< Mateo 27 >

1 Esi ŋu ke la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegã bubuwo kpe ta be yewoade ŋugble le ale si woawɔ able Romatɔwo ƒe dziɖuɖua nu ne woatso kufia na Yesu la ŋuti.
When the morning came, all the chief priests and elders of the people held a consultation against Jesus, that they might put him to death.
2 Emegbe la, wode gae, eye wokplɔe yi na Pilato, Romatɔwo ƒe mɔmefia.
And they bound him and led him away, and delivered him to Pontius Pilate the governor.
3 Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda, ame si de Yesu asi la, kpɔ be wotso kufia nɛ. Eƒe susu trɔ, eye wòvee vevie be wòwɔ esia, eya ta egbugbɔ ga si wòxɔ le nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo si la yi na wo.
Then Judas, who had delivered him up, when he saw that he was condemned, stung by remorse, brought back the thirty pieces of silver to the chief priests and elders,
4 Egblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃, elabena mede ame maɖifɔ asi.” Ke woɖo eŋu nɛ be, “Wò nyae nye ema, ɖeke meka mí o.”
saying: I have sinned in having delivered up innocent blood. They replied: What is that to us? You will see to that.
5 Ale Yuda tsɔ ga la ƒu gbe ɖe anyigba le gbedoxɔ la me, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui.
And he threw down the money in the temple, and departed, and went and hanged himself.
6 Nunɔlagãwo va fɔ ga la le anyigba, eye wogblɔ be, “Míate ŋu atsɔ ga sia ade nudzɔɖaka la me o, elabena etsi tsitre ɖe míaƒe sewo ŋu be, míaxɔ ga si woxe ɖe ame aɖe ƒe ku ta la.”
And the chief priests took the money, and said: It is not lawful to put it into the sacred treasury, because it is the price of blood.
7 Mlɔeba la, woɖoe be yewoatsɔ ga la aƒle abɔ aɖe si le afi si zemelawo kaa anyi le la, eye yewoatrɔe wòazu ameɖiƒe na amedzro siwo ku le Yerusalem la.
And they took counsel, and bought with it the potter’s field, as a burial-place for foreigners.
8 Eya ta woyɔa ameɖiƒe sia be, “Ʋubɔ” va se ɖe egbe.
For this reason, that field is called the field of blood, to this day.
9 Esia wu nya si Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ ɖi be, “Wotsɔ klosaloga blaetɔ̃ si wòxɔ le Israelviwo gbɔ la
Then the word was fulfilled which was spoken by Jeremiah the prophet, saying: And they took the thirty pieces of silver, the price of him that had a price set upon him, on whom some of the children of Israel did set a price,
10 ƒle abɔe tso zemelawo si abe ale si Aƒetɔ la gblɔ nam ene” la nu.
and gave them for the potter’s field, as the Lord appointed me.
11 Azɔ la, Yesu tsi tsitre ɖe Pilato, Roma dziɖuɖu la ƒe mɔmefia ƒe ŋkume. Gɔvina la biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, abe ale si miegblɔe ene.”
And Jesus stood before the governor; and the governor asked him, saying: Are you the king of the Jews? Jesus replied to him: You say it.
12 Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo tsɔ nya geɖewo wɔ nutsotsoe ɖe Yesu ŋuti, gake ezi ɖoɖoe kpoo. Meɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu o.
And when he was accused by the chief priests and elders, he made no answer.
13 Pilato gabiae be, “Mèle nya gbogbo siwo gblɔm wole ɖe ŋutiwò la sem oa?”
Then Pilate said to him: Do you not hear how many things they testify against you?
14 Ke Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o, eye esia wɔ nuku na Pilato ŋutɔ.
And he gave him answer to not one word, so that the governor was greatly astonished.
15 Enye mɔmefia la ƒe ɖoɖo be ne Ŋutitotoŋkekenyui la ɖo edzi ƒe sia ƒe la, yeaɖe asi le Yudatɔ gamenɔla si wodi la ŋuti.
Now at the feast, the governor was in the habit of releasing to the multitude one prisoner, whom they chose.
16 Le ƒe sia me la, gamenɔla aɖe li. Ame sia nye ame baɖa kple tagbɔsesẽtɔ. Eƒe ŋkɔe nye Yesu Barabas.
They then had a notorious prisoner, called Barabbas.
17 Esi ameha la ɖi anyi ɖe Pilato ƒe xɔxɔnu le ŋdi ma la, ebia wo be, “Ame ka ŋutie maɖe asi le na mi? Barabas loo alo Yesu, miaƒe Kristo la?”
