< Mateo 28 >

1 Ke le ŋkeke si dze Dzudzɔgbe yome, si nye Kɔsiɖagbe ƒe fɔŋli me la, Maria Magdalatɔ kple Maria evelia woyi ɖe yɔdo la to.
After the Sabbath, at dawn on the first day of the week, Mary Magdalene and the other Mary went to see the tomb.
2 Kasia anyigba ʋuʋu sesĩe, elabena mawudɔla aɖe si tso Aƒetɔ la gbɔ la ɖi tso dziƒo va mli kpe gã la ɖa, eye wònɔ anyi ɖe edzi.
Suddenly there was a great earthquake, for an angel of the Lord descended from heaven, rolled away the stone, and sat on it.
3 Mawudɔla la ƒe mo nɔ keklẽm abe dzikedzo ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe ɖetifu ene.
His appearance was like lightning, and his clothes were white as snow.
4 Esi dzɔlawo kpɔe la, dzidzi ƒo wo, eye womu dze anyi heku ƒenyi.
The guards trembled in fear of him and became like dead men.
5 Mawudɔla la ƒo nu na nyɔnuawo gblɔ be, “Migavɔ̃ o, elabena menya be Yesu si woklã ɖe ati ŋuti la dim miele,
But the angel said to the women, “Do not be afraid, for I know that you are looking for Jesus, who was crucified.
6 gake mele afi sia o, elabena etsi tsitre abe ale si wògblɔ da ɖi ene. Miva kpɔ afi si wokɔe mlɔ la ɖa.
He is not here; He has risen, just as He said! Come, see the place where He lay.
7 Azɔ miɖe abla miayi aɖagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be etsi tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòyina ɖe Galilea be miava kpe ye le afi ma. Mixɔ nye gbedeasi sia yi na wo.”
Then go quickly and tell His disciples, ‘He has risen from the dead and is going ahead of you into Galilee. There you will see Him.’ See, I have told you.”
8 Nyɔnuawo ƒu du dzo le yɔdo la to kple vɔvɔ̃ kple dzidzɔ. Esi wole dua dzi yina ɖe nusrɔ̃lawo di ge la,
So they hurried away from the tomb in fear and great joy, and ran to tell His disciples.
9 Yesu va kpe wo. Edo gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi,” eye wodze klo ɖe eƒe akɔme helé eƒe afɔwo ɖe asi, eye wosubɔe.
Suddenly Jesus met them and said, “Greetings!” They came to Him, grasped His feet, and worshiped Him.
10 Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o! Miyi miagblɔ na nɔvinyewo be woadze mɔ enumake woayi ɖe Galilea, eye woado gom le afi ma.”
“Do not be afraid,” said Jesus. “Go and tell My brothers to go to Galilee. There they will see Me.”
11 Esi nyɔnuawo le gegem ɖe dua me la, asrafo siwo nɔ yɔdo la ŋuti dzɔm la ƒe ɖewo va nunɔlagãwo gbɔ hegblɔ nu si va dzɔ la na wo.
While the women were on their way, some of the guards went into the city and reported to the chief priests all that had happened.
12 Esi nunɔlagãwo kpe ta kple dumegãwo la, wode aɖaŋu, eye wotsɔ ga home gã aɖe na asrafoawo hegblɔ be,
And after the chief priests had met with the elders and formed a plan, they gave the soldiers a large sum of money
13 “Migblɔ be, ‘Eƒe nusrɔ̃lawo va le zã me, eye wofi eƒe kukua dzoe esime míenɔ alɔ̃ dɔm.’”
and instructed them: “You are to say, ‘His disciples came by night and stole Him away while we were asleep.’
14 Takpekpe la do ŋugbe be, “Nenye be mɔmefia la se nya sia la, míatsi tsitre aʋli mia ta, eye nu sia nu ayi edzi nyuie.”
If this report reaches the governor, we will satisfy him and keep you out of trouble.”
15 Ale asrafoawo xɔ ga la, eye wogblɔ nu si woɖo na wo be woagblɔ la. Nya la kaka ɖe Yudatɔwo dome gbẽe, eye woxɔe se va se ɖe egbegbe gɔ̃ hã.
So the guards took the money and did as they were instructed. And this account has been circulated among the Jews to this very day.
16 Nusrɔ̃la wuiɖekɛawo hã dze Galilea mɔ dzi, eye woyi ɖe to si dzi Yesu ɖo be yeado go wo le la dzi.
Meanwhile, the eleven disciples went to Galilee, to the mountain Jesus had designated.
17 Wokpe Yesu le afi sia, eye wosubɔe, ke wo dometɔ aɖewo meka ɖe edzi be Yesu ŋutɔe nye ema o.
When they saw Him, they worshiped Him, but some doubted.
18 Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba la katã de asi nam,
Then Jesus came to them and said, “All authority in heaven and on earth has been given to Me.
19 eya ta miyi ɖawɔ amewo le dukɔ ɖe sia ɖe me woanye nye nusrɔ̃lawo; miade mawutsi ta na wo le Fofo la, Vi la kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me.
Therefore go and make disciples of all nations, baptizing them in the name of the Father, and of the Son, and of the Holy Spirit,
20 Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi, eye kakaɖedzi nenɔ mia si ɣe sia ɣi be meli kpli mi ɣe sia ɣi va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.” (aiōn g165)
and teaching them to obey all that I have commanded you. And surely I am with you always, even to the end of the age.” (aiōn g165)

< Mateo 28 >