< Mateo 24 >

1 Yesu do go le gbedoxɔ la me hezɔ dzo yina, ke eƒe nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu heɖo ŋku nu dzi nɛ tso xɔ bubu siwo le gbedoxɔ me la ŋuti.
And having gone forth, Jesus departed from the temple, and His disciples came near to show Him the buildings of the temple,
2 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miele nu siawo katã kpɔma? Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be womagblẽ kpe ɖeka pɛ hã ɖe nɔvia dzi o; woagbã nu sia nu aƒu anyi.”
and Jesus said to them, “Do you not see all these? Truly I say to you, there may not be left here a stone on a stone that will not be thrown down.”
3 Azɔ edzo yi ɖanɔ Amito la dzi. Nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, ɣe ka ɣi nu siawo katã ava eme? Dzesi kawoe afia wò vava zi evelia kple xexea me ƒe nuwuwu?” (aiōn g165)
And when He is sitting on the Mount of Olives, the disciples came near to Him by Himself, saying, “Tell us, when will these be? And what [is] the sign of Your coming, and of the full end of the age?” (aiōn g165)
4 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Minɔ ŋudzɔ, be ame aɖeke nagaflu mi o,
And Jesus answering said to them, “Take heed that no one may lead you astray,
5 elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ me agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la,’ eye woaflu ame geɖewo.
for many will come in My Name, saying, I am the Christ, and they will lead many astray,
6 Ne miese be aʋa dzɔ le afi aɖe, eye aʋaɣliwo le ɖiɖim la, migaɖi vo alo avɔ̃ o, elabena esia mefia be nye vava alo nuwuwu la ɖo o. Nu siawo adzɔ, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.
and you will begin to hear of wars, and reports of wars; see, do not be troubled, for it is necessary for all [these] to come to pass, but the end is not yet.
7 Le ɣeyiɣi mawo me la, dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe atsi tsitre ɖe fiaɖuƒe ŋu. Dɔ ato le teƒe geɖewo, eye anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo.
For nation will rise against nation, and kingdom against kingdom, and there will be famines, and pestilences, and earthquakes, in various places;
8 Ke esiawo katã anye nu siwo do ŋgɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.
and all these [are the] beginning of travails;
9 “Le ɣeyiɣi mawo me la, amewo ade mi asi na yometitiwo kple wuwu gɔ̃ hã.
then they will deliver you up to tribulation, and will kill you, and you will be hated by all the nations because of My Name;
10 Le ɣe ma ɣi me la, ame geɖewo atra le xɔse la gbɔ, woade wo nɔviwo asi, eye woalé fu wo nɔewo vevie.
and then will many be stumbled, and they will deliver up one another, and will hate one another.
11 Aʋatsonyagblɔɖilawo abɔ fũu, eye woana geɖewo atra mɔ.
And many false prophets will arise, and will lead many astray;
12 Nu vɔ̃ wɔwɔ axɔ aƒe ale gbegbe be, ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃nu atsi.
and because of the abounding of the lawlessness, the love of the many will become cold;
13 Ke ame si anɔ te ase ɖe nuwuwu la, woaɖee.
but he who endured to the end, he will be saved;
14 Azɔ la, woagblɔ fiaɖuƒe la ƒe nyanyui sia le xexea me katã abe ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã ene, ekema nuwuwu la ava.”
and this good news of the kingdom will be proclaimed in all the world, for a testimony to all the nations, and then will the end arrive.
15 “Eya ta ne miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la’ le tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la, esi ƒe nya wogblɔ to Nyagblɔɖila Daniel dzi la, nya sia xlẽla nese egɔme,
Whenever, therefore, you may see the abomination of the desolation, that was spoken of through Daniel the prophet, standing in the holy place (whoever is reading let him observe)
16 ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi.
then those in Judea—let them flee to the mountains;
17 Ame si le eƒe xɔ ta la megaɖi va anyigba alo age ɖe eƒe xɔ me be yeatsɔ naneke le eme o.
he on the housetop—do not let him come down to take up anything out of his house;
18 Ame si le agble me la megatrɔ va tsɔ eƒe awu o.
and he in the field—do not let him turn back to take his garments.
