< Mateo 5 >

1 Gbe ɖeka esi amehawo ganɔ ƒu ƒom ɖe Yesu ŋu la, elia togbɛ aɖe, henɔ anyi eye eƒe nusrɔ̃lawo hã va nɔ egbɔ.
예수께서 무리를 보시고 산에 올라가 앉으시니 제자들이 나아온지라
2 Azɔ efia nu wo le afi ma hegblɔ na wo be,
입을 열어 가르쳐 가라사대
3 “Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la, elabena wotsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi.
심령이 가난한 자는 복이 있나니 천국이 저희 것임이요
4 Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo hã le konyi fam la, elabena woafa akɔ na mi!
애통하는 자는 복이 있나니 저희가 위로를 받을 것임이요
5 Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo fa tu, miawoe anyi anyigba la ƒe dome.
온유한 자는 복이 있나니 저희가 땅을 기업으로 받을 것임이요
6 Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo wum dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le la, elabena miawoe aɖi ƒo.
의에 주리고 목마른 자는 복이 있나니 저희가 배부를 것임이요
7 Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo le nublanui kpɔm na amewo, elabena miawoe woakpɔ nublanui na.
긍휼히 여기는 자는 복이 있나니 저희가 긍휼히 여김을 받을 것임이요
8 Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo dza le miaƒe dzi me, elabena miawoe akpɔ Mawu.
마음이 청결한 자는 복이 있나니 저희가 하나님을 볼 것임이요
9 Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo léa avu la, elabena miawoe woayɔ be Mawu ƒe viwo.
화평케 하는 자는 복이 있나니 저희가 하나님의 아들이라 일컬음을 받을 것임이요
10 Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo yome woti le dzɔdzɔenyenye ta, elabena miawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.”
의를 위하여 핍박을 받은 자는 복이 있나니 천국이 저희 것임이라
11 Dzi nedzɔ mi nenye be amewo dzu mi, ti mia yome, da alakpa ɖe mia si hegblɔ nya vɔ̃ bubuwo ɖe mia ŋuti le tanye.
나를 인하여 너희를 욕하고 핍박하고 거짓으로 너희를 거스려 모든 악한 말을 할 때에는 너희에게 복이 있나니
12 Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye, elabena fetu gã aɖe le mia lalam le dziƒo. Miɖo ŋku edzi be, nenema ke woti Nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi la hã yomee.
기뻐하고 즐거워하라 하늘에서 너희의 상이 큼이라 너희 전에 있던 선지자들을 이같이 핍박하였느니라
13 “Miawoe nye anyigba la ƒe dze. Ke ne miebu miaƒe dzenyenye ɖe, nu ka woagate ŋu awɔ kpli mi? Ŋudɔwɔnu aɖeke maganɔ mia ŋu o, ɖeko woatsɔ mi aƒu gbe, aɖo afɔ mia dzi.
너희는 세상의 소금이니 소금이 만일 그 맛을 잃으면 무엇으로 짜게 하리요 후에는 아무 쓸데 없어 다만 밖에 버리워 사람에게 밟힐 뿐이니라
14 “Miawoe nye xexea me ƒe kekeli. Womate ŋu aɣla du si le to dzi la o.
너희는 세상의 빛이라 산 위에 있는 동네가 숨기우지 못할 것이요
15 Ame aɖeke medraa akaɖi tsɔ dea afianu te o, ke boŋ ɖe akaɖiti dzi, be wòaklẽ na aƒea me nɔla ɖe sia ɖe.
사람이 등불을 켜서 말 아래 두지 아니하고 등경 위에 두나니 이러므로 집안 모든 사람에게 비취느니라
16 Nenema ke mina miaƒe akaɖiwo naklẽ le amewo gbɔ, be woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, eye woakafu mia Fofo si le dziƒo.”
이같이 너희 빛을 사람 앞에 비취게 하여 저희로 너희 착한 행실을 보고 하늘에 계신 너희 아버지께 영광을 돌리게 하라
17 “Mise eme nyuie be, menye ɖe meva be mate fli ɖe Mose ƒe seawo kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuxlɔ̃amenyawo me o. Gbeɖe, menye nu siawo wɔ ge meva o, ke boŋ ɖe meva be mawu seawo nu, eye mafia woƒe nyateƒenyenye.
내가 율법이나 선지자나 폐하러 온 줄로 생각지 말라 폐하러 온 것이 아니요 완전케 하려 함이로다
18 Vavã mele egblɔm na mi be zi ale si dziƒo kple anyigba li la, ŋɔŋlɔ suetɔ kekeake alo nu suetɔ si wotsɔ nuŋlɔti ŋlɔe la, mabu le se la me o va se ɖe esime woawu nu sia nu nu,
진실로 너희에게 이르노니 천지가 없어지기 전에는 율법의 일점 일획이라도 반드시 없어지지 아니하고 다 이루리라
19 eya ta ne ame aɖe da le se siawo ƒe suetɔ kekeake dzi, eye wòfia amewo hã be woada le edzi la, eyae anye suetɔ kekeake le dziƒofiaɖuƒe la me. Ke ame siwo fiaa Mawu ƒe seawo, eye wowɔna ɖe wo dzi la, woayɔ wo be gã le dziƒofiaɖuƒe la me.
