< Mateo 22 >

1 Yesu gado lo bubu na ameha la gblɔ be,
And Jesus answering, again spoke to them in allegories, saying,
2 “Dziƒofiaɖuƒe la le abe fia aɖe si ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ gã aɖe na via ene.
“The kingdom of the heavens was likened to a man, a king, who made wedding feasts for his son,
3 Wokpe ame geɖewo ɖe kplɔ̃ sia ŋu, eye esi nu sia nu sɔ gbe vɔ la, fia la ɖo dɔlawo ɖe ame kpekpeawo be woava, elabena ɣeyiɣi la ɖo be wɔnawo nadze egɔme, gake ame kpekpeawo katã gbe womeva o.
and he sent forth his servants to call those having been called to the wedding feasts, and they were not willing to come.
4 Fia la gadɔ dɔla bubuwo ɖo ɖe ame kpekpeawo gbɔ kple gbedeasi sia be, ‘Mewu nye nyitsu kple lã damiwo, nuɖuɖu la bi, eya ta miva. Ame sia ame neɖe abla va.’
Again he sent forth other servants, saying, Say to those who have been called: Behold, I prepared my early meal, my oxen and the fatlings have been killed, and all things [are] ready, come to the wedding feasts;
5 “Ke esi ame kpekpeawo se nya sia la, ɖeko woko nu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe dzo yi nu si dze eŋu la wɔ ge; ɖeka yi eƒe agble me, eye bubu yi asigbe.
and they, having disregarded [it], went away, one to his own field, and the other to his merchandise;
6 Ke ɖewo do dɔmedzoe ɖe dɔlawo ŋu, ƒo wo vevie, eye woɖi gbɔ̃ ɖewo gɔ̃ hã.
and the rest, having laid hold on his servants, mistreated and slew [them].
7 “Fia la do dɔmedzoe, ale wòdɔ eƒe asrafowo woyi ɖawu hlɔ̃dola siawo, eye wotɔ dzo woƒe du la wòbi keŋ.
And the king having heard, was angry, and having sent forth his soldiers, he destroyed those murderers, and their city he set on fire;
8 Esia megbe la fia la gblɔ na eƒe dɔlawo be, ‘Nu sia nu sɔ gbe na ŋkeke la ɖuɖu, gake ame siwo mekpe la medze na bubu si mede wo ŋu o,
then he says to his servants, The wedding feast indeed is ready, and those called were not worthy,
9 eya ta miyi mɔtatawo dzi kple ablɔwo ƒe dzogoewo me, eye ame sia ame si miakpɔ ko la, mikpee va kplɔ̃ la ŋuti.’
be going, then, on to the cross-ways, and as many as you may find, call to the wedding feasts.
10 “Dɔlawo wɔ ɖe nya sia dzi, eye eteƒe medidi o, wokplɔ amewo vɛ fũu, ame nyuiwo kple ame baɖawo siaa, eye ale srɔ̃ɖekplɔ̃ la ŋu yɔ fũu kple amewo.
And those servants, having gone forth to the ways, gathered all, as many as they found, both bad and good, and the wedding was filled with those reclining.
11 Esi fia la ŋutɔ va do be yeado gbe na ame kpekpeawo la, ekpɔ ame ɖeka le wo dome si medo srɔ̃ɖewu si wotsɔ nɛ be wòado la o.
And the king having come in to view those reclining, saw there a man not clothed with wedding clothes,
12 “Fia la biae be, ‘Xɔ̃nye, aleke wɔ mèdo srɔ̃ɖewu hafi va afi sia o?’ Ke ŋutsu la ƒe nu tsi te, elabena menya nya si tututu wòagblɔ o.
and he says to him, Friend, how did you come in here, not having wedding clothes? And he was speechless.