19 “Baba na funɔwo kple ame siwo si vidzĩwo le le ŋkeke mawo me.
And woe to those with child, and to those giving suck in those days;
20 Mido gbe ɖa be miaƒe sisigbe megadze vuvɔŋɔli alo Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o.
and pray that your flight may not be in winter, nor on a Sabbath;
21 Le ɣe ma ɣi me la, xaxa si ƒomevi medzɔ kpɔ tso xexea me ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magadzɔ kpɔ o la anɔ anyi.
for there will then be great tribulation, such as was not from the beginning of the world until now, no, nor may be.
22 “Le nyateƒe me la, ne womeɖe le nenem ŋkekeawo dzi o la, amegbetɔƒome la katã atsrɔ̃. Ke meka ɖe edzi na mi be le Mawu ƒe ame tiatiawo ta la, woato ŋkeke siawo ɖe eme.
And if those days were not shortened, no flesh would have been saved; but because of the chosen will those days be shortened.
23 Nenye be ame aɖe agblɔ na mi be, ‘Kristo la va ɖo,’ eye wòle afii alo afi mɛ alo ‘wokpɔe le afi aɖe la,’ migaxɔe se o,
Then if anyone may say to you, Behold, here [is] the Christ! Or, Here! You may not believe;
24 elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gãwo siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase.
for there will arise false Christs, and false prophets, and they will give great signs and wonders, so as to lead astray, if possible, also the chosen.
25 Kpɔ ɖa, megblɔe na mi do ŋgɔ lo!
Behold, I told you beforehand.
26 “Eya ta ne ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Ele gbedzi afi aɖe la,’ migaɖe fu na mia ɖokuiwo be yewoayi aɖakpɔe ɖa o. Alo ne ame aɖe be, ‘Ebe ɖe xɔ gã me la,’ migaxɔe se o!
If therefore they may say to you, Behold, He is in the wilderness, you may not go forth; Behold, in the inner chambers, you may not believe;
27 Abe ale si dzi kea dzo le ɣedzeƒe wokpɔnɛ le ɣetoɖoƒe ene la, nenema ke Nye Amegbetɔ Vi la ƒe vava anɔ.
for as the lightning comes forth from the east, and appears to the west, so will also be the coming of the Son of Man;
28 Minyae be afi si nu kuku le la, afi ma akagawo nɔna.”
for wherever the carcass may be, there the eagles will be gathered together.
29 “Le xaxaŋkeke mawo megbe teti ko la, “‘Ɣe ado viviti, eye ɣleti hã magaɖi o, ɣletiviwo age tso dziƒo, eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’
And immediately after the tribulation of those days, the sun will be darkened, and the moon will not give her light, and the stars will fall from the sky, and the powers of the heavens will be shaken;
30 “Le ɣe ma ɣi me la, Amegbetɔ Vi la ƒe dzesi ado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigbadzidukɔwo katã afa konyi. Tete woakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ lilikpo dzi aɖiɖi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me,
and then will appear the sign of the Son of Man in the sky; and then will all the tribes of the earth strike the breast, and they will see the Son of Man coming on the clouds of Heaven, with power and much glory;
31 eye wòadɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi sesĩe, eye woayi aɖaƒo ame titiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe dzogoe ɖeka dzi yi bubu dzi.
and He will send His messengers with a great sound of a trumpet, and they will gather together His chosen from the four winds, from the ends of the heavens to the ends thereof.
32 “Azɔ misrɔ̃ nu tso gboti la ŋuti. Nenye be tsi ɖo eƒe alɔwo me, eye aŋgbawo de asi dodo me la, ekema minyae be dzomeŋɔli ɖo vɔ.