그러므로 누구든지 이 계명 중에 지극히 작은 것 하나라도 버리고 또 그같이 사람을 가르치는 자는 천국에서 지극히 작다 일컬음을 받을 것이요 누구든지 이를 행하며 가르치는 자는 천국에서 크다 일컬음을 받으리라
20 Mele nu xlɔ̃m mi be, ne miaƒe dzɔdzɔnyenye meƒo Farisitɔwo kple Yudatɔwo ƒe sefialawo tɔ ta sãa o la, miawo hã miate ŋu age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me gbeɖe o!”
내가 너희에게 이르노니 너희 의가 서기관과 바리새인보다 더 낫지 못하면 결단코 천국에 들어가지 못하리라
21 “Miese wogblɔ na blematɔwo be, ‘Mègawu ame o, eye ame si awu ame la adze na ʋɔnudɔdrɔ̃.’
옛 사람에게 말한 바 살인치 말라 누구든지 살인하면 심판을 받게 되리라 하였다는 것을 너희가 들었으나
22 Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la, woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la, ayi dzomavɔʋe la me. (Geenna g1067)
나는 너희에게 이르노니 형제에게 노하는 자마다 심판을 받게 되고 형제를 대하여 라가라 하는 자는 공회에 잡히게 되고 미련한 놈이라 하는 자는 지옥 불에 들어가게 되리라 (Geenna g1067)
23 “Ne èle gbedoxɔ me le vɔsamlekpui ŋgɔ le vɔ sam na Mawu, eye nèɖo ŋku edzi be dzre aɖe le mi kple nɔviwò aɖe dome la,
그러므로 예물을 제단에 드리다가 거기서 네 형제에게 원망들을 만한 일이 있는 줄 생각나거든
24 gblẽ wò vɔsanu la ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ ne nàyi aɖe kuku na nɔviwò sia, eye nàdzra mi kplii dome ɖo hafi nàva sa vɔ na Mawu.
예물을 제단 앞에 두고 먼저 가서 형제와 화목하고 그 후에 와서 예물을 드리라
25 “Wɔ ɖeka kple wò futɔ si kplɔ wò yina ʋɔnui la kaba esi miegale mɔa dzi ko. Ne menye nenema o la, atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, ʋɔnudrɔ̃la hã atsɔ wò ade asi na asrafomegã, eye woade wò mɔ.
너를 송사하는 자와 함께 길에 있을 때에 급히 사화하라 그 송사하는 자가 너를 재판관에게 내어주고 재판관이 관예에게 내어주어 옥에 가둘까 염려하라
26 Le nyateƒe me la, womaɖe asi le ŋuwò o, va se ɖe esime nàxe fe ɖe sia ɖe si nènyi la, eye pesewa afã hã masusɔ o.”
진실로 네게 이르노니 네가 호리라도 남김이 없이 다 갚기 전에는 결단코 거기서 나오지 못하리라
27 “Miese wogblɔ be, ‘Megawɔ ahasi o,’
또 간음치 말라 하였다는 것을 너희가 들었으나
28 gake nye ya mele egblɔm na mi be, ne ŋutsu aɖe kpɔ nyɔnu aɖe, eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.
나는 너희에게 이르노니 여자를 보고 음욕을 품는 자마다 마음에 이미 간음하였느니라
29 Nenye wò ŋku ɖusimetɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe ne nàtsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔ me. (Geenna g1067)
만일 네 오른 눈이 너로 실족케 하거든 빼어 내버리라 네 백체 중 하나가 없어지고 온 몸이 지옥에 던지우지 않는 것이 유익하며 (Geenna g1067)
30 Nenema ke ne wò nuɖusie nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ne nàtsɔ aƒu gbe, elabena enyo be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.” (Geenna g1067)
또한 만일 네 오른손이 너로 실족케 하거든 찍어 내버리라 네 백체 중 하나가 없어지고 온 몸이 지옥에 던지우지 않는 것이 유익하니라 (Geenna g1067)
31 “Wogblɔ hã be, ‘Ne ŋutsu aɖe di be yeagbe srɔ̃a la, nena srɔ̃gbegbalẽe.’
또 일렀으되 누구든지 아내를 버리거든 이혼 증서를 줄 것이라 하였으나
32 Ke nye la mele egblɔm na mi be, nenye be nyɔnu aɖe mewɔ ahasi o, gake srɔ̃a gbee, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ekema ŋutsu lae na wòwɔ ahasi, eye ŋutsu si agaɖe nenem nyɔnu sia hã wɔ ahasi.”
