< Mateo 4 >

1 Esia megbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedzii be Abosam natee kpɔ.
לאחר מכן, הרוח הובילה את ישוע אל המדבר כדי שהשטן ינסה אותו שם.
2 Yesu tsi nu dɔ le afi sia ŋkeke blaene kple zã blaene, eye emegbe dɔ wui vevie.
במשך ארבעים יום וארבעים לילה ישוע לא אכל מאומה, ולבסוף היה רעב מאוד.
3 Esi Abosam kpɔ esia la, eva tee kpɔ gblɔ nɛ be, “Nenye wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã la, ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ azu abolo na wò nàɖu.”
”אם אתה באמת בן־אלוהים, “אמר לו השטן,”צווה על האבנים האלה להפוך לכיכרות לחם!“
4 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔe ɖi be, ‘Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’”
ישוע ענה לו:”לא אצווה זאת, שהרי כתוב בתורה:’לא על הלחם לבדו יחיה האדם, כי על כל מוצא פי ה׳‘. “
5 Azɔ Abosam gakplɔe yi du kɔkɔe la me eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔƒe kekeake.
לאחר מכן הביא השטן את ישוע לירושלים, העלה אותו על גג בית־המקדש ואמר:
6 Egblɔ nɛ be, “Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso afi sia. Elabena woŋlɔ ɖi bena: “‘Aɖe gbe na eƒe dɔlawo le ŋutiwò, eye woatsɔ wò ɖe woƒe asiwo me ale be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’”
”קפוץ למטה! הרי כתוב בתנ״ך:’כי מלאכיו יצווה לך… ועל כפיים ישאונך, פן תיגוף באבן רגלך‘. “
7 Yesu gagblɔ nɛ be, “Woŋlɔ da ɖi hã be, mègate Aƒetɔ wò Mawu kpɔ o.”
השיב לו ישוע:”אבל כתוב גם:’לא תנסה את ה׳ אלוהיך‘. “
8 Esia megbe la, Abosam kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe ƒe tsyɔ̃eƒe ke, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã kple woƒe atsyɔ̃nuwo fiae.
לאחר מכן השטן העלה את ישוע על הר מאוד גבוה, הראה לו את כל המדינות המפוארות בעולם ואמר:
9 Egblɔ nɛ be, “Matsɔ nu siawo katã na wò nenye be nèdze klo de ta agu nam ko.”
”אם רק תכרע ברך ותשתחווה לי, אתן לך את כל אלה!“
10 Yesu blu ɖe Satan ta be, “Satana, te ɖa le gbɔnye! Mèse mawunya gblɔ be, ‘Aƒetɔ wò Mawu la ko nàsubɔ, eya ko wòle be nàɖo toe oa?’”
ישוע השיב:”סור ממני, שטן! הרי כתוב:’לה׳ אלוהיך תשתחווה ואותו לבדו תעבוד‘. “
11 Ale Abosam gblẽe ɖi hedzo, eye mawudɔlawo va egbɔ va subɔe.
השטן הרפה ממנו, ומלאכים באו לשרת את ישוע.
12 Esi Yesu se be wolé Yohanes de gaxɔ me la, edzo le Yudea yi wo de le Nazaret si le Galilea,
כאשר שמע ישוע על זה שיוחנן המטביל נאסר, הוא עזב את ארץ יהודה וחזר לביתו – לנצרת שבגליל.
13 ke egadzo le afi sia hã va Kapernaum si te ɖe Galilea ƒua ŋu le Zebulon kple Naftali nutowo me.
אחר כך ישוע עבר לגור בכפר־נחום שעל שפת הכינרת, באזור שבטי זבולון ונפתלי.
14 Yesu ƒe afi sia vava wu nya si Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ da ɖi la nu be,
כך התקיימה נבואת ישעיהו:
15 “Mi Zebulon kple Naftali, mi anyigba siwo le ƒuta, kple anyigba siwo le Yɔdan tɔsisi la godo, va se ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe Galilea,
”ארצה זבולון וארצה נפתלי, דרך הים, עבר הירדן, גליל הגויים –
16 miawoe nye ame siwo nɔ viviti me tsã, gake fifia la, Kekeli gã aɖe klẽ na mi. Mi ame siwo nɔ ku ƒe anyigba dzi, Kekeli klẽ na mi.”
