< Mateo 18 >

1 Le ɣeyiɣi sia me la, nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?”
그 때에 제자들이 예수께 나아와 가로되 `천국에서는 누가 크니이까?'
2 Yesu yɔ ɖevi sue aɖe va eɖokui gbɔ, eye wòtsɔe ɖo nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume.
예수께서 한 어린 아이를 불러 저희 가운데 세우시고
3 Azɔ egblɔ na wo be, “Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe metsri nu vɔ̃, eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la, mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o,
가라사대 진실로 너희에게 이르노니 너희가 돌이켜 어린 아이들과 같이 되지 아니하면 결단코 천국에 들어가지 못하리라
4 eya ta ame si bɔbɔ eɖokui abe ɖevi sue sia ene la, eyae age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.
그러므로 누구든지 이 어린 아이와 같이 자기를 낮추는 그이가 천국에서 큰 자니라
5 Eye mia dometɔ si axɔ ɖevi aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ema wòxɔ.
또 누구든지 내 이름으로 이런 어린아이 하나를 영접하면 곧 나를 영접함이니
6 Ke nenye be mia dometɔ aɖe ana ɖevi sue siawo dometɔ aɖe nabu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, anyo na ame ma wu ne woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, atsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wòano tsi aku boŋ.
누구든지 나를 믿는 이 소자 중 하나를 실족케 하면 차라리 연자 맷돌을 그목에 달리우고 깊은 바다에 빠뜨리우는 것이 나으리라
7 “Baba na xexea me le nu siwo nana amewo wɔa nu vɔ̃ la ta! Nu siawo ava eme tsã, gake baba na ame si dzi woato ava la!
실족케 하는 일들이 있음을 인하여 세상에 화가 있도다 실족케 하는 일이 없을 수는 없으나 실족케 하는 그 사람에게는 화가 있도다
8 Nenye wò asi alo afɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa ne nàtsɔe aƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple asi alo afɔ lalɛ̃ wu be asi eve kple afɔ eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔ me. (aiōnios g166)
만일 네 손이나 네 발이 너를 범죄케 하거든 찍어 내버리라 불구자나 절뚝발이로 영생에 들어가는 것이 두 손과 두 발을 가지고 영원한 불에 던지우는 것보다 나으니라 (aiōnios g166)
9 Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le eƒe to me ƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple ŋku ɖeka tsɔ wu be ŋku eve nanɔ asiwò, eye nàyi dzomavɔ me. (Geenna g1067)
만일 네 눈이 너를 범죄케 하거든 빼어 내버리라 한 눈으로 영생에 들어가는 것이 두 눈을 가지고 지옥불에 던지우는 것보다 나으니라 (Geenna g1067)
10 “Mikpɔ nyuie be miagado vlo ɖevi sue siawo dometɔ aɖeke o, elabena woƒe mawudɔlawo le Fofonye ƒe ŋkume le dziƒo ɣe sia ɣi. [
삼가 이 소자 중에 하나도 업신 여기지 말라 너희에게 말하노니 저희 천사들이 하늘에서 하늘에 계신 내 아버지의 얼굴을 항상 뵈옵느니라
11 Amegbetɔ Vi la va be yeaɖe ame siwo bu la.]
(없 음)
12 “Nenye be alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si, eye ɖeka bu la, aleke wòawɔ? Ɖe magble alẽ blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ mamlɛawo ɖi ayi aɖadi ɖeka si bu la le togbɛwo dzi oa?
너희 생각에는 어떻겠느뇨 만일 어떤 사람이 양 일백 마리가 있는데 그 중에 하나가 길을 잃었으면 그 아흔 아홉 마리를 산에 두고 가서 길 잃은 양을 찾지 않겠느냐
13 Vavã mele egblɔm na mi bena nenye be wòkpɔ alẽa ɖe, makpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe ɖe eŋu tsɔ wu blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ siwo le dedie le aƒe la oa?
진실로 너희에게 이르노니 만일 찾으면 길을 잃지 아니한 아흔 아홉 마리보다 이것을 더 기뻐하리라
14 Nenema ke menye Fofonye si le dziƒo ƒe didi be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã nabu o.
이와 같이 이 소자 중에 하나라도 잃어지는 것은 하늘에 계신 너희 아버지의 뜻이 아니니라
15 “Nenye be nɔviwò aɖe dze agɔ le dziwò la, yi egbɔ dzaa ne nàɖe nu si wòwɔ la fiae. Nenye be ese eɖokui gɔme, eye wòɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò sia ƒe agbe.
네 형제가 죄를 범하거든 가서 너와 그 사람과만 상대하여 권고하라 만일 들으면 네가 네 형제를 얻은 것이요
16 Ke nenye be wògbe meɖo to wò o la, kplɔ nɔviwò bubu ɖeka alo eve ɖe asi ne miayi egbɔ ake, be ame siawo naɖu ɖasefo na wò.
만일 듣지 않거든 한 두 사람을 데리고 가서 두 세 증인의 입으로 말마다 증참케 하라
17 Nenye be wògbe esia hã la, tsɔ nya la yi na hame la, eye ne hame la tso afia na wò, gake melɔ̃ ɖe edzi o la, mibu eya amea abe trɔ̃subɔla alo nudzɔla ko ene.
만일 그들의 말도 듣지 않거든 교회에 말하고 교회의 말도 듣지 않거든 이방인과 세리와 같이 여기라
18 “Nyateƒe, mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabla le anyigba dzi la anɔ babla le dziƒo, eye nu sia nu si miatu le anyigba dzi la anɔ tutu le dziƒo.
