< Mateo 13 >

1 Gbe ma gbe Yesu do go tso aƒea me yi ɖanɔ anyi ɖe ƒua nu.
ܒܗܘ ܕܝܢ ܝܘܡܐ ܢܦܩ ܝܫܘܥ ܡܢ ܒܝܬܐ ܘܝܬܒ ܥܠ ܝܕ ܝܡܐ
2 Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe eŋu ale gbegbe be ege ɖe ʋu aɖe me, eye wòyi ɖe ƒua dzi vie nɔ anyi, ke ameha la tɔ ɖe ƒua ta.
ܘܐܬܟܢܫܘ ܠܘܬܗ ܟܢܫܐ ܤܓܝܐܐ ܐܝܟ ܕܢܤܩ ܢܬܒ ܠܗ ܒܐܠܦܐ ܘܟܠܗ ܟܢܫܐ ܩܐܡ ܗܘܐ ܥܠ ܤܦܪ ܝܡܐ
3 Egblɔ nya geɖewo na wo to lododo me be, “Agbledela aɖe yi nuku wu ge.
ܘܤܓܝ ܡܡܠܠ ܗܘܐ ܥܡܗܘܢ ܒܦܠܐܬܐ ܘܐܡܪ ܗܐ ܢܦܩ ܙܪܘܥܐ ܕܢܙܪܘܥ
4 Esi wònɔ nukua wum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va fɔ wo mi.
ܘܟܕ ܙܪܥ ܐܝܬ ܕܢܦܠ ܥܠ ܝܕ ܐܘܪܚܐ ܘܐܬܬ ܦܪܚܬܐ ܘܐܟܠܬܗ
5 Ɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi, afi si ke sue aɖe ko nɔ; nuku siawo tsi vlɔvlɔvlɔ,
ܘܐܚܪܢܐ ܢܦܠ ܥܠ ܫܘܥܐ ܐܝܟܐ ܕܠܝܬ ܗܘܐ ܡܕܪܐ ܤܓܝܐܐ ܘܒܪ ܫܥܬܗ ܫܘܚ ܡܛܠ ܕܠܝܬ ܗܘܐ ܥܘܡܩܐ ܕܐܪܥܐ
6 gake esi ŋdɔ ʋu ɖe wo dzi la, woyrɔ, eye woku, elabena woƒe kewo mede to o.
ܟܕ ܕܢܚ ܕܝܢ ܫܡܫܐ ܚܡ ܘܡܛܠ ܕܠܝܬ ܗܘܐ ܠܗ ܥܩܪܐ ܝܒܫ
7 Nuku bubuwo ge ɖe ŋu me, eye ŋu vu tsyɔ wo dzi woku.
ܘܐܚܪܢܐ ܢܦܠ ܒܝܬ ܟܘܒܐ ܘܤܠܩܘ ܟܘܒܐ ܘܚܢܩܘܗܝ
8 Ke nuku aɖewo hã ge ɖe anyigba nyuitɔ dzi, eye womie, tsi hetse ku geɖewo, ɖewo tse blaetɔ̃, bubuwo tse blaade, eye ɖewo hã tse alafa.
ܘܐܚܪܢܐ ܢܦܠ ܒܐܪܥܐ ܛܒܬܐ ܘܝܗܒ ܦܐܪܐ ܐܝܬ ܕܡܐܐ ܘܐܝܬ ܕܫܬܝܢ ܘܐܝܬ ܕܬܠܬܝܢ
9 Ame si to senu li na la nesee.”
ܡܢ ܕܐܝܬ ܠܗ ܐܕܢܐ ܕܢܫܡܥ ܢܫܡܥ
10 Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae be, “Nu ka ta ɣe sia ɣi ko nènɔa nu fiam amewo to lododo me ɖo?”
ܘܩܪܒܘ ܬܠܡܝܕܘܗܝ ܘܐܡܪܝܢ ܠܗ ܠܡܢܐ ܒܦܠܐܬܐ ܡܡܠܠ ܐܢܬ ܥܡܗܘܢ
11 Eɖe eme na wo be wo nusrɔ̃lawo ko wona mɔnukpɔkpɔ be woanya nu si dziƒofiaɖuƒe la nye, ke womena mɔnukpɔkpɔ sia ame bubuwo o.
ܗܘ ܕܝܢ ܥܢܐ ܘܐܡܪ ܠܗܘܢ ܕܠܟܘܢ ܗܘ ܝܗܝܒ ܠܡܕܥ ܐܪܙܐ ܕܡܠܟܘܬܐ ܕܫܡܝܐ ܠܗܢܘܢ ܕܝܢ ܠܐ ܝܗܝܒ
12 Ame si si nu le la, eyae woana nui ale be nu si le esi la nasɔ gbɔ ɖe edzi, ke ame si si nu mele o la, sue si le esi hã la, woaxɔe le esi wòatsi asi ƒuƒlu.
