< Mateo 17 >
1 Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ɖe asi woyi to kɔkɔ aɖe dzi. Teƒe sia zi ɖoɖoe nyuie.
A po šesti dnech pojal Ježíš Petra a Jakuba a Jana bratra jeho, i uvedl je na horu vysokou soukromí,
2 Le toa dzi la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ enumake. Eƒe mo de asi keklẽ me abe ɣe ene, eye eƒe awu fu tititi abe kekeli ene.
A proměnil se před nimi. I zastkvěla se tvář jeho jako slunce, a roucho jeho učiněno bílé jako světlo.
3 Kasia Mose kple Eliya va do ɖe egbɔ, eye wonɔ dze ɖom kplii.
A aj, ukázali se jim Mojžíš a Eliáš, rozmlouvající s ním.
4 Petro gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, enyo ŋutɔ be míele afi sia! Ne èlɔ̃ la, na míawɔ agbadɔ etɔ̃, ɖeka nanye tɔwò, ɖeka nanye Mose tɔ, ɖeka nanye Eliya hã tɔ.”
A odpověděv Petr, řekl Ježíšovi: Pane, dobré jest nám tuto býti. Chceš-li, udělejme tuto tři stánky, tobě jeden a Mojžíšovi jeden a Eliášovi jeden.
5 Esi wònɔ nya sia gblɔm la, lilikpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi, eye gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si dzea ŋunye. Miɖo toe.”
Když pak on ještě mluvil, aj, oblak světlý zastínil je. A aj, zavzněl hlas z oblaku řkoucí: Toto jest ten můj milý Syn, v němž mi se dobře zalíbilo, toho poslouchejte.
6 Esi gbe la nɔ ɖiɖim alea la, dzidzi ƒo nusrɔ̃la etɔ̃awo, eye wotsyɔ mo anyi kple vɔvɔ̃.
To uslyšavše učedlníci, padli na tváři své a báli se velmi.
7 Ke Yesu va wo gbɔ, eye wòka asi wo ŋu gblɔ na wo be, “Mitsi tsitre, eye migavɔ̃ o.”
A přistoupiv Ježíš, dotekl se jich, řka jim: Vstaňte, nebojte se.
8 Esi wofɔ mo dzi la, Yesu ɖeka ko wokpɔ.
A pozdvihše očí svých, žádného neviděli, než samého Ježíše.
9 Esime wonɔ ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, va se ɖe esime yeafɔ tso ame kukuwo dome hafi.
Když pak sstupovali s hory, přikázal jim Ježíš, řka: Žádnému nepravte tohoto vidění, dokudž by Syn člověka nevstal z mrtvých.
10 Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm godoo be ele be Eliya nagava hafi Kristo la nava ɖo?”
I otázali se ho učedlníci jeho, řkouce: Což to pak zákoníci praví, že má Eliáš prve přijíti?
11 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele eme nenema. Ele be Eliya nava, aɖɔ nu sia nu ɖo hafi Kristo la nava.
A Ježíš odpovídaje, řekl jim: Eliáš zajisté přijde prve a napraví všecky věci.
12 Ke mele egblɔm na mi be, Eliya gatrɔ va xoxo, gake amewo mekpɔe dze sii o, eya ta wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔe la. Nenema ke Amegbetɔ Vi la hã akpe fu le woƒe asimee.”
Ale pravím vám, že Eliáš již přišel, avšak nepoznali ho, ale učinili mu, což chtěli. Takť i Syn člověka trpěti bude od nich.
13 Nusrɔ̃lawo kpɔe dze sii be Yohanes Mawutsitanamela ŋutie Yesu nɔ nu ƒom le.
Tedy srozuměli učedlníci, že jim to praví o Janovi Křtiteli.
14 Esi wova ɖo toa te la, wokpɔ ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ wo lalam. Enumake ŋutsu aɖe do tso ameha la dome va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme gblɔ be,
A když přišli k zástupu, přistoupil k němu člověk jeden, a poklekl před ním na kolena,
15 “Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi sia; ele kpeŋuidɔ lém, eye wòle fu kpem nublanuitɔe. Ne kpeŋuidɔ la dze edzi ɣe aɖewo ɣi la, enana be wòdzea dzo alo tsi me.
