< Mateo 15 >

1 Farisitɔ aɖewo kple agbalẽfialawo hã tso Yerusalem va be yewoalé nya aɖewo kpɔ kple Yesu.
אז באו אל ישוע הסופרים והפרושים אשר מירושלים׃
2 Wobiae be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo mewɔna ɖe mí Yudatɔwo ƒe blemakɔnuwo dzi o ɖo? Womewɔa kɔnu si míewɔna heklɔa asi le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu hafi ɖua nu o.”
ויאמרו מדוע תלמידיך עברים את קבלת הזקנים כי אינם רחצים את ידיהם באכלם לחם׃
3 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo hã, nu ka ta miaƒe kɔnuwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe sewo ŋuti ɖo?
ויען ויאמר אליהם מדוע גם אתם עברים את מצות אלהים בעבור קבלתכם׃
4 Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe Se gblɔ be, ‘Bu fofowò kple dawò; ame si tsi tsitre ɖe edzilawo ŋuti la, ku kee wòaku.’
כי אלהים צוה לאמר כבד את אביך ואת אמך ומקלל אביו ואמו מות יומת׃
5 Ke miawo miegblɔ be, ne ame aɖe gblɔ na fofoa alo dadaa be, ‘Nu si ke matsɔ akpe ɖe ŋutiwòe la, metsɔe wɔ adzɔgbeɖeɖe ƒe nunanae na Mawu’ la,
ואתם אמרים האמר לאביו ולאמו קרבן כל מה שאתה נהנה לי אין עליו לכבד את אביו ואת אמו׃
6 megahiã be wòatsɔe ade bubu fofoa ŋuti o. Ale miegbe Mawu ƒe nyadziwɔwɔ be mialé miawo ŋutɔ ƒe nuɖoanyiwo me ɖe asi.
ותפרו את דבר האלהים בעבור קבלתכם׃
7 Mi alakpanuwɔlawo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti be,
חנפים היטב נבא עליכם ישעיהו לאמר׃
8 “‘Ame siawo le buyem kple woƒe nuyiwo, gake woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye.
העם הזה נגש בפיו ובשפתיו כבדוני ולבו רחק ממני׃
9 Viɖe aɖeke mele woƒe subɔsubɔ ŋuti o, elabena wofiaa woawo ŋutɔ ƒe se siwo wowɔ la, eye woɖe asi le Mawu ƒe sewo ŋuti.’”
ותהו יראתם אתי מצות אנשים מלמדים׃
10 Yesu yɔ ameha la, eye wògblɔ na wo be, “Miɖo to nya si gblɔ ge mala la, be miase egɔme nyuie.
ויקרא אל העם ויאמר להם שמעו והבינו׃
11 Menye nu si ame ɖuna lae nana wòzua ame makɔmakɔ o, ke boŋ nu si ame buna kple nya si wògblɔna lae.”
לא הבא אל הפה יטמא את האדם כי אם היוצא מן הפה הוא מטמא את האדם׃
12 Nusrɔ̃lawo va biae be, “Ènya be nya si nègblɔ la ve dɔ me na Farisitɔwo ŋutɔa?”
ויגשו אליו תלמידיו ויאמרו הידעת כי הפרושים בשמעם את הדבר הזה נכשלו בו׃
13 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ati sia ati si Fofonye si le dziƒo la medo o la, woahoe kple ke.
ויען ויאמר כל מטע אשר לא נטע אבי שבשמים עקור יעקר׃
14 Miɖe asi le wo ŋuti! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo kple eve la woage ɖe do me.”
הניחו אותם מנהלים עורים המה לעורים וכי יוליך עור את העור ונפלו שניהם בתוך הבור׃
15 Petro biae be wòaɖe lododo la me na yewo.
ויען פטרוס ויאמר אליו באר לנו את המשל הזה׃
16 Yesu bia wo be, “Ke miawo hã, miese nya sia gɔme oa?
ויאמר ישוע עדנה גם אתם באין בינה׃
17 Mienyae be nu si ame ɖuna la toa eƒe dɔkaviwo me, eye wòdenɛ le nugodo me oa?
העוד לא תשכילו כי כל הבא אל הפה יורד אל הכרש וישפך משם למוצאות׃
18 Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame.
אבל היוצא מן הפה יוצא מן הלב והוא מטמא את האדם׃
19 Elabena ame ƒe dzi mee susu vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dodo, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, fififi, aʋatsokaka kple ameŋugbegblẽ doa go tsona.
כי מן הלב יוצאות מחשבות רע רציחות נאופים זנונים גנבות עדיות שקר וגדופים׃
20 Nu siawoe ƒoa ɖi ame, ke ne mèwɔ asikɔklɔ ƒe kɔnu hafi ɖu nu o la, maƒo ɖi wò o!”
אלה הם המטמאים את האדם אבל אכול בלי נטילת ידים לא יטמא את האדם׃
21 Yesu dzo le nuto ma me, eye wòzɔ mɔ kilomita blaenyi sɔŋ yi Tiro kple Sidon nutowo me.
ויצא ישוע משם ויסר אל גלילות צור וצידון׃
22 Kanan nyɔnu aɖe si le afi ma la va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be, “O, Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nye nublanui! Gbɔgbɔ vɔ̃ ge ɖe vinye nyɔnuvi me, eye wòwɔa fui ɣe sia ɣi.”
