< Mateo 21 >

1 Esi wòsusɔ vie Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo naɖo Yerusalem la, wova ɖo du aɖe si woyɔna be Betfage si le Amito la ŋu la me. Le afi sia la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve ɖo ɖe kɔƒe aɖe si le wo ŋgɔ la me.
저희가 예루살렘에 가까이 와서 감람산 벳바게에 이르렀을 때에 예수께서 두 제자를 보내시며
2 Egblɔ na wo be, “Ne miege ɖe kɔƒea me ko la, miakpɔ tedzinɔ aɖe kple via le ka me. Mitu ka wo, eye miakplɔ wo vɛ.
이르시되 너희 맞은편 마을로 가라 곧 매인 나귀와 나귀 새끼가 함께 있는 것을 보리니 풀어 내게로 끌고 오너라
3 Ne ame aɖe bia gbe mi la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le wo hiãm, eye ne miegblɔ esia la, womagabia nya aɖeke mi o.’”
만일 누가 무슨 말을 하거든 주가 쓰시겠다! 하라 그리하면 즉시 보내리라 하시니
4 Wowɔ esia be woawu nyagblɔɖi si wogblɔ da ɖi le blema ke la nu be,
이는 선지자로 하신 말씀을 이루려 하심이라 일렀으되
5 “Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la be, ‘Wò Fia la gbɔna gbɔwò, edo tedzi kple tedzivi si nye dɔwɔlã!’”
시온 딸에게 이르기를 네 왕이 네게 임하나니 그는 겸손하여 나귀 곧 멍에 메는 짐승의 새끼를 탔도다 하라 하였느니라
6 Nusrɔ̃la eveawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi,
제자들이 가서 예수의 명하신대로 하여
7 eye woyi ɖakplɔ tedziawo vɛ nɛ. Azɔ wotsɔ woƒe awuwo ɖo ɖe tedziawo dzi, eye Yesu nɔ wo dzi.
나귀와 나귀 새끼를 끌고 와서 자기들의 겉옷을 그 위에 얹으매 예수께서 그 위에 타시니
8 Ame geɖewo ŋutɔ le ameha la dome tsɔ woƒe avɔwo kple awuwo ɖo ɖe mɔtata dzi le eŋgɔ; bubuwo hã ŋe deʋayawo kple atilɔwo ɖo ɖe eŋgɔ be wòazɔ wo dzi.
무리의 대부분은 그 겉옷을 길에 펴며 다른 이는 나무가지를 베어 길에 펴고
9 Ameha la ƒe akpa aɖe dze eŋgɔ, eye bubu hã kplɔe ɖo kplikplikpli nɔ ɣli dom be, “Hosana na Fia David ƒe Vi la!” “Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” “Hosana le dziƒo ʋĩi!”
앞에서 가고 뒤에서 따르는 무리가 소리질러 가로되 `호산나! 다윗의 자손이여! 찬송하리로다 주의 이름으로 오시는 이여! 가장 높은곳에서 호산나' 하더라
10 Esi Yesu ge ɖe Yerusalem dua me la, zi gã aɖe ŋutɔ tɔ; ame sia ame kloe nɔ biabiam be, “Ame kae nye ame sia mahã?”
예수께서 예루살렘에 들어가시니 온 성이 소동하여 가로되 `이는 누구뇨' 하거늘
11 Ame siwo nɔ Yesu ŋu la ɖo eŋu be, “Eyae nye Yesu, Nyagblɔɖila si tso Nazaret le Galilea.”
무리가 가로되 `갈릴리 나사렛에서 나온 선지자 예수라' 하니라
12 Azɔ Yesu yi gbedoxɔ la me, eye wònya nudzralawo do goe le teƒea. Etu afɔ gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, eye wòkaka akpakpadzralawo ƒe kplɔ̃wo hã.
