< Mateo 19 >
1 Esi Yesu wu eƒe nuƒo sia nu la, edzo le Galilea, eye wòtso Yɔdan tɔsisi la va Yudea nutowo me.
И кад сврши Исус речи ове, отиде из Галилеје, и дође у околине јудејске преко Јордана.
2 Ameha gã aɖe kplɔe ɖo, eye wòda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu.
И за Њим идоше људи многи и исцели их онде.
3 Farisitɔ aɖewo va egbɔ be yewoadoe kpɔ. Wobiae be, “Ele se nu be ŋutsu nagbe srɔ̃a le susu ɖe sia ɖe ta?”
И приступише к Њему фарисеји да Га кушају, и рекоше Му: Може ли човек пустити жену своју за сваку кривицу?
4 Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽe kpɔ be le gɔmedzedzea me la, Wɔla la wɔ wo ŋutsu kple nyɔnu o mahã?
А Он одговарајући рече им: Нисте ли читали да је Онај који је у почетку створио човека мужа и жену створио их?
5 Eya ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi alé ɖe srɔ̃a ŋu ɖikaa, eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka.
И рече: Зато оставиће човек оца свог и матер, и прилепиће се к жени својој, и биће двоје једно тело.
6 Esia ta womeganye ame eve o, ke boŋ ame ɖeka, eya ta nu si ke Mawu bla la, amegbetɔ aɖeke megama eme o.”
Тако нису више двоје, него једно тело; а шта је Бог саставио човек да не раставља.
7 Tete wobia Yesu be, “Ekema nu ka ŋuti Mose de se be ŋutsu nana srɔ̃gbegbalẽ srɔ̃a, eye wòagbee mahã?”
Рекоше Му: Зашто дакле Мојсије заповеда да се да књига распусна, и да се пусти?
8 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mose ɖe mɔ na mi be miagbe mia srɔ̃wo, elabena miaƒe dzi me sẽ, gake menɔ alea le gɔmedzedzea me o,
Рече им: Мојсије је вама допустио по тврђи вашег срца пуштати своје жене; а из почетка није било тако.
9 eye mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame si gbe srɔ̃a, eye menye ɖe ahasiwɔwɔ ta o, ke boŋ le susu bubu aɖe ta, eye wòyi ɖaɖe nyɔnu bubu la, ewɔ ahasi.”
Него ја вама кажем: Ако ко пусти своју жену, осим за курварство, и ожени се другом, чини прељубу; и који узме пуштеницу чини прељубу.
10 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nenye be wòle alea la, anyo wu be ŋutsu maɖe srɔ̃ o.”
Рекоше Му ученици Његови: Ако је тако човеку са женом, није се добро женити.
11 Yesu gblɔ na wo be, “Menye ame sia amee ase nya sia gɔme o, negbe ame siwo ŋu Mawu kpe ɖo la ko,
А Он рече им: Не могу сви примити те речи до они којима је дано.
12 elabena wodzi ame aɖewo wonye ame tatawo tso dzɔdzɔme; ame bubuwo la, ame aɖewoe wɔ wo wozu nenema be womaɖe srɔ̃ o. Ke ame aɖewo gbea srɔ̃ɖeɖe le dziƒofiaɖuƒe la ta. Ame si lɔ̃ la, nexɔ nye nyawo.”
Јер има ушкопљеника који су се тако родили из утробе материне; а има ушкопљеника које су људи ушкопили; а има ушкопљеника који су сами себе ушкопили царства ради небеског. Ко може примити нека прими.
13 Dzila aɖewo kplɔ wo vi suewo va Yesu gbɔ be wòada asi ɖe wo dzi, eye wòado gbe ɖa ɖe wo ta. Ke nusrɔ̃lawo nya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o.
Тада приведоше к Њему децу да метне руке на њих, и да се помоли Богу; а ученици забрањиваху им.
14 Gake Yesu gblɔ be, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.”
А Исус рече: Оставите децу и не забрањујте им долазити к мени; јер је таквих царство небеско.
15 Ale wòtsɔ eƒe asiwo da ɖe wo dzi, eye wòyra wo hafi dzo.
И метнувши на њих руке отиде оданде.