나는 너희에게 이르노니 누구든지 음행한 연고 없이 아내를 버리면 이는 저로 간음하게 함이요 또 누구든지 버린 여자에게 장가드는 자도 간음함이니라
33 “Miese wogagblɔ na blematɔwo be, ‘Mègada le atam si nèka la dzi o, ke boŋ wɔ ɖe wò atam siwo nèka na Aƒetɔ la dzi,’
또 옛 사람에게 말한 바 헛 맹세를 하지 말고 네 맹세한 것을 주께 지키라 하였다는 것을 너희가 들었으나
34 gake nye ya, mele egblɔm na mi be, migata nu kura o, elabena ne ègblɔ be meta Dziƒo la, èdze agɔ, elabena dziƒoe nye Mawu ƒe nɔƒe.
나는 너희에게 이르노니 도무지 맹세하지 말찌니 하늘로도 말라 이는 하나님의 보좌임이요
35 Eye ne èta Anyigba la, edze agɔ ake, elabena anyigbae nye eƒe afɔɖodzinu. Nenema ke migagblɔ be meta ‘Yerusalem’ hã o, elabena Yerusalem nye Fiagã la ƒe du.
땅으로도 말라 이는 하나님의 발등상임이요 예루살렘으로도 말라 이는 큰 임금의 성임이요
36 Mègagblɔ be meta ‘Nye ta’ gɔ̃ hã o, elabena màte ŋu atrɔ wò ɖakui ɖeka pɛ hã wòafu alo anyɔ o.
네 머리로도 말라 이는 네가 한 터럭도 희고 검게 할 수 없음이라
37 Kpuie ko la, mina miaƒe ‘Ɛ̃’ nanye ‘Ɛ̃’, eye ‘O’ nanye ‘O’; nu sia nu si miagblɔ wu esia la tso vɔ̃ɖitɔ la gbɔ.”
오직 너희 말은 옳다 옳다, 아니라 아니라 하라 이에서 지나는 것은 악으로 좇아 나느니라
38 “Miese wogblɔ be, ‘Ŋku ɖe ŋku teƒe, eye aɖu ɖe aɖu teƒe.’
또 눈은 눈으로, 이는 이로 갚으라 하였다는 것을 너희가 들었으나
39 Ke nye ya mele egblɔm na mi be, migaɖo vɔ̃, teƒe na vɔ̃ o! Nenye be ame aɖe ƒo ɖusitome na wò la, trɔ tome evelia hã nɛ be wòaƒo.
나는 너희에게 이르노니 악한 자를 대적지 말라 누구든지 네 오른편 뺨을 치거든 왼편도 돌려 대며
40 Ne ame aɖe akplɔ wò ayi ʋɔnui, be yeaxɔ wò awutewui la, na wòaxɔ wò dziwui hã kpe ɖe eŋu.
또 너를 송사하여 속옷을 가지고자 하는 자에게 겉옷까지도 가지게 하며
41 Ne ame aɖe azi dziwò be nàzɔ mɔ kple ye kilomita ɖeka la, zɔ kplii kilomita eve.
또 누구든지 너로 억지로 오 리를 가게 하거든 그 사람과 십 리를 동행하고
42 Na nu ame si le nu biam wò la, eye mègatrɔ megbe de ame si le didim be yeado nu le asiwò la o.
네게 구하는 자에게 주며 네게 꾸고자 하는 자에게 거절하지 말라
43 “Miese wogblɔ be, ‘Lɔ̃ hawòvi, eye nàlé fu wò ketɔ.’
또 네 이웃을 사랑하고 네 원수를 미워하라 하였다는 것을 너희가 들었으나
44 Ke nye la, mele egblɔm na mi bena, milɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta,
나는 너희에게 이르노니 너희 원수를 사랑하며 너희를 핍박하는 자를 위하여 기도하라
45 be mianye mia Fofo si le dziƒo la ƒe viwo, ame si naa eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wòdɔa tsi be wòadza ɖe ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa dzi.
이같이 한즉 하늘에 계신 너희 아버지의 아들이 되리니 이는 하나님이 그 해를 악인과 선인에게 비취게 하시며 비를 의로운 자와 불의한 자에게 내리우심이니라
46 Ne mielɔ̃a ame siwo lɔ̃a mi ɖeɖe ko la, wɔwui ka miewɔ? Ɖe nudzɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa?
너희가 너희를 사랑하는 자를 사랑하면 무슨 상이 있으리요 세리도 이같이 아니하느냐
47 Ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele wu ame bubuwo? Ɖe trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa?
또 너희가 너희 형제에게만 문안하면 남보다 더 하는 것이 무엇이냐 이방인들도 이같이 아니하느냐
48 Eya ta mizu blibo abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe ene.”
그러므로 하늘에 계신 너희 아버지의 온전하심과 같이 너희도 온전하라

< Mateo 5 >