< Mateo 2 >

1 Esi wodzi Yesu le Betlehem le Yudea, le Fia Herod ŋɔli la, ɣletivimenunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem, eye wonɔ amewo biam be,
Now when Yeshua was born in Beth-Lekhem of Yehuda in the days of Herod the king, look, Magushe from the east came to Urishlim, saying,
2 “Afi ka Yudatɔwo ƒe fia yeye si wodzi la le? Míekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe ke, ale míeva be míasubɔe.”
"Where is he who is born King of the Jews? For we saw his star in the east, and have come to worship him."
3 Esi Fia Herod se nya sia la, dzika tso eya kple Yerusalem dua me nɔlawo katã ƒo.
And when King Herod heard it, he was troubled, and all Urishlim with him.
4 Esia ta Fia Herod yɔ Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo katã ƒo ƒu, eye wòbia du si me woadzi Kristo le la wo.
And gathering together all the chief priests and scribes of the people, he asked them where the Meshikha would be born.
5 Woɖo eŋu nɛ be, “Woadzi Kristo la le Betlehem le Yudea, elabena nenema woŋlɔe ɖi to nyagblɔɖila la dzi bena,
And they said to him, "In Beth-Lekhem of Yehuda, for thus it is written through the prophet,
6 “‘O, wò Betlehem, le Yudanyigba dzi, menye Yudatɔwo ƒe du sue maxɔŋkɔ aɖe ko nènye o, elabena wò mee fia si le nye dukɔ Israel dzi ɖu ge la ado atso.’”
'And you, Beth-Lekhem, land of Yehuda, are in no way least among the rulers of Yehuda; for out of you will come forth a ruler who will shepherd my people, Israyel.'"
7 Esia megbe la, Herod dɔ ame ɖo ɖe ɣletivimenunyala siawo dzaa, eye wòbia wo be woagblɔ ɣeyiɣi si tututu wokpɔ ɣletivi la zi gbãtɔ la na ye, eye wogblɔe nɛ. Ale wòdɔ wo kple gbedeasi sia be,
Then Herod secretly called the Magushe, and learned from them exactly what time the star appeared.
8 “Miyi Betlehem ne miadi ɖevi la, eye ne mieke ɖe eŋu la, mitrɔ va gblɔe nam bena nye hã mayi aɖasubɔe!”
And he sent them to Beth-Lekhem, and said, "Go and search diligently for the young child, and when you have found him, bring me word, so that I also may come and worship him."
9 Esi wose fia la ƒe nya la, wogayi woƒe mɔzɔzɔ dzi, eye ɣletivi si wokpɔ le ɣedzeƒe la gadze wo ŋgɔ heyi ɖatɔ ɖe aƒe si me ɖevi la le la tame.
And they, having heard the king, went their way; and look, the star, which they saw in the east, went before them, until it came and stood over where the young child was.
10 Ke esi wokpɔ ɣletivia la, dzi dzɔ wo ŋutɔ.
And when they saw the star, they rejoiced with exceedingly great joy.
11 Esi woge ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria, eye woyi ɖadze klo ɖe egbɔ enumake hede ta agu nɛ. Woʋu nu le woƒe nunanawo nu, eye wotsɔ sika, kotoklobo kple lifi nɛ.
And they came into the house and saw the young child with Maryam, his mother, and they fell down and worshiped him. Then, opening their treasures, they offered to him gifts: gold, frankincense, and myrrh.
12 Eye esi Mawu xlɔ̃ nu wo le drɔ̃eƒe bena womagatrɔ ayi Herod gbɔ o la, woto mɔ bubu yi wo de.
Being warned in a dream that they should not return to Herod, they went back to their own country another way.
13 Esi ɣletivimenunyalawo dzo vɔ la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe. Egblɔ nɛ be, “Tso kpla nàkplɔ ɖevi la kple dadaa, eye nàsi ayi Egipte, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime magblɔe na wò, elabena Fia Herod le ɖevi la di ge be yeawu.”
Now when they had departed, look, an angel of the Lord appeared to Yauseph in a dream, saying, "Arise and take the young child and his mother, and flee into Egypt, and stay there until I tell you, for Herod will seek the young child to destroy him."
14 Esia ta Yosef fɔ enumake, eye wòkplɔ ɖevi la kple dadaa le zã ma me ke hesi dzo yi Egipte,
And he arose and took the young child and his mother by night, and departed into Egypt,
15 eye wonɔ afi ma va se ɖe esime Fia Herod ku. Ale wowu nya si Aƒetɔ la gblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu be, “Egipte meyɔ vinye la tsoe.”
and was there until the death of Herod; that it might be fulfilled which was spoken by the Lord through the prophet, saying, "Out of Egypt I called my son."
16 Esi Herod kpɔe be ɣletivimenunyalawo flu ye la, dɔ me vee ale gbegbe be wòdɔ asrafowo ɖo ɖe Betlehem kple eƒe nutowo me, be woaɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe ɣeyiɣi si ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ be yewokpɔ ɣletivia la nu.
Then Herod, when he saw that he was mocked by the Magushe, was exceedingly angry, and sent out, and killed all the male children who were in Beth-Lekhem and in all the surrounding countryside, from two years old and under, according to the exact time which he had learned from the Magushe.
17 Ale wowu nya si wogblɔ ɖi to Nyagblɔɖila Yeremia dzi la nu be,
Then that which was spoken by Aramiyah the prophet was fulfilled, saying,
18 “Wose ɣlidodo le Rama, avifafa kple nublanuiɣli ɖi bobobo; Rahel nɔ avi dzi le viawo ta, eye naneke mate ŋu afa akɔ nɛ o, elabena viawo megali o.”
"A voice was heard in Ramtha, lamentation and weeping and great mourning, Rachel weeping for her children; and she would not be comforted, because they are no more."
19 Esi Herod ku la, mawudɔla aɖe va ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe le Egipte. Egblɔ nɛ be,
But when Herod was dead, look, an angel of the Lord appeared in a dream to Yauseph in Egypt, saying,
20 “Tso nàkplɔ ɖevi la kple dadaa atrɔ ayi Israelnyigba dzi, elabena ame siwo le ɖevi la ƒe agbe yome tim la ku!”
"Arise and take the young child and his mother, and go into the land of Israyel, for those who sought the young child's life are dead."
21 Ale Yosef tso enumake, eye wòkplɔ Yesu kple dadaa trɔ yi Israelnyigba dzi.
And he arose and took the young child and his mother, and went to the land of Israyel.
22 Ke esi wòse be Arkelao nɔ dzi ɖum le Yudea ɖe fofoa Herod teƒe la, evɔ̃ na afi ma yiyi. Ke esi wogbe nya nɛ le drɔ̃eƒe ta la, eyi Galilea nutowo me,
But when he heard that Archelaus was reigning over Yehuda in the place of his father, Herod, he was afraid to go there. Being warned in a dream, he withdrew into the region of Galila,
23 eye wòyi ɖanɔ Nazaret. Esia wu nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖilawo dzi la nu be, “Woayɔe be Nazaretitɔ.”
and came and lived in a city called Natsrath; that it might be fulfilled which was spoken through the prophets, that he will be called a Natsraya.

< Mateo 2 >