והנה אשה כנענית יצאה מן הגבולות ההם ותצעק אליו לאמר חנני אדני בן דוד כי בתי מענה מאד על ידי שד׃
23 Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o; mekpe kpe dee hã o. Eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoe ɖe enu be nenyae wòadzo. Wogblɔ be, “Gblɔ nɛ be nedzo, elabena eƒe ɣlidodo le to me vem na mí.”
והוא לא ענה אתה דבר ויגשו תלמידיו ויבקשו ממנו לאמר שלחה כי צעקת היא אחרינו׃
24 Yesu gblɔ na nyɔnu la be, “Ɖe Mawu dɔm be mava Israel dukɔ si le abe alẽ bubu ene la ko gbɔ.”
ויען ויאמר לא שלחתי כי אם אל הצאן האבדות לבית ישראל׃
25 Ke nyɔnu la te ɖe eŋu kpokploe hede ta agu nɛ gaɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, ve nunye ko!”
והיא באה ותשתחו לו לאמר אדני עזרני׃
26 Yesu gblɔ nɛ be, “Menyo be maxɔ nuɖuɖu le ɖeviwo si atsɔ na avuwo o.”
ויען ויאמר לא טוב לקחת את לחם הבנים ולהשליכו לצעירי הכלבים׃
27 Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ele eme nenema, gake avuvi siwo le kplɔ̃ te la ɖua abolo wuwlui siwo gena ɖe anyigba tso woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi.”
ותאמר כן אדני אפס כי גם צעירי הכלבים יאכלו מפרורים הנפלים מעל שלחן אדניהם׃
28 Yesu gblɔ nɛ be, “Nyɔnu, wò xɔse lolo ŋutɔ! Nu si dim nèle la neva eme na wò.” Eye enumake via nyɔnuvi la ƒe lãme sẽ.
ויען ישוע ויאמר אליה אשה גדלה אמונתך יהי לך כרצונך ותרפא בתה מן השעה ההיא׃
29 Yesu trɔ yi Galilea ƒua nu azɔ, eye wòyi ɖanɔ togbɛ aɖe si le afi ma lɔƒo la dzi.
ויעבר ישוע משם ויבא אל ים הגליל ויעל ההרה וישב שם׃
30 Ameha gã aɖe nye zi ɖe edzi le afi sia. Wokplɔ dɔnɔ siwo nye lãmetututɔwo, ŋkunɔwo, aɖetututɔwo, nuwɔametɔwo kple dɔ bubu ƒomevi geɖe lélawo la vɛ nɛ, eye wòyɔ dɔ wo katã.
ויבאו אליו המון עם רב ועמהם פסחים עורים חרשים קטעים ורבים כהמה ויפילום לרגלי ישוע וירפאם׃
31 Enye nukunu blibo! Aɖetututɔwo nɔ nu ƒom kple dzidzɔ, ame siwo ƒe abɔ kple atawo menyo o la gaɖo nɔnɔme nyui me, tekunɔwo alo bafawo nɔ kpo tim, nɔ yiyim, eye ŋkuagbãtɔwo nɔ nu kpɔm nyuie! Nyateƒe, ameha gã la ƒe nu ku, eye wokafu Israel ƒe Mawu la.
ויתמהו העם בראותם את האלמים מדברים והקטעים בריאים והפסחים מתהלכים והעורים ראים וישבחו את אלהי ישראל׃
32 Azɔ Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo be, “Ame gbogbo siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ. Ŋkeke etɔ̃e nye esia wole yonyeme, eye nuɖuɖu hã vɔ le wo si. Nyemedi be maɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii o, elabena ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi.”
ויקרא ישוע אל תלמידיו ויאמר נכמרו רחמי על העם כי זה שלשת ימים עמדו עמדי ואין להם מה לאכל ואינני אבה לשלחם רעבים פן יתעלפו בדרך׃
33 Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le le dzogbe afi sia ana ame gbogbo siawo?”
ויאמרו אליו התלמידים מאין לנו די לחם במדבר להשביע את ההמון הגדול הזה׃
34 Yesu gabia wo be, “Abolo nenie susɔ ɖe mia si?” Woɖo eŋu be, “Abolo adre kple tɔmelã vi aɖe koe susɔ.”
ויאמר ישוע אליהם כמה ככרות לחם לכם ויאמרו שבע ומעט דגים קטנים׃
35 Yesu gblɔ na ameha la be woanɔ anyi ɖe anyigba.
ויצו את המון העם לשבת לארץ׃
36 Etsɔ abolo adre la kple tɔmelãwo, eye wòda akpe na Mawu ɖe wo ta. Emegbe la, eŋe wo me kakɛkakɛ, hetsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo.
ויקח את שבע ככרות הלחם ואת הדגים ויברך ויפרס ויתן אל התלמידים והתלמידים נתנו לעם׃
37 Wo katã woɖu nu ɖi ƒo, eye nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kakɛ siwo susɔ la ɖe kusi adre me woyɔ fũu.
ויאכלו כלם וישבעו וישאו מן הפתותים הנותרים שבעה דודים מלאים׃
38 Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme le ŋutsu akpe ene, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.
והאכלים היו ארבעת אלפי איש מלבד הנשים והטף׃
39 Azɔ edo mɔ ameha la, eye wòge ɖe ʋu la me, tso ƒua heyi Magadan nutoa me.
וישלח את העם וירד באניה ויבא אל גבול מגדלא׃

< Mateo 15 >