< Mateo 7 >

1 “Mègadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu wò hã,
“Don’t judge, so that you won’t be judged.
2 elabena ale si nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubuwoe la, nenema tututue woadrɔ̃ ʋɔnu wò hãe, eye dzidzenu si ŋu dɔ nèwɔ la, dzidzenu ma ke ŋu dɔ woawɔ atsɔ adzidze nu na wò hã.
For with whatever judgment you judge, you will be judged; and with whatever measure you measure, it will be measured to you.
3 “Nu ka ta nèkpɔa ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi o mahã?
Why do you see the speck that is in your brother’s eye, but don’t consider the beam that is in your own eye?
4 Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Na maɖe ati fefi le wò ŋku dzi,’ le esime atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi?
Or how will you tell your brother, ‘Let me remove the speck from your eye,’ and behold, the beam is in your own eye?
5 Wò, alakpanuwɔla, ɖe atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, ekema àkpɔ nu nyuie ale be nàte ŋu aɖe ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi la.
You hypocrite! First remove the beam out of your own eye, and then you can see clearly to remove the speck out of your brother’s eye.
6 “Migatsɔ miaƒe nu kɔkɔewo na avuwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo ƒu gbe na hawo o. Ne menye nenema o la, woanya avuzi le wo dzi, atrɔ ɖe mia ŋu, eye woavuvu mi.
“Don’t give that which is holy to the dogs, neither throw your pearls before the pigs, lest perhaps they trample them under their feet, and turn and tear you to pieces.
7 “Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔe; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi.
“Ask, and it will be given you. Seek, and you will find. Knock, and it will be opened for you.
8 Elabena ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi.
For everyone who asks receives. He who seeks finds. To him who knocks it will be opened.
9 “Mia dometɔ kae li nenye be Via ŋutsu bia aboloe la, wòatsɔ kpe nɛ?
Or who is there among you who, if his son asks him for bread, will give him a stone?
10 Alo nenye be ebia tɔmelãe la, wòatsɔ dalã nɛ?
Or if he asks for a fish, who will give him a serpent?
11 Ke nenye be mi ame vɔ̃ɖiwo mienya ale si miana nu nyui mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la mana nu nyuiwo ame siwo bianɛ geɖe wu oa?
If you then, being evil, know how to give good gifts to your children, how much more will your Father who is in heaven give good things to those who ask him!
12 Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nu mawo ke na ame bubuwo hã, elabena esiae nye Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya.
Therefore, whatever you desire for men to do to you, you shall also do to them; for this is the law and the prophets.
13 “Mige ɖe eme to agbo xaxɛ la me, elabena agbo la keke, mɔ la hã le gbadzaa, eye wòkplɔa ame yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewoe le eme tom le gegem ɖe eme.
“Enter in by the narrow gate; for the gate is wide and the way is broad that leads to destruction, and there are many who enter in by it.
14 Ke agbo si le xaxɛe, mɔ la hã le buie la kplɔa amewo yina ɖe agbe me, eye ame ʋɛ aɖewo koe toa mɔ sia.
How narrow is the gate and the way is restricted that leads to life! There are few who find it.
15 “Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti. Wovaa mia gbɔ abe alẽwo ene, ke le wo me la, wonye amegaxi nyanyrawo.
“Beware of false prophets, who come to you in sheep’s clothing, but inwardly are ravening wolves.
16 Woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe. Ɖe woate ŋu agbe waintsetse le aŋɔka dzi alo gbotsetse le ŋuti dzia?
By their fruits you will know them. Do you gather grapes from thorns or figs from thistles?
17 Nenema ke ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, ke ati manyomanyo tsea ku gbegblẽ.
Even so, every good tree produces good fruit, but the corrupt tree produces evil fruit.
18 Ati nyui mate ŋu atse ku gbegblẽ o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o.
A good tree can’t produce evil fruit, neither can a corrupt tree produce good fruit.
19 Ati sia ati si metsea ku nyui o la, wolãnɛ dea dzo me,
Every tree that doesn’t grow good fruit is cut down and thrown into the fire.
20 eya ta woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe.
Therefore by their fruits you will know them.
21 “Menye ame sia ame si le yɔyem be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’ lae ayi dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe ame siwo le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.
“Not everyone who says to me, ‘Lord, Lord,’ will enter into the Kingdom of Heaven, but he who does the will of my Father who is in heaven.
22 Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe menye wò ŋkɔ mee míegblɔ nya ɖi le, míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le, eye míewɔ nukunu geɖewo le oa?’
Many will tell me in that day, ‘Lord, Lord, didn’t we prophesy in your name, in your name cast out demons, and in your name do many mighty works?’
23 Ekema maɖo eŋu na wo be, ‘Nyemenya mi o, mite ɖa le gbɔnye, mi nu vɔ̃ɖi wɔlawo!’
Then I will tell them, ‘I never knew you. Depart from me, you who work iniquity.’
24 “Ame sia ame si sea nye nya, eye wòwɔna ɖe edzi la le abe nunyala si tu eƒe xɔ ɖe agakpe sesẽ dzi ene.
“Everyone therefore who hears these words of mine and does them, I will liken him to a wise man who built his house on the rock.
25 Togbɔ be tsi dza sesĩe, tɔwo ɖɔ, eye ahom tu hã la, xɔa meʋã o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe sesẽ dzi.
The rain came down, the floods came, and the winds blew and beat on that house; and it didn’t fall, for it was founded on the rock.
26 Gake ame si sea nye nyawo, eye metsɔa ɖeke le wo me o la sɔ kple ŋutsu movitɔ si tu eƒe xɔ ɖe ke me.
Everyone who hears these words of mine and doesn’t do them will be like a foolish man who built his house on the sand.
27 Azɔ esi tsi dza, tɔwo ɖɔ eye ahom tu, lɔ xɔ sia ɖe eme ko la, emu dze anyi gbloo.”
The rain came down, the floods came, and the winds blew and beat on that house; and it fell—and its fall was great.”
28 Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, ameha la ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta,
When Jesus had finished saying these things, the multitudes were astonished at his teaching,
29 elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ.
for he taught them with authority, and not like the scribes.

< Mateo 7 >