< Mateo 6 >
1 “Mikpɔ nyuie be miagawɔ miaƒe dzɔdzɔenyenyedɔwo le amewo ƒe ŋkume be woakpɔ o. Ne miewɔe nenema la, miaxɔ fetu aɖeke tso mia Fofo si le dziƒo la gbɔ o.
“Take heed not to do your kindness before men, to be seen by them, and if not—you have no reward from your Father who [is] in the heavens;
2 “Eya ta ne miena nu ame dahe aɖe la, migaɖe gbeƒãe kple kpẽ abe ale si alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo dzi, be amewo nakafu yewo ene o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, woxɔ woƒe fetu la katã xoxo.
whenever, therefore, you may do kindness, you may not sound a trumpet before you as the hypocrites do, in the synagogues, and in the streets, that they may have glory from men; truly I say to you, they have their reward!
3 Ke ne miena nu ame dahe aɖe la, migana miaƒe miabɔ nanya nu si wɔm miaƒe ɖusibɔ le la o,
But you, doing kindness, do not let your left hand know what your right hand does,
4 ale be miaƒe nunana nanye bebemenu. Ekema mia Fofo si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la natu fe na mi.
that your kindness may be in secret, and your Father who is seeing in secret will reward you Himself.
5 “Ne miele gbe dom ɖa la, migawɔ abe alakpatɔwo ene o, elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo ƒe dzogoewo dzi, be amewo nakpɔ yewo. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be woxɔ woƒe fetu la katã xoxo.
And when you may pray, you will not be as the hypocrites, because they cherish to pray standing in the synagogues and in the corners of the broad places, that they may be seen of men; truly I say to you that they have their reward.
6 Ne èbe yeado gbe ɖa la, yi ɖe wò xɔ me nàtu ʋɔa, eye nàdo gbe ɖa na Fofowò, ame si womekpɔna o la, ekema Fofowò, ame si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la, atu fe na wò.
But you, when you may pray, go into your chamber, and having shut your door, pray to your Father who [is] in secret, and your Father who is seeing in secret will reward you.
7 Ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyawo taŋtaŋ abe trɔ̃subɔlawo ene o, elabena wobuna be yewoaxɔ yewoƒe ŋuɖoɖo le nya geɖewo gbɔgblɔ ta.
And—praying—you may not use vain repetitions like the nations, for they think that in their speaking much they will be heard,
8 Miganɔ abe woawo ene o, elabena mia Fofo nya nu siwo hiã mi la gɔ̃ hafi miebianɛ.
therefore do not be like them, for your Father knows those things that you have need of before your asking Him;
9 “Ale si miado gbe ɖae nye esi: “‘Mía Fofo si le dziƒo, woade bubu wò ŋkɔ ŋuti,
therefore pray thus: Our Father who [is] in the heavens, hallowed be Your Name.
10 wò fiaɖuƒe neva, woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe ale si wowɔnɛ le dziƒo ene.
Your kingdom come, Your will come to pass, as in Heaven also on the earth.
11 Na nuɖuɖu si míaɖu egbe la mi.
Give us today our appointed bread.
12 Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí abe ale si míawo hã míetsɔnɛ kea, ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene.
And forgive us our debts, as we also forgive our debtors.
13 Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke boŋ ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la ƒe asi me.’
And may You not lead us into temptation, but deliver us from the evil [one], because Yours is the kingdom, and the power, and the glory—for all ages. Amen.
14 Elabena ne mietsɔ vo siwo amewo da ɖe mia ŋuti la ke wo la, ekema mia Fofo si le dziƒo hã atsɔ ake miawo hã.
For if you may forgive men their trespasses He also will forgive you—your Father who [is] in the heavens;
15 Ke ne mietsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi o.
but if you may not forgive men their trespasses, neither will your Father forgive your trespasses.
16 “Ne mietsi nu dɔ la, migayɔ mo lilili abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene o. Ame siawo yɔa mo lilili, be amewo nakpɔ be yewole nutsitsidɔ me. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ame siawo xɔ woƒe fetu blibo la xoxo.
And when you may fast, do not be as the hypocrites, of sour countenances, for they disfigure their faces, that they may appear to men fasting; truly I say to you that they have their reward.