진실로 너희에게 이르노니 무엇이든지 너희가 땅에서 매면 하늘에서도 매일 것이요 무엇이든지 땅에서 풀면 하늘에서도 풀리리라
19 “Mele egblɔm na mi hã nyateƒetɔe be ne mi ame eve miewɔ ɖeka le anyigba dzi bia nane Fofonye si le dziƒo la, awɔe na mi.
진실로 다시 너희에게 이르노니 너희 중에 두 사람이 땅에서 합심하여 무엇이든지 구하면 하늘에 계신 내 아버지께서 저희를 위하여 이루게 하시리라
20 Elabena afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, manɔ wo dome.”
두 세 사람이 내 이름으로 모인 곳에는 나도 그들 중에 있느니라
21 Azɔ Petro te ɖe eŋu, eye wòbiae be, “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye ada vo ɖe ŋutinye, eye matsɔe akee? Zi adrea?”
그 때에 베드로가 나아와 가로되 `주여, 형제가 내게 죄를 범하면 몇 번이나 용서하여 주리이까? 일곱 번까지 하오리이까?'
22 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye zi adre o, ke boŋ zi blaadre teƒe adre.”
예수께서 가라사대 네게 이르노니 일곱번뿐 아니라 일흔 번씩 일곱번이라도 할지니라
23 Azɔ Yesu do lo sia be, “Dziƒofiaɖuƒe la sɔ kple fia aɖe si di be yeawɔ akɔnta kple eƒe dɔlawo la.
이러므로 천국은 그 종들과 회계하려 하던 어떤 임금과 같으니
24 Esi wònɔ akɔnta la wɔm la, wokplɔ eƒe fenyila ɖeka vɛ; ame sia nyi fe sidi akpe akpewo le esi.
회계할 때에 일만 달란트 빚진 자 하나를 데려오매
25 Fenyila la mate ŋu axe fe la o, eya ta fia la ɖe gbe be woadzra ŋutsu sia srɔ̃, viawo kple woƒe nu sia nu atsɔ axe fe lae.
갚을 것이 없는지라 주인이 명하여 그 몸과 처와 자식들과 모든 소유를 다 팔아 갚게 하라 한대
26 “Ke dɔla la dze klo ɖe fia la ƒe akɔme ɖe kuku nɛ be, ‘O, Aƒetɔ, meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie, ne mava xe fe la katã na wò emegbe.’
그 종이 엎드리어 절하며 가로되 내게 참으소서 다 갚으리이다 하거늘
27 Dɔla la ƒe nu wɔ nublanui na fia la ale gbegbe be eɖe asi le eŋu, eye wòtsɔ fe si wònyi la hã kee.
그 종의 주인이 불쌍히 여겨 놓아 보내며 그 빚을 탕감하여 주었더니
28 “Ke esi dɔla sia do go yina la, edo go ehavi dɔla bubu, ame si nyi sidi alafa aɖewo ko ƒe fe le esi. Eti kpo dze edzi helé awu ɖe vɛ nɛ, eye wòbia tso esi be, ‘Xe fe si nènyi le asinye la nam!’
그 종이 나가서 제게 백 데나리온 빚진 동관 하나를 만나 붙들어 목을 잡고 가로되 빚을 갚으라 하매
29 “Ŋutsu sia hã dze klo ɖe kuku nɛ be, ‘Meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie ekema maxe fe la katã na wò.’
그 동관이 엎드리어 간구하여 가로되 나를 참아 주소서 갚으리이다 하되
30 “Gake ŋutsu vɔ̃ɖi sia gbe asiɖeɖe le fenyila la ŋuti, eye wòna wolée de mɔ va se ɖe esime wòaxe fe la katã nɛ.
허락하지 아니하고 이에 가서 저가 빚을 갚도록 옥에 가두거늘
31 Ŋutsu nublanuitɔ sia xɔlɔ̃ aɖe kpɔ nu si dzɔ la, eye wòyi ɖagblɔ nya la na fia la.
그 동관들이 그것을 보고 심히 민망하여 주인에게 가서 그 일을 다 고하니
32 “Fia la yɔ ŋutsu vɔ̃ɖi si wòtsɔ fe kee la va egbɔ, eye wògblɔ nɛ be, ‘Wò, dɔla vɔ̃ɖi tagbɔsesẽtɔ! Nye ya metsɔ fe gbogbo si nènyi le asinye la ke wò esi neɖe kuku nam.
이에 주인이 저를 불러다가 말하되 악한 종아 네가 빌기에 내가 네 빚을 전부 탕감하여 주었거늘
33 Nu ka ta wò hã màkpɔ nublanui na amewo abe ale si nye hã mekpɔ nublanui na wò ene o?’
내가 너를 불쌍히 여김과 같이 너도 네 동관을 불쌍히 여김이 마땅치 아니하냐 하고
34 Fia la do dɔmedzoe ɖe ŋutsu sia ŋu vevie, eye wòna wodee gaxɔ me, afi si fukpekpe le, be wòanɔ afi ma va se ɖe esime wòaxe fe siwo katã wònyi la, pesewa afã hã masusɔ o.
주인이 노하여 그 빚을 다 갚도록 저를 옥졸들에게 붙이니라
35 “Alea tututu Fofonye si le dziƒo la hã awɔ na mi nenye be mietsɔ nu vɔ̃wo ke mia nɔewo tso miaƒe dzi me o.”
너희가 각각 중심으로 형제를 용서하지 아니하면 내 천부께서도 너희에게 이와 같이 하시리라

< Mateo 18 >