예수께서 성전에 들어가사 성전 안에서 매매하는 모든 자를 내어 쫓으시며 돈 바꾸는 자들의 상과 비둘기 파는 자들의 의자를 둘러 엎으시고
13 Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe’, gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’”
저희에게 이르시되 기록된 바 내 집은 기도하는 집이라 일컬음을 받으리라 하였거늘 너희는 강도의 굴혈을 만드는도다 하시니라
14 Esi wònya ameawo vɔ la, ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu le gbedoxɔ la me,
소경과 저는 자들이 성전에서 예수께 나아오매 고쳐 주시니
15 gake esi Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple sefialawo kpɔ nukunu dzɔatsu siwo wòwɔ, eye wose ɖevi suetɔ kekeake hã wònɔ ɣli dom le gbedoxɔ la me be, “Hosana na Fia David ƒe Vi la” la, dɔ me ve wo ŋutɔ.
대제사장들과 서기관들이 예수의 하시는 이상한 일과 또 성전에서 소리질러 호산나 다윗의 자손이여 하는 아이들을 보고 분하여
16 Wobiae be, “Èse nu si gblɔm ɖevi siawo lea?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, gake miexlẽe kpɔ be, “‘Èdzra kafukafu kple dodoɖedzi ɖe ɖeviwo kple vidzĩwo ƒe nu me’ oa?”
예수께 말하되 `저희의 하는 말을 듣느뇨' 예수께서 가라사대 그렇다 어린아기와 젖먹이들의 입에서 나오는 찬미를 온전케 하셨나이다 함을 너희가 읽어 본 일이 없느냐? 하시고
17 Esia megbe la, etrɔ yi Betania, eye wòtsi afi ma dɔ.
그들을 떠나 성 밖으로 베다니에 가서 거기서 유하시니라
18 Esi ŋu ke, eye Yesu fɔ gayina Yerusalem le ŋdi me la, dɔ wui le mɔa dzi.
이른 아침에 성으로 들어오실 때에 시장하신지라
19 Ekpɔ gboti aɖe le mɔa to, ale wòzɔ ɖe edzi be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi agbe aɖu mahã? Ke esi wòva ɖo atia te la, aŋgbawo ko wòkpɔ le edzi. Yesu gblɔ na gboti la be, “Tso egbe sia yina la, màgatse ku gbeɖe o!” Enumake gboti la yrɔ ɖe tsitrenu. (aiōn g165)
길 가에서 한 무화과나무를 보시고 그리로 가사 잎사귀 밖에 아무것도 얻지 못하시고 나무에게 이르시되 이제부터 영원토록 네게 열매가 맺지 못하리라 하시니 무화과나무가 곧 마른지라 (aiōn g165)
20 Nu sia wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ, ale wobiae be, “Nu kae na be gboti la yrɔ enumake?”
제자들이 보고 이상히 여겨 가로되 `무화과나무가 어찌하여 곧 말랐나이까'
21 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Le nyateƒe me la, ne xɔse vavã le mia si, eye ɖikeke mele mia me o la, miate ŋu awɔ nu siawo, eye nu siwo miawɔ la akɔ wu esiwo mewɔ kura gɔ̃ hã. Miate ŋu agblɔ na to si kpɔm miele le afii kura gɔ̃ hã be, ho nàyi aɖadze atsiaƒu me, eye wòava eme enumake.
예수께서 대답하여 가라사대 내가 진실로 너희에게 이르노니 만일 너희가 믿음이 있고 의심치 아니하면 이 무화과나무에게 된 이런 일만 할뿐 아니라 이 산더러 들려 바다에 던지우라 하여도 될 것이요
22 Nu sia nu si miabia to gbedodoɖa kple xɔse me la woana mi.”
너희가 기도할 때에 무엇이든지 믿고 구하는 것은 다 받으리라! 하시니라
23 Yesu yi gbedoxɔ la me, eye esi wònɔ nu fiam la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo va egbɔ hebiae be, “Ŋusẽ kae nèkpɔ hafi le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wò?”
예수께서 성전에 들어가 가르치실새 대제사장들과 백성의 장로들이 나아와 가로되 `네가 무슨 권세로 이런 일을 하느뇨? 또 누가 이 권세를 주었느뇨?'
24 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nye hã mabia nya ɖeka mi. Ne mieɖo eŋuti nam la, ekema nye hã magblɔ afi si mekpɔ ŋusẽ tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi.
예수께서 대답하시되 나도 한 말을 너희에게 물으리니 너희가 대답하면 나도 무슨 권세로 이런 일을 하는지 이르리라
25 Yohanes ƒe mawutsidetaname ɖe, afi ka wòtso? Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?” Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋuti miexɔ edzi se o ɖo?’