And from the fig tree learn the allegory: when its branch may have already become tender, and it may put forth the leaves, you know that summer [is] near,
33 Nenema ke ne miekpɔ be nu siawo katã de asi dzɔdzɔ me la, ekema minyae be nye vava tu aƒe kpokploe.
so also you, when you may see all these, you know that it is near—at the doors.
34 Vavã mele egblɔm na mi be dzidzime sia nu mava yi o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.
Truly I say to you, this generation may not pass away until all these may come to pass.
35 “Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa.
The heaven and the earth will pass away, but My words will not pass away.
36 Ke hã la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menya o, Nye, Vi la gɔ̃ hã nyemenya o, negbe Fofo la ko.
And concerning that day and the hour no one has known—not even the messengers of the heavens—except My Father only;
37 “Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me.
and as the days of Noah—so will also be the coming of the Son of Man;
38 Elabena le ŋkeke siwo do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔ me la, ameawo nɔ nu ɖum, nɔ nu nom, nɔ srɔ̃ ɖem, eye wotsɔa ame nana be woaɖe va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋu la me,
for as they were, in the days before the flood, eating, and drinking, marrying, and giving in marriage, until the day Noah entered into the Ark,
39 eye womenya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge o va se ɖe esime tsiɖɔɖɔ la va, eye wòkplɔ wo katã dzoe. Nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vavaɣi.
and they did not know until the flood came and took all away, so will also be the coming of the Son of Man.
40 “Ame eve anɔ agble me anɔ dɔ wɔm, woava akplɔ ɖeka adzoe agblẽ ɖeka ɖi.
Then two [men] will be in the field: one is received, and one is left;
41 Nyɔnu eve anɔ bli tum le te dzi, woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi.
two [women] will be grinding in the mill: one is received, and one is left.
42 “Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya gbe si gbe miaƒe Aƒetɔ la ava o.
Watch therefore, because you have not known in what hour your Lord comes;
43 “Ne ame aɖe medi be fiafitɔ neva fi yeƒe nuwo le zã me o la, enɔa ŋudzɔ na fiafitɔ la ƒe vava.
and know this, that if the master of the house had known in what watch the thief comes, he had watched, and did not permit his house to be broken through;
44 Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔ kpɔm nam o.
because of this also you, become ready, because in what hour you do not think, the Son of Man comes.
45 “Azɔ minye dɔla nuteƒewɔla kple nunyala, ame si eƒe aƒetɔ atsɔ ɖo eƒe aƒemetɔwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le enaɣi.
Who, then, is the servant, faithful and wise, whom his lord set over his household, to give them the nourishment in season?
46 Nenye be metrɔ gbɔ va kpɔ nye subɔlawo miele miaƒe dɔdeasi siawo wɔm anukwaretɔe la, mayra mi ŋutɔ.
Blessed that servant, whom his lord, having come, will find doing so;
47 Le nyateƒe me la, matsɔe aɖo nye nuwo katã nu.
truly I say to you that he will set him over all his substance.
48 “Gake ne miewɔ abe dɔla vɔ̃ɖiwo ene hegblɔ na mia ɖokuiwo be, ‘Nye Aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ,’
And if that evil servant may say in his heart, My lord delays to come,
49 ale be miede asi dɔla bubuawo ƒoƒo me hele nutsuɖuɖu kple ahamumu dzi la,
and may begin to beat the fellow-servants, and to eat and to drink with the drunken,
50 miaƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si miele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo si mienya o la dzi,
the lord of that servant will arrive in a day when he does not expect, and in an hour of which he does not know,
51 eye wòaƒo mi vevie. Emegbe la, ana woadrɔ̃ ʋunu mi kple alakpanuwɔlawo, eye afi ma miafa avi, aɖu aɖukli hã le.”
and will cut him off, and will appoint his portion with the hypocrites; there will be the weeping and the gnashing of the teeth.”

< Mateo 24 >