< Mateo 25 >

1 Míatsɔ ɖetugbi ewo aɖewo ƒe ŋutinya asɔ kple dziƒofiaɖuƒe la. Ɖetugbi ewo siawo tsɔ woƒe akaɖiwo ɖe asi be yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe.
„Můj druhý příchod se bude v určitém smyslu podobat svatbě. Ti, kteří mne budou očekávat, jsou jako deset družiček, které vyhlížely ženicha, aby ho přivítaly světlem svých lamp.
2 Wo dometɔ atɔ̃ nye abunɛtɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye nunyalawo.
Jenom pět z nich bylo prozíravých a vzalo si s sebou nádobky s olejem na doplnění svítilen. Ostatní dívky na to lehkomyslně zapomněly.
3 Abunɛtɔwo tsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe akaɖiawo ŋu o.
4 Ke nunyalawo ya tsɔ ami ɖe woƒe goewo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti.
5 Eva dzɔ be ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi megbe, ale alɔ̃ de asi ɖetugbiawo tsɔtsɔ me, eye womlɔ anyi dɔ alɔ̃.
Ženich dlouho nešel, a tak všechny družičky zmohla únava a usnuly.
6 “Ke le zãtitina la, ɣli ɖi be, ‘Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo azɔ. Mido go va kpee hee!’
O půlnoci je vytrhl ze spánku křik: ‚Ženich jde! Pojďte ho přivítat!‘
7 “Ɖetugbiawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiawo ɖo.
Dívky vyskočily a rychle si upravovaly svítilny. Ty lehkomyslné, které si nevzaly dost oleje, žadonily na ostatních: ‚Dejte nám trochu svého oleje, světlo nám již zhasíná!‘
8 Tete abunɛtɔawo gblɔ na nunyalawo be, ‘Mina miaƒe ami la ƒe ɖe mí, elabena míaƒe akaɖiawo le tsitsim.’
9 “Gake woɖo eŋu na abunɛtɔawo be, ‘Mía tɔ hã mesɔ gbɔ ade mia kple míawo nu o, eya ta miyi ne miadze ɖe na mia ɖokuiwo.’
Ale ty rozumné jim odpověděly: ‚Když se rozdělíme, nevystačí olej nám ani vám. Zkuste to raději u kupce!‘
10 “Kaka woaɖe afɔ la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo xoxo, eye ame siwo nɔ klalo la yi srɔ̃ɖeƒe la kplii, eye wotu agbo si le aƒea nu la.
Sotva však odběhly pro olej, přišel ženich a ty dívky, které byly připraveny, šly s ním na svatební hostinu.
11 “Emegbe la, ɖetugbi abunɛtɔ atɔ̃awo va do ɖe agboa nu nɔ ɣli dom be, ‘Aƒetɔ, ʋu agbo la na mí!’
Dalších pět družiček přišlo už k zavřeným dveřím. Volaly: ‚Pane, otevři nám!‘
12 “Aƒetɔ la ɖo eŋu na wo be, ‘Vavã mele egblɔm na mi bena, nyemenya mi o!’
Ale on odpověděl: ‚Je pozdě, už vás nemohu přijmout.‘
13 “Eya ta minɔ ŋudzɔ, eye miadzra ɖo, elabena mienya ŋkeke alo gaƒoƒo si dzi matrɔ ava o.
A tak buďte vždycky připraveni, protože nevíte, ve které chvíli přijdu.
14 “Dziƒofiaɖuƒe la gasɔ kple Aƒetɔ aɖe si ɖo be yeawɔ mɔzɔzɔ ayi anyigba bubu aɖe dzi la. Hafi wòadzo la, eyɔ eƒe dɔlawo hetsɔ ga home vovovo de asi na wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòatsɔ nɔ asi tsam va se ɖe esime yeagbɔ.
Dám vám jiný příklad. Jeden člověk si před odjezdem na dalekou cestu zavolal své zaměstnance a svěřil jim svůj majetek. Každému podle jeho schopností: jednomu pět tisíc, druhému dva a dalšímu jeden. Potom odcestoval.
15 “Etsɔ sidi akpe atɔ̃ na ame gbãtɔ, tsɔ sidi akpe eve na ame evelia, eye wòtsɔ sidi akpe ɖeka na ame etɔ̃lia. Ema ga la na wo ɖe woƒe ŋutete nu, eye le esia megbe la edzo yi mɔa dzi.
16 Ame si xɔ sidi akpe atɔ̃ la de asi asitsatsa me kplii enumake, eye eteƒe medidi hafi wògakpɔ sidi akpe atɔ̃ ɖe gatia dzi o.
Zaměstnanec, který dostal pět tisíc, začal obchodovat a vydělal dalších pět tisíc.
17 Ame si xɔ sidi akpe eve hã tsa asi kple etɔ, eye wògakpɔ sidi akpe eve bubu ɖe edzi.
Ten, který dostal dva tisíce, také sumu zdvojnásobil.
18 “Ke ame si xɔ sidi akpe ɖeka la ya yi ɖaɖe do ɖe anyigba, eye wòtsɔ eƒe Aƒetɔ ƒe ga la ɣla ɖe eme be wòanɔ dedie.