요한의 세례가 어디로서 왔느냐? 하늘로서냐 사람에게로서냐 저희가 서로 의논하여 가로되 `만일 하늘로서라 하면 어찌하여 저를 믿지 아니하였느냐 할 것이요
26 Ke ne míegblɔ be, ‘Etso amewo gbɔ’ la, míele vɔvɔ̃m na nu si ameawo awɔ, elabena wo katã woxɔe se be Yohanes nye Nyagblɔɖila.”
만일 사람에게로서라 하면 모든 사람이 요한을 선지자로 여기니 백성이 무섭다' 하여
27 Ale woɖo nya la ŋu na Yesu be, “Míenya o.” Tete Yesu hã gblɔ na wo be, “Nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ mɔɖeɖe tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi o.”
예수께 대답하여 가로되 `우리가 알지 못하노라' 하니 예수께서 가라사대 나도 무슨 권세로 이런 일을 하는지 너희에게 이르지 아니하리라
28 Azɔ Yesu yi edzi gblɔ be, “Aleke miekpɔ tso nya si gbɔna la ŋuti? Ŋutsu aɖe si si viŋutsu eve nɔ la gblɔ na tsitsitɔ be, ‘Vinye, yi nàwɔ dɔ le agble me nam egbe.’
그러나 너희 생각에는 어떠하뇨? 한사람이 두 아들이 있는데 맏아들에게 가서 이르되 얘 오늘 포도원에 가서 일하라 하니
29 “Ɖevi la ɖo eŋu be, ‘Nyemayi o.’ Ke emegbe la, etrɔ eƒe susu, eye wòyi agble la me ɖawɔ dɔ la.
대답하여 가로되 아버지여 가겠소이다 하더니 가지 아니하고
30 “Fofoa va ɖevitɔ hã gbɔ eye wògblɔ nɛ be wòawɔ nenema. Ɖevi la ɖo eŋu nɛ be, ‘Papa mayi.’ Ke egbe meyi o.
둘째 아들에게 가서 또 이같이 말하니 대답하여 가로되 싫소이다 하더니 그 후에 뉘우치고 갔으니
31 “Le ɖevi eve siawo dome ɖe, ame kae wɔ fofoa ƒe gbe dzi?” Wogblɔ bena, “Gbãtɔ lae.” Azɔ Yesu ɖe lododo la gɔme na wo be, “Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo kura age ɖe mawufiaɖuƒe la me hafi miawo miava yi,
그 둘 중에 누가 아비의 뜻대로 하였느뇨 가로되 `둘째 아들이니이다' 예수께서 저희에게 이르시되 내가 진실로 너희에게 이르노니 세리들과 창기들이 너희보다 먼저 하나님의 나라에 들어가리라
32 elabena Yohanes Mawutsidetanamela gblɔe na mi be, midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye miaku ɖe Mawu ŋu, gake mieɖo toe o. Ke ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo ɖo toe, eye wodzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Ke nu si vɔ̃ɖi wu lae nye be, esi miekpɔ be ame siawo dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ hã la, metsɔ fu le lãme na mi gɔ̃ hã be miawo hã miadzudzɔ o, ke boŋ miesẽ dzi me goŋgoŋgoŋ.
요한이 의의 도로 너희에게 왔거늘 너희는 저를 믿지 아니하였으되 세리와 창기는 믿었으며 너희는 이것을 보고도 종시 뉘우쳐 믿지 아니하였도다
33 “Miɖo to miase lododo sia ɖa. Agbledela aɖe de waingble gã aɖe, eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe. Etu nɔƒe tɔxɛ na agble la ŋu dzɔla, eye wòtu wainfiaƒe hã. Azɔ etsɔ agblea de asi na agbledelawo be woawɔ dɔ le eme, ale be yeama viɖe si ado tso eme la kpli wo. Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, agbletɔ la ŋutɔ dzo yi du bubu aɖe me.
다시 한 비유를 들으라 한 집 주인이 포도원을 만들고 산울로 두르고 거기 즙 짜는 구유를 파고 망대를 짓고 농부들에게 세로 주고 타국에 갔더니
34 “Esi nuŋeɣi ɖo la, eɖo dɔlawo ɖe agblea dzi kpɔlawo gbɔ be woaxɔ yeƒe viɖe vɛ na ye.