Therefore, while they were together, Pilate said to them: Which do you wish me to release to you, Barabbas, or Jesus, who is called Christ?
18 Elabena Pilato nya nyuie be ale si ame geɖewo dze Yesu yomee la koe biã ŋu na Yudatɔwo ƒe dumegãwo, eya ta wolée ɖo.
For he knew that through envy they had delivered him up.
19 Ke esi wònɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a ɖo gbedeasi sia ɖee be, “Mègaka asi ame dzɔdzɔe ma ŋuti o, elabena etsɔ si va yi ƒe zã la, meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe tso eŋuti.”
While he was sitting on the judgment-seat, his wife sent to him, saying: Have nothing to do with that just man, for I have suffered much to-day in a dream, because of him.
20 Azɔ la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo ble ameha la nu be woabia be woaɖe asi le Barabas ŋuti na yewo, eye woawu Yesu.
But the chief priests and the elders persuaded the multitude to ask Barabbas, and destroy Jesus.
21 Eya ta esi mɔmefia la gabia be, “Ame eve siawo dometɔ ka ŋutie maɖe asi le na mi?” La, ameha la do ɣli sesĩe be, “Barabas!”
The governor answered and said to them: Which of the two do you wish me to release to you? They replied: Barabbas.
22 Pilato bia wo be, “Ekema nu ka mawɔ kple Yesu, miaƒe Kristo la?” Wodo ɣli hoo be, “Klãe ɖe ati ŋuti!”
Pilate said to them: What then shall I do with Jesus, who is called Christ? They all said to him: Let him be crucified.
23 Pilato gabia wo be, “Nu vɔ̃ ka wòwɔ?” Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋuti!”
But the governor said: Why, what evil has he done? But they cried vehemently, saying: Let him be crucified.
24 Esi Pilato kpɔ be ameawo ɖo kplikpaa, eye hoowɔwɔ gã aɖe le egɔme dzem la, ena woku tsi ɖe gagbɛ me vɛ nɛ, ale wòklɔ asi le ameha la ƒe ŋkume gblɔ be, “Ame nyui sia ƒe ʋukɔkɔɖi metso gbɔnye o; ke boŋ etso mia gbɔ!”
When Pilate saw that he gained nothing, but rather that a tumult was rising, he took water, and washed his hands before the multitude, and said: I am innocent of the blood of this just man; you will see to it.
25 Ameha la do ɣli sesĩe be, “Eƒe ʋukɔkɔɖi ƒe tohehe neva mí kple mía viwo dzi faa!”
And all the people answered and said: His blood be upon us and upon our children.
26 Ale Pilato ɖe asi le Barabas ŋuti na wo. Ena woƒo Yesu, eye esi woƒoe vɔ la, eɖe asi le eŋu na Romasrafowo be woakplɔe aɖaklã ɖe ati ŋuti.
Then he released to them Barabbas; but after he had scourged Jesus, he delivered him up to be crucified.
27 Gbã la, asrafoawo kplɔe yi ɖe afi si aʋawɔnuwo nɔna la, eye asrafoha la katã va ƒo xlãe.
Then the soldiers of the governor took Jesus into the palace, and brought together to him the whole band.
28 Woɖe eƒe awu siwo wòdo la le eŋuti, eye wotsɔ awu dzĩ do nɛ,
And they stripped him, and put on him a scarlet cloak;
29 eye wotsɔ ŋu didi aɖewo wɔ fiakuku heɖɔ nɛ, eye wotsɔ fiatikplɔ hã de eƒe nuɖusime me. Wodzea klo ɖe eŋkume fewuɖutɔe, eye wogblɔna be, “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia.”
and when they had plaited a crown of thorn branches, they put it upon his head, and a reed in his right hand; and kneeling before him, they derided him, saying: Hail, King of the Jews!
30 Azɔ la, wotu ta ɖe eŋuti, eye woxɔ atikplɔ la le esi hetsɔ ƒo dzodome nɛ sesĩe.
And they spit upon him, and took the reed, and struck him on the head.
31 Esi wowu fewuɖuɖu la nu la, woɖe awu dzĩ la le eŋuti, eye wotsɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ, eye wokplɔe dzoe yina kaklã ge ɖe ati ŋuti.
And when they had derided him, they took off the cloak from him, and put his own clothes on him, and led him away to crucify him.