17 Ke ne miawo mietsi nu dɔ la, midzra mia ɖokui ɖo nyuie abe ɖe miele naneke wɔm o ene,
But you, fasting, anoint your head, and wash your face,
18 ale be ame aɖeke maganya be mietsi nu dɔ o, negbe mia Fofo si womekpɔna o, gake eya kpɔa nu sia nu si wowɔna le bebeme la axe fe na mi.
that you may not appear to men fasting, but to your Father who [is] in secret, and your Father, who is seeing in secret, will reward you.
19 “Migadzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe anyigba dzi, afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle gblẽa nu le, eye fiafitɔwo gbãa ʋɔ hefia nu le la o,
Do not treasure up to yourselves treasures on the earth, where moth and rust disfigure, and where thieves break through and steal,
20 ke boŋ midzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle megblẽa nu le, eye fiafitɔwo megbãa ʋɔ hefia nu le la o.
but treasure up to yourselves treasures in Heaven, where neither moth nor rust disfigure, and where thieves do not break through nor steal,
21 Elabena afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma miaƒe dzi hã anɔ.
for where your treasure is, there will your heart be also.
22 “Ŋkue nye akaɖi na ame blibo la, eya ta ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ame blibo la àyɔ fũu kple kekeli.
The lamp of the body is the eye, if, therefore, your eye may be perfect, all your body will be enlightened,
23 Ke ne wò ŋku dzi mekɔ o la, wò ame blibo la, àyɔ fũu kple viviti. Ekema ne kekeli si le mewò trɔ zu viviti la, aleke gbegbe viviti la asẽ ŋui!
but if your eye may be evil, all your body will be dark; if, therefore, the light that [is] in you is darkness—the darkness, how great!
24 “Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu vevie, eye wòagbe nu le evelia gbɔ. Màte ŋu asubɔ Mawu kple ga o.
None is able to serve two lords, for either he will hate the one and love the other, or he will hold to the one, and despise the other; you are not able to serve God and wealth.
25 “Eya ta mele egblɔm na mi be, migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nudodo oa?
Because of this I say to you, do not be anxious for your life, what you may eat, and what you may drink, nor for your body, what you may put on. Is not life more than nourishment, and the body than clothing?
26 Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa; womeƒãa nu alo ŋea nu alo ƒoa nu nu ƒu ɖe avawo me o. Ke mia Fofo si le dziƒo la naa nuɖuɖu wo. Ɖe mi amegbetɔwo miexɔ asi sãa wu dziƒoxeviwo oa?
Look to the birds of the sky, for they do not sow, nor reap, nor gather into storehouses, and your heavenly Father nourishes them; are you not much better than they?
27 Mia dometɔ kae ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu?
And who of you, being anxious, is able to add to his age one cubit?
28 “Ekema nu ka ŋuti mietsia dzi ɖe nutata ŋu ɖo? Mikpɔ ale si dzogbenyawo le gbedzi tsinae ɖa. Womewɔa dɔ alo trea ɖeti o.
And why are you anxious about clothing? Consider well the lilies of the field; how do they grow? They do not labor, nor do they spin;
29 Ke mele egblɔm na mi be Solomo, ame si nɔ atsyɔ̃ gã me hã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo tɔ nu kura o.
and I say to you that not even Solomon in all his glory was clothed as one of these.
30 Ke nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu na mi sãa wu gbe siawo oa? O mi xɔse ʋɛ tɔwo?
And if the herb of the field, that today is, and tomorrow is cast into the furnace, God so clothes—not much more you, O you of little faith?
31 Eya ta migatsi dzi anɔ biabiam be, ‘Nu ka míaɖu?’ alo ‘Nu ka miano?’ alo, ‘Nu ka míata?’ o.
Therefore you may not be anxious, saying, What may we eat? Or, What may we drink? Or, [With] what may we be clothed?
32 Elabena trɔ̃subɔlawo tia nenem nu siawo katã yome, ke mia Fofo si le dziƒo la nya miaƒe hiahiãwo katã.
For the nations seek for all these, for your heavenly Father knows that you have need of all these;
33 Ke midi Mawu ƒe fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbã, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.
but seek first the Kingdom of God and His righteousness, and all these will be added to you.
34 Eya ta migatsi dzi ɖe etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la atsi dzi ɖe eɖokui ŋu elabena kuxi sɔ gbɔ le ŋkeke sia ŋkeke me xoxo.
Therefore do not be anxious for tomorrow, for tomorrow will be anxious for its own things; sufficient for the day [is] the evil of it.”