13 “Fia la ɖe gbe na eŋutimewo be, ‘Mibla eƒe asiwo kple afɔwo, eye miatsɔe aƒu gbe ɖe blukɔ tsiɖitsiɖi me le xexe, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ,’
Then the king said to the servants, Having bound his feet and hands, take him up and cast forth into the outer darkness, there will be the weeping and the gnashing of the teeth;
14 “Elabena woyɔ ame geɖewo, ke ame ʋɛ aɖewo koe nye ame siwo wotia.”
for many are called, and few chosen.”
15 Esia megbe la, Farisitɔwo kpe ta, eye wode ŋugble le ale si woawɔ atsɔ biabia aɖe atre mɔ na Yesu, alée la ŋu.
Then the Pharisees having gone, took counsel how they might ensnare Him in words,
16 Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kpe ɖe Herod dunyahelawo ŋu, eye wobiae be, “Nufiala, míenyae be ame si de blibo lae nènye, eye nèfiaa Mawu ƒe mɔ le nyateƒe la nu. Amewo ƒe nyagbɔgblɔ meblea nuwò o, elabena mètsɔa ɖeke le nu si wonye la me o.
and they send to Him their disciples with the Herodians, saying, “Teacher, we have known that You are true, and the way of God in truth You teach, and You are not caring for anyone, for You do not look to the face of men;
17 Azɔ gblɔe na mí, nu kae nye wò susu? Ele eteƒe be woadzɔ duga na Kaisaro loo alo mele eteƒe o?”
tell us, therefore, what do You think? Is it lawful to give tribute to Caesar or not?”
18 Ke Yesu nya nu vɔ̃ɖi si woɖo ɖe ta me, eya ta ebia wo be, “Mi alakpanuwɔlawo! Ame ka miedi be yewoatre mɔ na kple miaƒe ayebiabia sia?
And Jesus having known their wickedness, said, “Why do you tempt Me, hypocrites?
19 Mitsɔ kɔba aɖe si wotsɔna xea dugae la vɛ nam makpɔ.” Eye wotsɔ Roma ga ɖeka va fiae.
Show Me the tribute-coin.” And they brought to Him a denarius;
20 Azɔ ebia wo be, “Ame ka ƒe nɔnɔmetatae le ga sia dzi, eye ame ka ƒe ŋkɔe le ete?”
and He says to them, “Whose [is] this image and the inscription?”
21 Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.” Yesu gblɔ na wo be, “Enyo, mitsɔ nu sia nu si nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, eye miatsɔ nu sia nu si nye Mawu hã tɔ la na Mawu.”
They say to Him, “Caesar’s”; then He says to them, “Render therefore the things of Caesar to Caesar, and the things of God to God”;
22 Esi wose eƒe ŋuɖoɖoa la, wotsi yaa, elabena ewɔ nuku na wo ŋutɔ be wòɖo nya la ŋu nyuie alea, eya ta wogblẽe ɖi hedzo.
and having heard they wondered, and having left Him they went away.
23 Gake le gbe ma gbe ke la, Zadukitɔ aɖewo, ame siwo mexɔe se be ame kukuwo atsi tsitre le nuwuwua o la va egbɔ va biae be,
In that day there came near to Him Sadducees who are saying there is not a resurrection, and they questioned Him, saying,
24 “Aƒetɔ, Mose de se na mí be ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, eye medzi vi hafi ku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosi la, eye wòadzi vi kplii, ale be ɖeviawo nanyi ameyinugbe la ƒe dome.
“Teacher, Moses said if anyone may die having no children, his brother will marry his wife, and will raise up seed to his brother.
25 Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ mia dome, woƒe tsitsitɔ ɖe srɔ̃, gake medzi vi kple nyɔnu la hafi ku o, ale eyometɔ xɔ ahosi la ɖe.
And there were with us seven brothers, and the first having married died, and having no seed, he left his wife to his brother;
26 Gake eya hã medzi vi aɖeke kple nyɔnu sia hafi ku o, eye wo nɔvi etɔ̃lia xɔ ahosi la ɖe, gake kpao, eya hã ku vimadzimadzii. Ale nɔviŋutsu adreawo katã ɖe nyɔnu sia kpɔ, gake ɖeke medzi vi kplii o.
in like manner also the second, and the third, to the seventh,
27 Mlɔeba la, nyɔnu la ŋutɔ hã va ku.
and last of all the woman also died;
28 Biabia lae nye be, ame ka tɔ nyɔnu sia azu le tsitretsitsiŋkeke la dzi? Elabena eɖe nɔvi adreawo katã kpɔ!”
therefore in the resurrection, of which of the seven will she be wife—for all had her?”