32 Esi woyina eklã ge ɖe atitsoga ŋuti la, wodo go ŋutsu aɖe si tso Kirene le Afrika. Eŋkɔe nye Simɔn, eye wozi edzi be wòatsɔ atitsoga la akpe Yesu.
And as they were going out, they found a man of Cyrene, named Simon: this man they compelled to carry his cross.
33 Ale wova ɖo teƒe si woyɔna be Golgata si gɔmee nye “Ametakoli Togbɛ.”
And when they had come to a place called Golgotha, which, when translated, is the place of a skull,
34 Asrafoawo tsɔ wain si me wode gbe siwo vena la nɛ be wòano, gake esi wòɖɔe kpɔ la, egbe enono.
they gave him vinegar to drink, mingled with gall; and when he had tasted it, he refused to drink.
35 Esi woklãe ɖe atitsoga ŋuti vɔ la, asrafoawo da akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be wòazu ame si ɖu dzi la tɔ.
And when they had crucified him, they divided his clothing among themselves, by casting the lot.
36 Esia megbe la, wonɔ anyi ɖe afi ma henɔ eŋu dzɔm.
And they sat down and watched him there.
37 Woŋlɔ nu klã ɖe eƒe atitsoga la tame be, Ame siae nye Yesu, Yudatɔwo ƒe Fia la.
And they placed above his head the charge that was made against him, written: THIS IS JESUS THE KING OF THE JEWS.
38 Ŋdi ma ke la, woklã adzodala eve hã ɖe ati ŋuti le Yesu ƒe axa eveawo dzi.
Then were two robbers crucified with him; one on his right hand, and the other on his left.
39 Ame siwo to teƒea va yina la dzui hegblɔ nya vlo geɖewo ɖe eŋuti. Woʋuʋua ta fewuɖutɔe be,
And they that passed by reviled him, shaking their heads,
40 “Ke alee wòle! Àte ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Màte ŋui oa? Ne àte ŋui, eye nènye Mawu ƒe Vi tututu la, ɖe ɖokuiwò le atitsoga la ŋuti!”
and saying: You that destroy the temple, and build it in three days, save yourself; if you are the Son of God, come down from the cross.
41 Nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegã siwo le afi ma la ɖu fewu le eŋu be,
In like manner also the chief priests, with the scribes and elders, derided him, and said:
42 “Èɖe ame bubuwo, gake màte ŋu aɖe ɖokuiwò o! Ke wò boŋue nye Israel ƒe fia la? Nenye wòe la, ɖi le atitsoga la ŋuti, ekema míaxɔ dziwò ase.
He saved others; himself he can not save. If he is the King of Israel, let him now come down from the cross, and we will believe on him.
43 Ebe yexɔ Mawu dzi se; Mawu neɖo kpe eƒe xɔse la dzi ne wòaɖee le atia ŋuti. Alo menye eyae gblɔ be, ‘Mawu ƒe Vi menye’ oa?”
He trusted in God; let him deliver him now, if he delights in him; for he said: I am the Son of God.
44 Nenema ke adzodala siwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe eŋuti la hã dzui heɖe alɔme le eŋuti.
The robbers also that were crucified with him, uttered the same reproaches against him.
45 Le ŋdɔ ma la, zãdokeli do ɖe anyigba la katã dzi gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ, tso ŋdɔ ga wuieve va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me.
From the sixth hour there was darkness over all the land till the ninth hour.
46 Le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eli, Eli, lama sabaktani?” (si gɔmee nye, “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi mahã?”).
But about the ninth hour, Jesus cried out with a loud voice, saying: Eli, Eli, lamah sabachthani? that is, My God, my God, why hast thou forsaken me?
47 Nukpɔla siwo le afi ma la dometɔ aɖewo mese nya si wògblɔ la gɔme nyuie o, eye wobu be Eliya yɔm wòle.
Some of those who were standing there, when they heard it, said: This man calls for Elijah.
48 Ameawo dometɔ ɖeka ƒu du ɖatsɔ aha tsitsi, eye wòkɔe ɖe akutsa tɔxɛ aɖe me. Etɔ akutsa la ɖe ati nu, eye wòtsɔe ɖo nu na Yesu.
And immediately one of them ran, and took a sponge, and having filled it with vinegar, put it on a reed, and gave it to him to drink.
49 Ke ame bubuwo gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋuti ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.”
The rest said: Wait, let us see if Elijah is coming to save him.
50 Yesu gado ɣli sesĩe ake. Etsɔ eƒe gbɔgbɔ la na, eye wòku kpoo.
And Jesus again cried with a loud voice, and gave up his spirit.
