< Mateo 14 >
2 ale wògblɔ na eƒe amewo be, “Edze ƒãa be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, eya ta wòte ŋu le nukunu geɖe siawo wɔm ɖo.”
就對的臣僕說:「這是洗者若翰,他由死者中復活了,為此,這些奇能纔在他身上運行。」
3 Azɔ la, Herod na wolé Yohanes, eye woblae de gaxɔ me le Herod, nɔvia Filipo srɔ̃ ta,
原來,黑落德為了他兄弟裴理伯的妻子黑落狄亞的原故,逮捕了若翰,把他囚在監裏,
4 elabena Yohanes he nya ɖe Herod ŋu be mele se nu be wòaxɔ nɔvia Filipo srɔ̃ aɖe o.
因為若翰曾給他說:「你不可佔有這個女人!」
5 Herod di be yeawu Yohanes, gake enɔ vɔvɔ̃m be ʋunyaʋunya ava dzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.
黑落德本有意殺他,但害怕群眾,因為他們都以若翰為先知。
6 Gbe ɖeka la, Herod nɔ dzigbezã ɖum, eye Herod ƒe vinyɔnuvi va ɖu ɣe le ame kpekpeawo ŋkume. Eƒe ɣeɖuɖu nya kpɔ na Herod ŋutɔ,
到了黑落德的生日,黑落狄亞的女兒,在席間跳舞,中悅了黑落德;
7 eya ta edo ŋugbe be yeana nu sia nu si nyɔnuvi la abia ye lae.
為此,黑落德發誓許下,她無論求什麼,都要給她。
8 Nyɔnuvia bia nu si wòabia la dadaa. Dadaa gblɔ nɛ be nebia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta. Ale wòva do ɖe fia gbɔ gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim le agba me.”
她受了她母親的唆使後,就說:「請就地把若翰的頭放在盤子裏給我!」
9 Nya sia te ɖe fia la dzi ŋutɔ, gake le atam si wòka ta la, medi be yeaɖu ŋukpe le eƒe ame kpekpeawo ŋkume o, ale wòɖe gbe be woatso ta le Yohanes nu akɔ vɛ.
王十分憂鬱,但為了誓言和同席的人,就下令給她。
10 Ale woyi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ me,
遂差人在間裏斬了若翰的頭,
11 tsɔ de agba me tsɔ vɛ na nyɔnuvi la, eye wòkɔe yi na dadaa.
把頭放在盤子裏拿來,給了女孩;女孩便拿去給了她母親。
12 Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nya la, eye woyi ɖaxɔ eƒe kukua ɖaɖi. Emegbe la, woyi ɖaka nya la ta na Yesu.
若翰的們徒前來,領了屍身,埋藏了,然後去報告給耶穌。
13 Esi Yesu se nya sia la, eya ɖeka ge ɖe ʋu aɖe me dzo le afi ma, eye wòyi ɖaɣla eɖokui ɖe teƒe tsoabo aɖe. Ke ameawo kpɔ afi si wòɖo tae la, eya ta wo dometɔ geɖewo tso kɔƒe vovovowo me to afɔ dze eyome.
耶穌一聽這個消息,就從那裏上船,私下退到荒野地方;群眾聽說了,就從個城裏步行跟了他去。
14 Ale esi wotrɔ va ƒua ta la, ekpɔ be ame gbogbo aɖewo nɔ ye lalam. Woƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eya ta eda gbe le dɔnɔ siwo le wo dome la ŋu.
他一下船,看見一大夥群眾,便對他們動了憐憫的心,治好了他們的病人。
15 Esi zã nɔ dodom la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va gblɔ nɛ be, “Afi sia la, gbedzie; naneke meli ame naɖu o, evɔ la, fiẽnuɖuɣi va yi xoxo, eya ta ɖe asi le ameha la ŋu ne woayi kɔƒe siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖaƒle nuɖuɖu.”
到了傍晚,們徒到他跟前說:「這地方是荒野,時候已不早了請你遣散群眾罷!叫他們個各自到村莊去買食物。」
16 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mehiã be woayi aɖaƒle nuɖuɖu o, miawo midi nuɖuɖu na wo woaɖu!”
耶穌卻對他們說:「他們不必去,你們給他們吃的罷!」
17 Nusrɔ̃lawo do ɣli gblɔ be, “Nu ka, abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve pɛ koe le mía si le afi sia!”
門徒對他說:「我們這裏什麼也沒有,只有五個餅和兩條魚。」
18 Yesu gblɔ na wo be, “Mitsɔ wo vɛ.”
耶穌說:「你們給我拿到這裏來!」
19 Azɔ ebia tso ameha la si be woanɔ anyi ɖe gbea dzi. Ale wòtsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve la, eye wòwu mo dzi hedo gbe ɖa ɖe wo dzi. Emegbe la, eŋe wo me tsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo.