Ale ten, kterému byl svěřen jeden tisíc, vykopal v zemi jámu a do ní peníze ukryl.
19 “Aƒetɔ la trɔ gbɔ le ŋkeke geɖewo megbe, eye wòyɔ dɔlawo be woava na akɔnta tso ga siwo wòtsɔ na wo la ŋuti.
Po delší době se zaměstnavatel vrátil a chtěl, aby mu podřízení předložili účty.
20 Ame si wòtsɔ sidi akpe atɔ̃ na la tsɔ sidi akpe ewo vɛ nɛ.
První přinesl peníze a řekl: ‚Pane, svěřil jsi mi pět tisíc a tady máš zisk dalších pět tisíc.‘
21 “Eƒe Aƒetɔ kafui ŋutɔ le eƒe dɔ nyui si wòwɔ la ta. Egblɔ na dɔla la be, ‘Wò dɔla nyui, èwɔ nuteƒe ŋutɔ, eya ta tso azɔ dzi la, matsɔ dɔ geɖe ade wò dzikpɔkpɔ te. Va ne nàkpɔ dzidzɔ kplim!’
Pán ho pochválil za dobrou práci a řekl mu: ‚Osvědčil ses v malém úkolu, proto ti mohu svěřit mnohem víc. A nyní tě zvu na oslavu svého návratu.‘
22 “Ame si xɔ sidi akpe eve la hã va gblɔ na Aƒetɔ la be, ‘Aƒetɔ, ètsɔ sidi akpe eve nam, gake megakpɔ sidi akpe eve bubu ɖe edzi.’
Přišel druhý a řekl: ‚Pane, svěřil jsi mi dva tisíce a odevzdávám ti čtyři.‘–
23 “Aƒetɔ la gblɔ nɛ kple dzidzɔ be, ‘Dɔ nyui aɖee nye ema nèwɔ. Dɔla dzɔdzɔe kple nuteƒewɔlae nènye. Esi nèɖi anukware le ga home sue sia ŋu dɔ wɔwɔ me ta la, tso azɔ dzi la, matsɔ ga geɖe ade asi na wò.’
‚Velmi dobře!‘řekl pán, ‚jsi pilný a spolehlivý. Splnil jsi malý úkol, svěřím ti větší. I tebe zvu na hostinu.‘
24 “Ame si xɔ sidi akpe ɖeka la hã va do, eye wòdo dzi gblɔ na Aƒetɔ la be, ‘Aƒetɔ, menya be wò nya ɖe wòsẽ; eŋea nu le afi si mèƒã nu ɖo o, eye nèƒoa nu ƒu le afi si mewu nu ɖo o,
Pak skládal účty ten poslední: ‚Pane, vím, že jsi přísný a záleží ti na zisku,
25 ale menɔ vɔvɔ̃m be ne mekpɔ viɖe aɖe ɖe ga la dzi la, àxɔe le asinye bɔbɔe, eya ta metsɔ wò ga la ɣla ɖe to, eye esi nèva la, mehee ɖe go. Eyae nye esi.’
ale já jsem měl strach, abych neprodělal, a proto jsem raději peníze zakopal a tady ti je v pořádku vracím.‘–
26 “Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, ‘Dɔla vɔ̃ɖi kple kuviatɔe nènye; esi nènya be ame sesẽe menye, eye meŋea nu le afi si nyemeƒã nu ɖo o, eye meƒoa nu ƒu le afi si nyemewu nu ɖo o, eye esi nènya hã be mele viɖe bia ge ɖe ga la dzi la,
Pán zvolal: ‚Ty lenochu! Ty ničemo! Věděl jsi, oč mi jde.
27 ele na wò be nàtsɔ ga la ada ɖe gadzraɖoƒe nam teti be wòahe viɖe vi aɖe vɛ nam.
Měl jsi svěřené peníze uložit a vynesly by mně aspoň úrok!
28 “‘Mixɔ ga la le ame vɔ̃ɖi sia si, eye miatsɔe na ame si si sidi akpe ewo le la,
Vezměte od něho ty peníze a dejte je prvnímu.
29 elabena ame si wɔ nu si wotsɔ nɛ ŋu dɔ nyuie la, woagatsɔ nu geɖe akpee nɛ, be nu nasɔ gbɔ ɖe esi fũu. Ke ame si meɖia anukware o la, woaxɔ nu suetɔ kekeake si le esi la hã le esi.
Protože tomu, kdo dobře využívá, co mu bylo svěřeno, bude ještě přidáno. Kdo se ani trochu nesnaží, přijde o všechno.
30 Woatsɔ dɔla ɖigbɔ̃ sia aƒu gbe ɖe viviti si do tsiɖitsiɖi la me, afi ma avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.’
Toho lenocha vyžeňte ven do tmy. Zbyde mu jen pláč a pozdní lítost.‘
31 “Ne Nye, Amegbetɔ Vi la meva le nye ŋutikɔkɔe me kple mawudɔlawo katã la, ekema manɔ anyi ɖe nye ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi.