A řekl: Pane, smiluj se nad synem mým, nebo náměsičník jest, a bídně se trápí. Èasto zajisté padá do ohně a častokrát do vody.
16 Mekplɔe vɛ na wò nusrɔ̃lawo, gake womete ŋu da gbe le eŋu o.”
I přivedl jsem ho učedlníkům tvým, ale nemohli ho uzdraviti.
17 Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “O! Mi dzidzime kpaɖikpaɖi, dzimaxɔsetɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la va afi sia nam.”
Odpovídaje pak Ježíš, řekl: Ó národe nevěrný a převrácený, dokud budu s vámi? Dokudž vás trpěti budu? Přiveďte jej sem ke mně.
18 Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta, eye wòdo go le ɖevi la me ale be eƒe lãme sẽ enumake.
I pohrozil jemu Ježíš. I vyšlo od něho ďábelství a uzdraven jest mládenec v tu hodinu.
19 Esia megbe la, nusrɔ̃lawo va bia Yesu dzaa be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o mahã?”
Tedy přistoupivše učedlníci k Ježíšovi soukromí, řekli jemu: Proč jsme my ho nemohli vyvrci?
20 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Elabena xɔse ʋɛ aɖe koe le mia si. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ne miaƒe xɔse le sue abe logoku ene hã la, miate ŋu agblɔ na to sia be, ‘Ho le teƒe sia’, eye wòaho. Naneke wɔwɔ masesẽ na mi o. [
Řekl jim Ježíš: Pro nevěru vaši. Amen zajisté pravím vám: Budete-li míti víru, jako jest zrno horčičné, díte hoře této: Jdi odsud tam, a půjde, a nebudeť vám nic nemožného.
21 Ke miate ŋu anya gbɔgbɔ vɔ̃ siawo ƒomevi o, negbe ɖe miedo gbe ɖa hetsi nu dɔ hafi.]”
Toto pak pokolení nevychází, jediné skrze modlitbu a půst.
22 Esi wogaƒo wo ɖokuiwo nu ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo be, “Wole Amegbetɔ Vi la de ge asi na amewo,
A když byli v Galileji, řekl jim Ježíš: Syn člověka bude zrazen v ruce lidí bezbožných.
23 woawui, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, woafɔe ɖe tsitre.” Esia na nusrɔ̃lawo yɔ fũu kple nuxaxa.
A zabijíť jej, a třetího dne z mrtvých vstane. I zarmoutili se náramně.
24 Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum la, gbedoxɔmenudzɔlawo va Petro gbɔ, eye wobiae be, “Miaƒe Aƒetɔ menaa gbedoxɔmega oa?”
A když přišli do Kafarnaum, přistoupili, kteříž plat vybírali, ku Petrovi a řekli: Což mistr váš nedává platu?
25 Eɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, enanɛ.” Ke esi Petro va ɖo aƒea me la, Yesue nye ame gbãtɔ si ƒo nu. Ebia Petro be, “Simɔn, aleke nèsusu? Ame kawo si anyigbadzifiawo xɔa adzɔga kple duga le, le dukɔmeviwo si loo alo le ame bubuwo si?”
A on řekl: Dává. A když všel do domu, předšel jej Ježíš řečí, řka: Co se tobě zdá, Šimone? Králové zemští od kterých berou daň anebo plat, od synů-li svých, čili od cizích?
26 Petro ɖo eŋu nɛ be, “Le ame bubuwo si.” Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Ekema mehiã be dukɔmeviwo naxe adzɔga o.”
Odpověděl jemu Petr: Od cizích. I dí mu Ježíš: Tedy synové jsou svobodní?
27 Gake be míagadze agɔ le wo dzi o ta la, yi ɖe ƒuta, eye nàda ƒu. Lã gbãtɔ si nàɖe la, ke eƒe nu me; àkpɔ ga home aɖe si ade nye kple wò ƒe gadzɔdzɔ la nu. Tsɔe ɖaxe nye kple wò ƒe mawuxɔmenudzɔdzɔ lae.
Ale abychom jich nepohoršili, jda k moři, vrz udici, a tu rybu, kteráž nejprve uvázne, vezmi, a otevra ústa její, nalezneš groš. Ten vezma, dej jim za mne i za sebe.