실과 때가 가까우매 그 실과를 받으려고 자기 종들을 농부들에게 보내니
35 Ke agbledzikpɔlawo dze ame dɔdɔawo dzi wu ɖeka, ƒo ɖeka vevie, eye woƒu kpe etɔ̃lia.
농부들이 종들을 잡아 하나는 심히 때리고 하나는 죽이고 하나는 돌로 쳤거늘
36 “Agbletɔ la gaɖo dɔla bubu geɖewo ɖa, gake wowɔ fu woawo hã abe ame dɔdɔ gbãtɔwo ene.
다시 다른 종들을 처음보다 많이 보내니 저희에게도 그렇게 하였는지라
37 Mlɔeba la, agbletɔ la dɔ Via ŋutsu ɖa kple susu sia be woade bubu eya ŋu, elabena enye via.
후에 자기 아들을 보내며 가로되 저희가 내 아들은 공경하리라 하였더니
38 “Gake kpao! Esi agbledzikpɔla siawo kpɔ ŋutsuvia wògbɔna la, wogblɔ na wo nɔewo be, ‘Ɛhɛ̃, ame siae le fofoa ƒe dome nyi ge, ale be teƒe sia katã gbɔna etɔ zu ge. Mía tɔwo, mina míawui be agble sia nazu mía tɔ!’”
농부들이 그 아들을 보고 서로 말하되 이는 상속자니 자, 죽이고 그의 유업을 차지하자 하고
39 Ale wohe agbletɔ la ƒe vi la do goe le agble la me, eye wowui.
이에 잡아 포도원 밖에 내어쫓아 죽였느니라
40 Yesu yi edzi bia wo be, “Nenye be agbletɔ la ŋutɔ gbɔ ɖe, nu ka miebu be awɔ agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siawo?”
그러면 포도원 주인이 올 때에 이 농부들을 어떻게 하겠느뇨?
41 Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo eŋu nɛ be, “Ana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòaxɔ agble la atsɔ na ame siwo awɔ eƒe gbe dzi la.”
저희가 말하되 `이 악한 자들을 진멸하고 포도원은 제 때에 실과를 바칠만한 다른 농부들에게 세로 줄지니이다'
42 Yesu gabia wo be, “Miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “‘Kpe si xɔtulawo gbe be yewomazã o lae va zua dzogoedzikpe na xɔ la oa? Esia menye nu wɔnuku aɖe si Aƒetɔ la wɔ oa’?
예수께서 가라사대 너희가 성경에 건축자들의 버린 돌이 모퉁이의 머릿돌이 되었나니 이것은 주로 말미암아 된 것이요 우리 눈에 기이하도다 함을 읽어 본 일이 없느냐
43 “Nya si gblɔm mele na mi la gɔme kpuie koe nye be woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si atsɔ na dukɔ bubu si atsɔ viɖe si nye Mawu tɔ la vɛ nɛ.
그러므로 내가 너희에게 이르노니 하나님의 나라를 너희는 빼앗기고 그 나라의 열매 맺는 백성이 받으리라
44 Nyateƒe, nya sia ɖe wòle abe kpe ene; ame si akli kpe sia la, aŋe kluikluiklui, eye ame si dzi kpe sia age adze la, agbã gudugudu.”
이 돌 위에 떨어지는 자는 깨어지겠고 이 돌이 사람 위에 떨어지면 저를 가루로 만들어 흩으리라 하시니
45 Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple Farisitɔwo kpɔe dze sii be yewoe nye agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siwo ŋu Yesu ƒo nu le le lododo la me, eye yewo ŋuti wòle nya la gblɔm ɖo.
대제사장들과 바리새인들이 예수의 비유를 듣고 자기들을 가리켜 말씀하심인 줄 알고
46 Esia ta wodi vevie be yewoawui, gake wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewolée la, ameha la atɔ zi, elabena wonya be ameha la xɔe se be Yesu nye Nyagblɔɖila.
잡고자 하나 무리를 무서워하니 이는 저희가 예수를 선지자로 앎이었더라

< Mateo 21 >