ܠܡܢ ܓܝܪ ܕܐܝܬ ܠܗ ܢܬܝܗܒ ܠܗ ܘܢܬܝܬܪ ܠܗ
13 Nu sia tae metsɔa lododo fia nu amewoe ɖo be; “Togbɔ be woanɔ nua kpɔm hã la, womakpɔe adze sii o, eye woanɔ esem, gake womase egɔme o.
ܘܠܡܢ ܕܠܝܬ ܠܗ ܘܗܘ ܕܐܝܬ ܠܗ ܢܫܬܩܠ ܡܢܗ ܡܛܠ ܗܢܐ ܒܦܠܐܬܐ ܡܡܠܠ ܐܢܐ ܥܡܗܘܢ ܡܛܠ ܕܚܙܝܢ ܘܠܐ ܚܙܝܢ ܘܫܡܥܝܢ ܘܠܐ ܫܡܥܝܢ ܘܠܐ ܡܤܬܟܠܝܢ
14 Nya sia wu nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia nu be, “‘Miaƒe towo ase nyawo gake miase wo gɔme o, Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu gake miele si dze gee o.
ܘܫܠܡܐ ܒܗܘܢ ܢܒܝܘܬܗ ܕܐܫܥܝܐ ܕܐܡܪ ܕܫܡܥܐ ܬܫܡܥܘܢ ܘܠܐ ܬܤܬܟܠܘܢ ܘܡܚܙܐ ܬܚܙܘܢ ܘܠܐ ܬܕܥܘܢ
15 Elabena ame siawo ƒe dziwo ku atri; woƒe towo hã mesea nu o, eye womiã woƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, woakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, ase nu kple woƒe towo, ase nu gɔme kple woƒe dziwo, woatrɔ ɖe ŋunye eye mayɔ dɔ wo.’
ܐܬܥܒܝ ܠܗ ܓܝܪ ܠܒܗ ܕܥܡܐ ܗܢܐ ܘܒܐܕܢܝܗܘܢ ܝܩܝܪܐܝܬ ܫܡܥܘ ܘܥܝܢܝܗܘܢ ܥܡܨܘ ܕܠܐ ܢܚܙܘܢ ܒܥܝܢܝܗܘܢ ܘܢܫܡܥܘܢ ܒܐܕܢܝܗܘܢ ܘܢܤܬܟܠܘܢ ܒܠܒܗܘܢ ܘܢܬܦܢܘܢ ܘܐܤܐ ܐܢܘܢ
16 Ke woayra miaƒe ŋkuwo, elabena wokpɔa nu kple miaƒe towo hã elabena wosea nu.
ܕܝܠܟܘܢ ܕܝܢ ܛܘܒܝܗܝܢ ܠܥܝܢܝܟܘܢ ܕܚܙܝܢ ܘܠܐܕܢܝܟܘܢ ܕܫܡܥܢ
17 Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be, nyagblɔɖila geɖewo kple ame dzɔdzɔe geɖewo di vevie be yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele, eye yewoase nya siwo sem miele la, gake womete ŋui o.
ܐܡܝܢ ܓܝܪ ܐܡܪܢܐ ܠܟܘܢ ܕܤܓܝܐܐ ܢܒܝܐ ܘܙܕܝܩܐ ܐܬܪܓܪܓܘ ܕܢܚܙܘܢ ܡܕܡ ܕܚܙܝܢ ܐܢܬܘܢ ܘܠܐ ܚܙܘ ܘܠܡܫܡܥ ܡܕܡ ܕܫܡܥܝܢ ܐܢܬܘܢ ܘܠܐ ܫܡܥܘ
18 “Lo si medo tso nukuwula ŋuti la ƒe gɔmeɖeɖee nye esi!
ܐܢܬܘܢ ܕܝܢ ܫܡܥܘ ܡܬܠܐ ܕܙܪܥܐ
19 Anyigba alo mɔ to, afi si nuku aɖewo ge ɖo la nye ame aɖe ƒe dzi. Ame sia sea nyanyui la tso mawufiaɖuƒe la ŋuti, gake mesea egɔme o, ale Satana va ɖea nyanyui la le eƒe dzi me.