Až přijdu v královském majestátu, v doprovodu všech andělů, zasednu k soudu,
32 Ekema dukɔ siwo katã le xexea me alo ame siwo katã le xexea me la aƒo ƒu ɖe ŋkunyeme, eye mama ameawo me ɖe akpa eve abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo ɖa tso gbɔ̃wo gbɔe ene.
kam se dostaví všichni lidé. To bude chvíle konečného rozdělení lidstva. Jako pastýř vybírá ze stáda ty, které si ponechá a které vyřadí,
33 Mada alẽawo ɖe nye nuɖusime, eye gbɔ̃awo anɔ nye miame.
34 “Ekema Nye, Fia la, magblɔ na ame siwo le nye nuɖusime la be, ‘Fofonye ƒe ame yayrawo, miyi ɖe fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke la me,
tak i já řeknu svým věrným po pravici: ‚Pojďte, sám Otec vás zve do království, které je pro vás připraveno od počátku světa.
35 elabena esi dɔ wum la, miena nuɖuɖum, tsikɔ wum, eye miena tsim, medze mi abe amedzro ene, eye miexɔm atuu ɖe miaƒe aƒewo me.
Měl jsem hlad, a dali jste mi najíst, žíznil jsem, a dali jste mi pít, neměl jsem střechu nad hlavou, a vy jste mne přijali,
36 Awu menɔ ŋunye o, gake mietsɔ awu nam medo. Medze dɔ, eye mieva kpɔm ɖa. Menɔ gaxɔ me, eye mieɖi tsa va gbɔnye.’
neměl jsem co na sebe, a vy jste mne oblékli, v nemoci jste o mne pečovali, a když jsem byl ve vězení, přišli jste za mnou.‘
37 “Ame dzɔdzɔewo abia be, ‘Aƒetɔ, ɣe ka ɣi míekpɔ wò dɔ nɔ wuwòm, eye míena nuɖuɖu wò? Alo tsikɔ nɔ wuwòm, eye míena tsi wò nèno kpɔ?
Ti věrní namítnou: ‚Nevzpomínáme si, že bychom měli někdy příležitost se takto o tebe postarat.‘
38 Ɣe ka ɣi nèva dze mí abe amedzro ene,
39 eye gbe ka gbee míetsɔ awu na wò nèdo kpɔ? Ɣe ka ɣi wode wò gaxɔ me alo nedze dɔ, eye míeva kpɔ wò ɖa?’
40 “Eye Nye, Fia la, maɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miewɔ nu siawo katã na nɔvinye sue siawo dometɔ aɖe ta la, nyee miewɔ wo na!’
Tehdy jim odpovím: ‚Co dobrého jste udělali pro jednoho z mých nepatrných bratrů, to jste udělali pro mne.‘
41 “Azɔ matrɔ ɖe ame siwo le nye miame la ŋu agblɔ na wo be, ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de la. Miyi dzomavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me, (aiōnios g166)
Těm shromážděným po levici řeknu: ‚Pryč ode mne, propadli jste ohni zatracení, který je připraven pro satana a pro jeho pomocníky! (aiōnios g166)
42 elabena esi dɔ wum la, miena nuɖuɖum o, tsikɔ wum miena tsim be mano o.
Vždyť když jsem měl hlad, nedali jste mně najíst, žíznil jsem, a nedali jste mi pít, neměl jsem střechu nad hlavou, a zavřeli jste přede mnou, neměl jsem co na sebe, a neoblékli jste mne, v nemoci jste o mne nepečovali, a když jsem byl ve vězení, nepřišli jste za mnou.‘
43 Meva dze mi abe amedzro ene, gake miexɔm o, menɔ amama, gake mietsɔ awu nam be mado o, medze dɔ, gake mieva kpɔm ɖa o, wodem gaxɔ me, gake medzro mi be miava do gbe teti hã nam o.’
44 “Woawo hã aɖo eŋu nam be, ‘Aƒetɔ, gbe ka gbe míekpɔ wò be, dɔ le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, eye míena nuɖuɖu alo tsi wò. Ɣe ka ɣi nèdze mía gbɔ, nèle amama, nèdze dɔ alo nèle gaxɔ me, eye míeva kpɔ wò ɖa alo kpe ɖe ŋuwò o mahã’?
Budou se obhajovat: ‚Pane, jak jsme ti mohli pomoci, když jsme tě nikdy neviděli?‘
45 “Ale maɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miegbe be yewomawɔ nu siawo na nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka teti hã o la, nyee nye ema miewɔ wo na o.’
Řeknu jim: ‚Teď už na tom nic nezměníte. Co jste zůstali dlužni tomu nejposlednějšímu, upřeli jste mně.‘
46 “Ale ame siawo ayi ɖe fukpekpe mavɔ me. Ke ame dzɔdzɔewo ayi agbe mavɔ la me.” (aiōnios g166)
Ti postavení na levici budou odsouzeni na věky, ale ti na pravici budou žít věčně.“ (aiōnios g166)

< Mateo 25 >