51 Eye kpɔ ɖa, xɔmetsovɔ si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe le gbedoxɔ me la ma ɖe eve enumake tso tame va se ɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu kpekpekpe; agakpe gãwo hã gbã,
And behold, the vail of the temple was rent in two from top to bottom. And the earth did shake, and the rocks were rent:
52 eye yɔdowo nu ʋu, eye ame kɔkɔe geɖe siwo ku la ƒe ŋutilã gagbɔ agbe.
and the sepulchers were opened, and many bodies of the saints that slept, arose.
53 Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, wodo le woƒe yɔdoawo me, eye woyi ɖe du kɔkɔe la me, afi si woɖe wo ɖokuiwo fia ame geɖewo le.
And they came out of their sepulchers after his resurrection, and entered the holy city, and appeared to many.
54 Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ lé wo, eye wogblɔ be, “Ame sia nye Mawu ƒe Vi vavã.”
Now the centurion, and those who were with him watching Jesus, when they saw the earthquake, and what was done, were greatly afraid, and said: Of a truth, this was the Son of God.
55 Nyɔnu siwo kplɔ Yesu ɖo tso Galilea be yewoava kpɔ eƒe hiahiãwo gbɔ nɛ le Yerusalem la le nu siwo katã le dzɔdzɔm la kpɔm tso adzɔge.
Many women that had followed Jesus from Galilee, and had ministered to him, were there, looking on from a distance.
56 Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ, Maria si nye Yakobo kple Yosef dada kpakple Yohanes kple Yakobo siwo nye Zebedeo ƒe viwo la dada.
Among these was Mary Magdalene, and Mary the mother of James and Joses, and the mother of the sons of Zebedee.
57 Esi fiẽ ɖo la, kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Yosef, tso Arimatia, ame si trɔ zu Yesu yomedzelawo dometɔ ɖeka la,
When the evening had come, there came a rich man of Arimathea, named Joseph; and he also was a disciple of Jesus.
58 yi ɖe Pilato gbɔ hebia Yesu ƒe ŋutilã kukua. Pilato ɖe gbe be woakɔ Yesu ƒe ŋutilã kuku la nɛ.
This man went to Pilate, and asked for the body of Jesus. Then Pilate commanded the body to be given.
59 Yosef xɔ ame kuku la, eye wòtsɔ aklala yeye aɖe si fu tititi la xatsa ɖe eŋuti nyuie,
And Joseph took the body and wrapped it in clean linen,
60 eye wòkɔe mlɔ yɔdo si eya ŋutɔ ɖe ɖe agakpewo dome la me hemli kpe gã aɖe tu ɖe yɔdo la nu.
and laid it in his own new tomb, which he had hewn out in the rock. And he rolled a great stone to the door of the tomb, and departed.
61 Maria Magdalatɔ kple Maria evelia wonɔ anyi henɔ ale si woɖi Yesu kple afi si woɖi ɖo la kpɔm.
And Mary Magdalene was there, and the other Mary, sitting opposite the tomb.
62 Eye le dzadzraɖoŋkeke ƒe ŋufɔke dzi la, nunɔlagãwo kple Farisitɔwo yi ɖe Pilato gbɔ,
On the morrow, which was the day after the preparation, the chief priests and the Pharisees came together to Pilate,
63 eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, alakpatɔ ma gblɔ kpɔ be, ‘Matsi tsitre le ŋkeke etɔ̃ megbe,’
and said: Sir, we remember that that deceiver said, while he was yet alive, After three days I will arise.
64 eya ta míedi be nàɖe gbe ne woatre yɔdo la nu va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe, ale be eƒe nusrɔ̃lawo mate ŋu ayi aɖafi eƒe ŋutilã kukua ahable amewo be etsi tsitre o. Nenye be nu sia va eme la, ekema nu si adzɔ fifia la, awu gbãtɔ.”
Therefore, command that the sepulcher be made safe till the third day, lest his disciples come and steal him away, and say to the people, He has risen from the dead; and the last error will be worse than the first.
65 Pilato ɖo nya la ŋu na wo be, “Mikplɔ asrafo siawo yi ne woadzɔ yɔdo la ŋu nyuie.”
Pilate said to them: You have a guard; go, make it as safe as you know how.
66 Ale wotre yɔdo la nu hetsɔ asrafowo ɖo afi ma be woadzɔ eŋuti.
And they went and made the sepulcher safe, by placing a seal upon the stone, and setting the guard.

< Mateo 27 >