16 Ame aɖe hã va Yesu gbɔ kple biabia sia be, “Nufiala, nu nyui ka mawɔ be manyi agbe mavɔ ƒe dome mahã?” (aiōnios )
И гле, неко приступивши рече Му: Учитељу благи! Какво ћу добро да учиним да имам живот вечни? (aiōnios )
17 Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èyɔm be Aƒetɔ nyui la, ekema Mawue nye ema yɔm nèle, elabena ame ɖeka koe li woayɔ be ame nyui, eye ame siae nye Mawu. Le wò biabia la ŋuti la, mele egblɔm na wò be àte ŋu ayi dziƒo nenye be èwɔ ɖe Mawu ƒe seawo dzi.”
А Он рече му: Што ме зовеш благим? Нико није благ осим једног Бога. А ако желиш ући у живот, држи заповести.
18 Ŋutsu la gabiae be, “Se kawoe?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woawoe nye, mègawu ame o; mègawɔ ahasi o; megafi fi o; mègada alakpa o;
Рече Му: Које? А Исус рече: Да не убијеш; не чиниш прељубе; не украдеш; не сведочиш лажно;
19 bu fofowò kple dawò; lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene!”
Поштуј оца и матер; и љуби ближњег свог као самог себе.
20 Ɖekakpui la gblɔ nɛ be, “Mewɔa se siawo dzi tso nye ɖevime ke, ke nu kae gasusɔ mawɔ?”
Рече Му младић: Све сам ово сачувао од младости своје; шта ми још треба?
21 Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èdi be yeazu ame dzɔdzɔe blibo la, yi nàdzra nu sia nu si le asiwò la, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ dziƒo na wò. Ne èwɔ esia vɔ la, va nàdze yonyeme.”
Рече му Исус: Ако хоћеш савршен да будеш, иди и продај све што имаш и подај сиромасима; и имаћеш благо на небу; па хајде за мном.
22 Ke esi ɖekakpui la se nya sia la, edzo kple nuxaxa, elabena enye kesinɔtɔ gã aɖe.
А кад чу младић реч, отиде жалостан; јер беше врло богат.
23 Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, “Nyateƒe, asesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ be woage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.
А Исус рече ученицима својим: Заиста вам кажем да је тешко богатоме ући у царство небеско.
24 Megale egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.”
И још вам кажем: Лакше је камили проћи кроз иглене уши него ли богатоме ући у царство Божије.
25 Ke esi nusrɔ̃lawo se nya sia la, woƒe nu ku, eye wobia be, “Ke ame ka gɔ̃ ate ŋu akpɔ ɖeɖe le xexe sia me?”
А кад то чуше ученици, дивљаху се врло говорећи: Ко се дакле може спасити?
26 Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ be, “Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o, ke naneke mesesẽna na Mawu ya o.”
А Исус погледавши на њих рече им: Људима је ово немогуће, а Богу је све могуће.
27 Petro gblɔ nɛ be, “Míawo la, míegblẽ nu sia nu ɖi hedze yowòme. Fetu ka míakpɔ?”
Тада одговори Петар и рече Му: Ето ми смо оставили све и за Тобом идемо; шта ће дакле бити нама?
28 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm be, nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la, menɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi le nye fiaɖuƒe me le ŋutikɔkɔe gã me la, ekema miawo hã mianɔ fiazikpui wuieve dzi, adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe to wuieveawo,
А Исус рече им: Заиста вам кажем да ћете ви који идете за мном, у другом рођењу, кад седе Син човечији на престолу славе своје, сешћете и ви на дванаест престола и судити над дванаест колена Израиљевих.
29 eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, nɔviŋutsuwo, nɔvia nyɔnuwo, fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo alo eƒe nunɔamesiwo ɖi hedze yonyeme la, akpɔ wo ɖe edzi teƒe alafa ɖeka, eye wòanyi agbe mavɔ ƒe dome. (aiōnios )
И сваки, који остави куће, или браћу, или сестре, или оца, или матер, или жену, или децу, или земљу, имена мог ради, примиће сто пута онолико, и добиће живот вечни. (aiōnios )
30 Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo fifia la, azu mamlɛtɔwo, eye ame siwo nye mamlɛtɔwo la, azu gbãtɔwo.”
Али ће многи први бити последњи и последњи први.