遂又吩咐群眾坐在草地上,然後拿起那五個餅和兩條魚,望天祝福了;把餅剝開,遞給們徒,們徒再分給群眾。
20 Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie, eye esi woƒo nuɖuɖu wuwlui mamlɛawo nu ƒu la, woyɔ kusi wuieve sɔŋ.
眾人吃了,也都飽了;然後他們把剩餘的碎塊收了滿滿十二筐。
21 Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme nɔ ŋutsu akpe atɔ̃, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.
吃的人數,除了婦女和小孩外,約有五千。
22 Le esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋua me atso ƒu la, ke ye la, yeanɔ anyi ado mɔ ameha la woayi aƒe me.
耶穌即刻催迫們徒上船,在他以先到對岸去;這其間,他遣散了群眾。
23 Esi wòdo mɔ ameawo wodzo vɔ la, eya ɖeka yi togbɛawo dzi be yeado gbe ɖa. Enɔ teƒe sia va se ɖe fiẽ me,
耶穌遣散了群眾以後,便私自上山祈禱去了。到了夜晚,他獨自一個人在那裏。
24 ke afi si tɔdziʋu la ɖo la didi tso gota gbɔ, eye ƒutsotsoewo nɔ enyamam, elabena ya nɔ ƒoƒom henɔ ʋu la kpem.
船已離岸幾里了,受著波浪的顛簸,因為吹的是逆風。
25 Anɔ abe fɔŋli ga ene me lɔƒo ene la, Yesu zɔ ƒua dzi yina wo gbɔ.
夜間四更時分,耶穌步行海上,朝著他們走來。
26 Esi nusrɔ̃lawo kpɔe wònɔ ƒua dzi zɔm la, vɔvɔ̃ ɖo wo. Tete wodo ɣli be, “Ŋɔlie.”
門徒看見他在海上行走,就驚駭說:「是個妖怪。」並且嚇得大叫起來。
27 Yesu ƒo nu na wo enumake, eye wòde dzi ƒo na wo gblɔ be, “Nyee, migavɔ̃ o; miaƒe dzi nedze eme.”
耶穌立即向他們說道:「放心!是我。不必害怕!」
28 Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wò tututue la, na nye hã mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.”
伯多祿回答說:「主!如果是你,就叫我在水面上部行到你那裏去罷!」
29 Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, zɔ va.” Ale Petro ɖi ɖe tsia me le ʋua xa, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ.
耶穌說:「來罷!」伯多祿遂從船上下來,走在水面上,往耶穌那裏去。
30 Ke esi wònye kɔ kpɔ ale si ƒutsotsoeawo nɔ nyanyram la, vɔvɔ̃ ɖoe, eye wode asi toyiyi me. Ale wòdo ɣli sesĩe be, “Aƒetɔ, ɖem!”
但他一見風勢很強,就害怕起來,並開始往下沉,遂大叫說:「主,救我罷!」
31 Yesu do asi ɖa enumake, eye wòhee ɖe go. Azɔ egblɔ nɛ be, “O, wò xɔse ʋɛ tɔ, nu ka ta nèke ɖi mahã?”
耶穌立刻伸手拉助他,對他說:「小信德的人哪!你為甚麼懷疑?」
32 Esi ame eveawo ge ɖe ʋua me ko la, yaƒoƒo la tɔ zi ɖeka.
他們上了船,風就停了。
33 Nusrɔ̃la mamlɛa siwo le tɔdziʋua me la dze klo nɛ hegblɔ nɛ be, “Mawu ƒe Vie nènye vavã!”
船上的人便朝拜他說:「你真是天主子。」
34 Azɔ wotso ƒu la va do ɖe Genesaretnyigba la dzi.
他們渡到對岸,來到革乃撒勒地方。
35 Woƒe vava ɖi hoo le dua katã me. Amewo kpɔ Yesu dze sii, eye wonɔ tsatsam nɔ gbeƒã ɖem be amewo nakplɔ woƒe dɔnɔwo vɛ wòada gbe le wo ŋu.
那的方的人一認出是耶穌,就打發人到周圍整個地方,把一切患病的人,都帶到耶穌跟前,
36 Dɔnɔ aɖewo va ɖe kuku na Yesu be yewoaka asi eƒe awu to ko, eye ame siwo katã ka asi eƒe awu to la kpɔ dɔyɔyɔ.
求耶穌讓他們只摸摸他的衣邊;凡摸著的,就痊愈了。