29 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miewɔ vodada gã aɖe ŋutɔ, elabena mienya mawunya kple Mawu ƒe ŋusẽ o.
And Jesus answering said to them, “You go astray, not knowing the Writings, nor the power of God;
30 Le tsitretsitsiŋkeke la dzi la, srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o; amewo katã anɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo ene.
for in the resurrection they do not marry, nor are they given in marriage, but are as messengers of God in Heaven.
31 Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, mabia mi be miexlẽ mawunya kpɔ oa? Mienyae be miawoe Mawu nɔ nu ƒom na esi wògblɔ be,
And concerning the resurrection of the dead, did you not read that which was spoken to you by God, saying,
32 ‘Nyee nye Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu’ oa? Eya ta minyae be Mawu la menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo ƒe Mawu wònye.”
I am the God of Abraham, and the God of Isaac, and the God of Jacob? God is not a God of dead men, but of living.”
33 Yesu ƒe ŋuɖoɖo la wɔ nuku na ameha la ŋutɔ.
And having heard, the multitudes were astonished at His teaching;
34 Ke esi Farisitɔwo se be Yesu de ga nu na Zadukitɔwo la, woƒo wo ɖokuiwo nu ƒu,
and the Pharisees, having heard that He silenced the Sadducees, were gathered together to Him;
35 eye wo dometɔ ɖeka, ame si nye sefiala gã aɖe la tee kpɔ hebiae be,
and one of them, a lawyer, questioned, tempting Him, and saying,
36 “Nufiala, se kae nye gãtɔ wu le Mose ƒe seawo dome?”
“Teacher, which [is] the great command in the Law?”
37 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò susu katã.
And Jesus said to him, “You will love the LORD your God with all your heart, and with all your soul, and with all your understanding—
38 Esiae nye se gbãtɔ kple gãtɔ wu.
this is a first and great command;
39 Esi gakplɔe ɖo lae nye be, nàlɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.
and the second [is] like to it: You will love your neighbor as yourself;
40 Wotu se bubuawo katã kple Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo ɖe se eve siawo dzi.”
on these—the two commands—all the Law and the Prophets hang.”
41 Esia megbe la, Farisitɔwo va ƒo xlãe, eye wòbia wo be,
And the Pharisees having been gathered together, Jesus questioned them,
42 “Aleke miekpɔ tso Kristo la ŋutɔ ŋu? Ame ka ƒe vie wònye?” Woɖo eŋu nɛ be, “David ƒe vie!”
saying, “What do you think concerning the Christ? Of whom is He Son?” They say to Him, “Of David.”
43 Yesu gabia wo be, “Ne enye David ƒe vi ɖe, nu ka ta esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va David dzi wònɔ nu ƒom la, wòyɔ Kristo la be ‘Aƒetɔ’ ɖo? Miakpɔe le mawunya me be David gblɔ be,
He says to them, “How then does David in the Spirit call Him Lord, saying,
44 “‘Mawu gblɔ na nye Aƒetɔ be: “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo ade wò afɔ te.”’
The LORD said to my Lord, Sit at My right hand, Until I may make Your enemies Your footstool?
45 Esime David yɔ Kristo la be, ‘Aƒetɔ’ ɖe, aleke wɔ wòganye via?”
If then David calls Him Lord, how is He his son?”
46 Nyateƒe, biabia la lolo wu wo, ale womete ŋu ɖo eŋuti o. Esia megbe la, ame aɖeke medo dzi gabia nya aɖekee o.
And no one was able to answer Him a word, nor did any dare question Him from that day [on].

< Mateo 22 >