< Mateo 20 >

1 Lo bubu aɖe si Yesu do le dziƒofiaɖuƒe la ŋu lae nye esi: “Agbletɔ aɖe do go gbe ɖeka ŋdi aɖe be yeadi apaɖilawo woawɔ dɔ le yeƒe waingble me.
"For the kingdom of heaven is like a landowner who went out early in the morning to hire laborers for his vineyard.
2 Eƒo asi kple apaɖilawo, eye wolɔ̃ be wòaxe sidi wuieve na ame sia ame ŋkeke ɖeka. Ale dɔwɔlawo yi waingble la me ɖadze dɔa gɔme.
When he had agreed with the laborers for a denarius a day, he sent them into his vineyard.
3 “Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, ekpɔ ame aɖewo le asi me siwo menɔ dɔ aɖeke wɔm o.
He went out about nine in the morning, and saw others standing idle in the marketplace.
4 Ekplɔ woawo hã yi eƒe agble la me, eye wòdo ŋugbe na wo be yeaxe ga home si dze la na wo ne ŋkeke la wu nu.
To them he said, 'You also go into the vineyard, and whatever is right I will give you.' So they went their way.
5 Le ŋdɔ ga wuieve me la, egaɖo ame bubuwo hã ɖe agble la me, eye anɔ abe ga etɔ̃ me ene la, egaɖo ame bubuwo hã ɖa nenema ke.
Again he went out about noon and at three in the afternoon, and did likewise.
6 “Ke esi wòƒo ɣetrɔ ga atɔ̃ la, egayi dua me, eye wògakpɔ ame aɖewo woli dɔ aɖeke mawɔmawɔe. Ebia wo be, ‘Nu ka ta mieli alea ko dɔ aɖeke mawɔmawɔe ŋkeke blibo la ɖo?’
About five that afternoon he went out, and found others standing. He said to them, 'Why do you stand here all day idle?'
7 “Woɖo eŋu nɛ be, ‘Ame aɖeke meva tsɔ mí be míawɔ dɔ na ye o.’ “Agbletɔ la gblɔ na wo be, ‘Ekema miyi nye agble me, eye miakpe ɖe ame siwo le dɔ wɔm le afi ma la ŋu.’
"They said to him, 'Because no one has hired us.' "He said to them, 'You also go into the vineyard.'
8 “Azɔ esi fiẽ ɖo la, agbletɔ la yɔ eƒe gadzikpɔla be neva xe fe na dɔwɔlawo, eye wòadze egɔme tso ame siwo wòɖo ɖe agble la me mamlɛa la dzi.
When evening had come, the lord of the vineyard said to his manager, 'Call the laborers and pay them their wages, beginning from the last to the first.'
9 Gadzikpɔla la yɔ ame siwo yi agble la me le ga atɔ̃ me la vɛ, eye wòxe ŋkeke ɖeka blibo ƒe fetu na wo dometɔ ɖe sia ɖe.
"When those who were hired at about five in the afternoon came, they each received a denarius.
10 Esia ta esi wòyɔ ame siwo va gbã la vɛ la, woawo nɔ bubum be yewoƒe fetu akɔ wu ame siwo va le ga atɔ̃ me la tɔ, gake kpao; ga home ma sinu ke ko wòxe na woawo hã.
When the first came, they supposed that they would receive more; and they likewise each received a denarius.
11 “Ame gbãtɔwo he nya ɖe agbletɔ la ŋu vevie gblɔ be,
When they received it, they murmured against the master of the household,
12 ‘Ame siawo la, gaƒoƒo ɖeka pɛ ko wowɔ dɔ, ke nu ka ta woxɔ fetu wòsɔ kple mí ame siwo wɔ dɔ ŋkeke blibo la katã le ŋdɔ sesẽ nu la tɔ ɖo?’
saying, 'These last have spent one hour, and you have made them equal to us, who have borne the burden of the day and the scorching heat.'
13 “Agbletɔa gblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, nyemedze agɔ le mia dzi o; ɖe menye miawo ŋutɔe lɔ̃ be ame sia ame axɔ sidi wuieve si nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu oa?
"But he answered one of them, 'Friend, I am doing you no wrong. Did you not agree with me for a denarius?
14 Mexee na mi, eya ta mitsɔe miadzo. Nye ŋutɔe lɔ̃ xe ga home ma ke na ame sia ame.
Take that which is yours, and go your way. It is my desire to give to this last just as much as to you.
15 Ɖe mɔ meli be be ame naxe ga home si dze eŋu la na nɔvia? Ɖe wòle be miado dziku, elabena mewɔ dɔmenyoa?’
Is it not lawful for me to do what I want to with what I own? Or is your eye evil, because I am good?'
16 Esia ta gbãtɔwo azu mamlɛtɔwo eye mamlɛtɔwo azu gbãtɔwo.”
So the last will be first, and the first last; for many are called, but few are chosen."
17 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta Yerusalem, eye esi wole mɔa dzi la, eɖe kpɔ nusrɔ̃la wuieveawo,
As Jesus was going up to Jerusalem, he took the Twelve aside, and on the way he said to them,
18 hegblɔ nu siwo ava dzɔ ɖe edzi nenye be woɖo Yerusalem la na wo. Egblɔ na wo be, “Woadem asi na Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple sefialawo, eye woatso kufia nam.
