiaɖuƒe la ɖo ɖi na ya la, woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.”
but the children of the Kingdom will be thrown out into the outer darkness. There will be weeping and grinding of teeth."
13 Yesu gatrɔ ɖe Romasrafowo ƒe amegã la ŋu hegblɔ nɛ be, “Heyi aƒe me, nu si nèxɔ se be ate ŋu ava eme la, va eme xoxo.” Le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, dɔla la ƒe lãme sẽ.
And Jesus said to the centurion, "Go your way. Let it be done for you as you have believed." And the servant was healed in that hour.
14 Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va Petro ƒe aƒe me la, ekpɔ Petro lɔ̃xo wònɔ anyimlɔƒe le ŋudza lém.
And when Jesus came into Peter's house, he saw his mother-in-law lying sick with a fever.
15 Yesu ka asi eƒe asi ŋu, eye eƒe lãme sẽ enumake. Ale wòtso, eye wòsubɔe.
So he touched her hand, and the fever left her. She got up and served him.
16 Gbe ma gbe ƒe fiẽ la, wokplɔ ame geɖe siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ fu ɖem na la va Yesu gbɔ, eye ne wògblɔ nya ɖeka ko la, gbɔgbɔ vɔ̃awo doa go le ameawo me hesina dzona. Ale dɔnɔwo katã ƒe lãme sẽ.
And when evening came, they brought to him many possessed with demons. He cast out the spirits with a word, and healed all who were sick;
17 Esia wu Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo nu be, “Etsɔ míaƒe vevesesewo, eye wòde ta míaƒe dɔlélewo te.”
that it might be fulfilled which was spoken through Isaiah the prophet, saying, "He took our infirmities, and bore our diseases."
18 Esi Yesu kpɔ be ameha geɖewo nɔ ye gbɔ vam la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woadi ʋu aɖe vɛ ne yewoatsɔ atso ƒu la ayi eƒe go evelia dzi.
Now when Jesus saw large crowds around him, he gave the order to depart to the other side.
19 Hafi wòaɖe nu le nya sia me la, Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖe va egbɔ gblɔ nɛ be, “Nufiala, nye la, makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nàyi la.”
Then a scribe came, and said to him, "Teacher, I will follow you wherever you go."
20 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo la, atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.”
And Jesus said to him, "The foxes have holes, and the birds of the sky have nests, but the Son of Man has nowhere to lay his head."
21 Ame bubu aɖe si nye eyomedzelawo dometɔ ɖeka la hã gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe mɔ nam mayi aɖaɖi fofonye gbã hafi.”
And another of the disciples said to him, "Lord, allow me first to go and bury my father."
22 Yesu ɖo eŋu na ame sia hã be, “Dze yonyeme fifia, eye nàɖe asi le ame siwo ku le gbɔgbɔ me la ŋu be woaɖi woƒe ame kukuwo.”
But Jesus said to him, "Follow me, and leave the dead to bury their own dead."
23 Azɔ ege ɖe ʋu aɖe me, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta ƒua ƒe go evelia dzi.
And when he got into a boat, his disciples followed him.
24 Kasia ahom dziŋɔ aɖe de asi tutu me, eye ƒutsotsoewo de asi ŋeŋe me ɖe ʋua me. Le ɣeyiɣi sia katã me la, Yesu ŋutɔ ya nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ.
And look, a violent storm came up on the sea, so much that the boat was covered with the waves, but he was asleep.
25 Nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu enumake. Woʋuʋui sesĩe hegblɔ nɛ kple ɣli be, “Aƒetɔ, ɖe mí! Míele nyɔnyrɔm!”
They came to him, and woke him up, saying, "Save us, Lord. We are dying."
26 Yesu gblɔ na wo be, “O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka wɔ miele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?” Azɔ etsi tsitre, eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi.
And he said to them, "Why are you fearful, O you of little faith?" Then he got up, rebuked the wind and the sea, and there was a great calm.
27 Nusrɔ̃lawo ƒe nu ku ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yaƒoƒo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe mahã?”
And the men were amazed, saying, "What kind of person is this, that even the wind and the sea obey him?"
28 Esi wova ɖi go ɖe ƒua ƒe go kemɛ dzi le Gadaratɔwo ƒe anyigba me la, ame eve siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo xɔ aƒe ɖo la ƒu du va kpee. Ame eve siawo ƒe nɔƒee nye ameɖibɔ aɖe si le afi ma la me. Adã nɔa mo na wo, ale be ame aɖeke megatea ŋu toa afi ma lɔƒo o.
And when he came to the other side, into the country of the Gadarenes, two people possessed by demons met him there, coming out of the tombs, exceedingly fierce, so that nobody could pass that way.
29 Esi wokpɔ Yesu la, wode asi ɣlidodo me be, “Nu ka dim wò Mawu ƒe Vi nèle le mía gbɔ? Ɖe nèva be yeawɔ fu mí hafi ɣeyiɣi la naɖoa?”
And look, they shouted, saying, "What do we have to do with you, Son of God? Have you come here to torment us before the time?"
30 Le ɣe ma ɣi me la, aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le afi ma lɔƒo.
Now there was a herd of many pigs feeding far away from them.
31 Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu gblɔ nɛ be, “Ne ènya mí do goe le ame siawo me la, na míayi aɖage ɖe ha mawo me.”
And the demons begged him, saying, "If you cast us out, permit us to go away into the herd of pigs."
32 Yesu gblɔ na wo be, “Meɖe mɔ na mi, eya ta mido le ameawo me kaba!” Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le ame eveawo me ɖage ɖe haawo me; enumake haawo katã ƒu du sesĩe ɖage ɖe atsiaƒu si le afi ma la me doo, eye wono tsi ku.
And he said to them, "Go." And they came out, and went into the pigs, and look, the whole herd rushed down the cliff into the sea, and died in the water.
33 Hakplɔlawo ŋutɔ lé du tsɔ sesĩe yi du si te ɖe afi ma ŋu la me, eye wogblɔ nu si dzɔ kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃ do go le la ƒe nyawo na dua me tɔwo.
And those who fed them fled, and went away into the city, and told everything, including what happened to those who were possessed with demons.
34 Ale le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe ko la, dua me tɔwo katã do bibibi va ƒo zi ɖe Yesu ŋu. Esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ vevie be wòadzo le yewoƒe anyigba dzi.
And look, all the city came out to meet Jesus. And when they saw him, they pleaded with him to leave their region.

< Mateo 8 >