העם ההלכים בחשך ראו אור גדול, ישבי בארץ צלמוות – אור נָגַהּ עליהם!“
17 Tso esia dzi la, Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be, “Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ne miatrɔ ɖe Mawu ŋu, elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo!”
מאותו יום והלאה ישוע התחיל להטיף:”שובו בתשובה והאמינו בה׳, כי מלכות השמיים קרובה!“
18 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ tsa ɖim le Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ nɔvi eve aɖewo. Woawoe nye Simɔn, si wogayɔna hã be Petro kple nɔvia Andrea. Wonɔ asabu dam, elabena ɖɔkplɔlawo wonye.
יום אחד כשישוע הלך על חוף הכינרת, הוא ראה שני אחים: שמעון (הנקרא גם פטרוס) ו‎אַנְדְּרֵי. השניים ישבו בסירה ודגו בעזרת רשת, כי היו דייגים במקצועם.
19 Yesu yɔ wo gblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi amewo ɖelawo.”
”בואו אחרי!“קרא להם ישוע.”אני אעשה אתכם לדייגי אדם!“
20 Petro kple nɔvia Andrea ɖe asi le asabu la ŋu enumake hekplɔ Yesu ɖo.
שני האחים עזבו מיד את הרשתות שלהם והלכו אחריו.
21 Esi wogazɔ yi ŋgɔ vie ko la, Yesu kpɔ nɔviŋutsu eve siwo ŋkɔwoe nye, Yakobo kple Yohanes kple wo fofo Zebedeo le ʋu me wonɔ woƒe ɖɔ vuvuwo sam. Yesu yɔ nɔviŋutsu eveawo hã be woava dze ye yome.
לא הרחק משם ראה ישוע עוד שני אחים, יעקב ויוחנן, יושבים בסירה עם אביהם זבדי, ומתקנים את רשתותיהם הקרועות. ישוע קרא גם להם,
22 Yakobo kple Yohanes gblẽ ʋu la kple wo fofo ɖi hedze Yesu yome enumake.
והשניים הפסיקו מיד את עבודתם, עזבו את אביהם והלכו אחריו.
23 Yesu tsa le Galilea nutowo katã me nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye afi sia afi si wòyi ko la, eɖea gbeƒã fiaɖuƒe la ƒe nyanyui la. Hekpe ɖe esia ŋu la, eda gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu le dukɔ la me.
ישוע הסתובב בכל הגליל ולימד בבתי־הכנסת; בכל מקום בישר את החדשות הטובות על מלכות השמיים וריפא כל מיני מחלות.
24 Nukunu gã geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka ɖe teƒewo katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔenu ke. Ale dɔnɔwo tso kekeke Siria ke hã tɔ ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu. Eyɔ dɔ dɔ ɖe sia ɖe lélawo, eɖanye lãmevee, tsukuku, lãmetutu, kpeŋui, gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ame me o, eda dɔ siawo katã.
השמועות על הניסים שחולל פשטו מעבר לגבולות הגליל, וחולים באו אליו להירפא אפילו מסוריה. הובאו אליו אנשים אחוזי־שדים, מטורפים ומשותקים, וישוע ריפא את כולם.
25 Ameha gã aɖe ŋutɔ dze eyome, eye afi sia afi si wòto ko la, wonɔ eyome kplikplikpli. Ame siawo tso Galilea nuto me, Yerusalem, Dekapoli kple Yudea godoo, ɖewo gɔ̃ hã tso keke Yɔdan tɔsisi la ƒe go evelia dzi ke.
לכל מקום שהלך, הלכו אחריו המונים: מהגליל, מחו״ל, מירושלים, מיהודה ואף מעבר הירדן.

< Mateo 4 >