"Look, we are going up to Jerusalem, and the Son of Man will be delivered to the chief priests and scribes, and they will condemn him to death,
19 Woatsɔm ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye amewo aɖu fewu le ŋunye. Woaklãm ɖe atitsoga ŋu maku, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mafɔ.”
and will hand him over to the non-Jews to mock, to scourge, and to crucify; and the third day he will be raised up."
20 Eva eme be Zebedeo ƒe vi eveawo dada va Yesu gbɔ, dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòbiae be wòawɔ dɔmenyo tɔxɛ aɖe na ye.
Then the mother of the sons of Zebedee came to him with her sons, kneeling and asking a certain thing of him.
21 Yesu biae be, “Nu ka dim nèle be mawɔ na wò?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Medi be nàna be vinye ŋutsuvi eve siawo nanɔ fiazikpui eve dzi le wò ɖusi kple mia me le wò fiaɖuƒe la me.”
He said to her, "What do you want?" She said to him, "Command that these, my two sons, may sit, one on your right hand, and one on your left hand, in your Kingdom."
22 Yesu gblɔ nɛ be, “Mènya nu si biam nèle la o!” Azɔ etrɔ ɖe Yakobo kple Yohanes ŋu, eye wòbia wo be, “Miawo hã, miate ŋu anɔ te ɖe fu dziŋɔ si kpe ge mala kpuie la nua?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míate ŋui.”
But Jesus answered and said, "You do not know what you are asking. Are you able to drink the cup that I am about to drink?" They said to him, "We are able."
23 Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu akpe fu dziŋɔ si kpe ge mala la, gake anyinɔnɔ ɖe nye ɖusi kple mia me ya la, ŋusẽ mele asinye be matɔ asi ame siwo anɔ afi ma la dzi o. Fofonye ŋutɔ tia ame siwo anɔ teƒe siawo la da ɖi xoxo.”
He said to them, "You will indeed drink my cup, but to sit on my right hand and on my left hand is not mine to give; but it is for whom it has been prepared by my Father."
24 Dɔ me ve nusrɔ̃la ewo mamlɛawo ŋutɔ esi wose nu si nɔvi eveawo, Yakobo kple Yohanes, yi ɖabia Yesu la.
When the ten heard it, they were indignant with the two brothers.
25 Ke Yesu yɔ wo katã ƒo ƒu ɖe eɖokui gbɔ hegblɔ na wo be, “Le dzimaxɔsetɔwo dome la, fiawo ɖua wo teviwo dzi kple asi sesẽ, eye nenema ke dɔnunɔlawo hã ɖua fia ɖe wo teviwo dzi.
But Jesus summoned them, and said, "You know that the rulers of the nations lord it over them, and their great ones exercise authority over them.
26 Nyemedi be nenem nu sia nanɔ miawo hã dome o. Ame si le mia dome si di be yeanye mia nunɔla la, eyae wòle be wòanye miaƒe subɔla,
It will not be so among you, but whoever desires to become great among you must be your servant.
27 eye ame si di be yeanye gbãtɔ le mi katã dome la, eyae wòle be wòanye miaƒe subɔla anɔ dɔ tsɔm na mi.
And whoever desires to be first among you must be your slave,
28 Ele be miaƒe nuwɔna nanɔ abe tɔnye ene, elabena Nye Amegbetɔ Vi la, nyemeva be woasubɔm o, ke boŋ ɖe meva be masubɔ amewo, eye matsɔ nye agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.”
even as the Son of Man did not come to be served, but to serve, and to give his life as a ransom for many."
29 Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le Yeriko dua me dzo yina la, ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo.
As they went out from Jericho, a large crowd followed him.
30 Ŋkuagbãtɔ eve nɔ anyi ɖe mɔ si dzi wòto va yina la to. Esi wose be Yesu gbɔna mɔ ma dzi to ge ava yi la, wode asi ɣlidodo me bobobo nɔ gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí!”
And look, two blind men sitting by the road, when they heard that Jesus was passing by, shouted, "Have mercy on us, Lord, son of David."
31 Amewo blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, gake kpao; fifi kura gɔ̃ woƒe gbe ganɔ dzi dem ɖe edzi wu be, “Aƒetɔ David vi la, kpɔ nublanui na mi.”
The crowd rebuked them, telling them that they should be quiet, but they shouted even more, "Have mercy on us, Lord, son of David."
32 Yesu tɔ, eye wòyɔ wo vɛ hebia wo be, “Nu ka miedi be mawɔ na mi?”
Jesus stood still, and called them, and asked, "What do you want me to do for you?"
33 Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be míaƒe ŋkuwo naʋu míakpɔ nu.”
They told him, "Lord, that our eyes may be opened."
34 Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta eka asi woƒe ŋkuawo ŋu. Ŋkuawo ʋu enumake, eye ameawo de asi nukpɔkpɔ me. Ale woawo hã kplɔ Yesu ɖo kple dzidzɔ gã aɖe.
Jesus, being moved with compassion, touched their eyes; and immediately their eyes received their sight, and they followed him.

< Mateo 20 >