ܟܠ ܕܫܡܥ ܡܠܬܐ ܕܡܠܟܘܬܐ ܘܠܐ ܡܤܬܟܠ ܒܗ ܐܬܐ ܒܝܫܐ ܘܚܛܦ ܡܠܬܐ ܕܙܪܝܥܐ ܒܠܒܗ ܗܢܘ ܗܘ ܕܥܠ ܝܕ ܐܘܪܚܐ ܐܙܕܪܥ
20 Kpenyigba lae nye ame si sea nyanyui la, eye eƒe dzi xɔnɛ kple dzidzɔ,
ܗܘ ܕܝܢ ܕܥܠ ܫܘܥܐ ܐܙܕܪܥ ܗܘ ܗܘ ܕܫܡܥ ܡܠܬܐ ܘܒܪ ܫܥܬܗ ܒܚܕܘܬܐ ܡܩܒܠ ܠܗ
21 gake abe nuku siwo miena ɖe anyigba ma ƒomevi dzi ene la, woƒe kewo medea to o, eye togbɔ be wotsina vlɔvlɔvlɔ hã la, ne yometiti va ko la, wogbɔdzɔna.
ܠܝܬ ܠܗ ܕܝܢ ܥܩܪܐ ܒܗ ܐܠܐ ܕܙܒܢܐ ܗܘ ܘܡܐ ܕܗܘܐ ܐܘܠܨܢܐ ܐܘ ܪܕܘܦܝܐ ܡܛܠ ܡܠܬܐ ܥܓܠ ܡܬܟܫܠ
22 Anyigba si dzi yɔ kple ŋuve lae nye ame si sea mawunya la, gake dzitsitsi ɖe xexemenuwo kple kesinɔnuwo ŋu hea eƒe susu ɖa tso mawunya la gbɔ, eya ta metsea ku aɖeke na Mawu o. (aiōn g165)
ܗܘ ܕܝܢ ܕܒܝܬ ܟܘܒܐ ܐܙܕܪܥ ܗܘ ܗܘ ܕܫܡܥ ܡܠܬܐ ܘܪܢܝܐ ܕܥܠܡܐ ܗܢܐ ܘܛܘܥܝܝ ܕܥܘܬܪܐ ܚܢܩܝܢ ܠܗ ܠܡܠܬܐ ܘܕܠܐ ܦܐܪܐ ܗܘܝܐ (aiōn g165)
23 Anyigba nyui lae nye ame si ƒe dzi sea mawunya la, eye wòsea egɔme, eye eya hã ɖakplɔa ame blaetɔ̃, blaade alo alafa ɖeka bubu gɔ̃ hã vaa dziƒofiaɖuƒe la mee.”
ܗܘ ܕܝܢ ܕܥܠ ܐܪܥܐ ܛܒܬܐ ܐܙܕܪܥ ܗܘ ܗܘ ܕܫܡܥ ܡܠܬܝ ܘܡܤܬܟܠ ܘܝܗܒ ܦܐܪܐ ܘܥܒܕ ܐܝܬ ܕܡܐܐ ܘܐܝܬ ܕܫܬܝܢ ܘܐܝܬ ܕܬܠܬܝܢ
24 Lo bubu si Yesu gado hãe nye esi: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ame si ƒã bli ɖe eƒe agble me ene,
ܐܚܪܢܐ ܡܬܠܐ ܐܡܬܠ ܠܗܘܢ ܘܐܡܪ ܕܡܝܐ ܡܠܟܘܬܐ ܕܫܡܝܐ ܠܓܒܪܐ ܕܙܪܥ ܙܪܥܐ ܛܒܐ ܒܩܪܝܬܗ
25 ke esi wòmlɔ anyi le zã me la, eƒe futɔ va ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe bliawo dome.
ܘܟܕ ܕܡܟܘ ܐܢܫܐ ܐܬܐ ܒܥܠܕܒܒܗ ܘܙܪܥ ܙܝܙܢܐ ܒܝܢܬ ܚܛܐ ܘܐܙܠ
26 Esi bliawo de asi tsitsi me la, gbeku vɔ̃awo hã tsi kpli wo.
ܟܕ ܕܝܢ ܝܥܐ ܥܤܒܐ ܘܥܒܕ ܦܐܪܐ ܗܝܕܝܢ ܐܬܚܙܝܘ ܐܦ ܙܝܙܢܐ
27 “Agbleatɔ ƒe dɔlawo va agbletɔ la gbɔ va biae be, ‘Aƒetɔ, alo menye nuku nyui nèƒã ɖe wò abɔ me oa? Afi ka gbeku vɔ̃ siawo tso?’
ܘܩܪܒܘ ܥܒܕܘܗܝ ܕܡܪܐ ܒܝܬܐ ܘܐܡܪܘ ܠܗ ܡܪܢ ܠܐ ܗܐ ܙܪܥܐ ܛܒܐ ܙܪܥܬ ܒܩܪܝܬܟ ܡܢ ܐܝܡܟܐ ܐܝܬ ܒܗ ܙܝܙܢܐ
28 “Agbletɔ la ɖo eŋu na wo be, ‘Futɔ aɖe kokokoe wɔ nenem nu sia.’ “Dɔlawo biae be, ‘Ekema mího gbeku vɔ̃awo ƒu gbe mahã?’
ܗܘ ܕܝܢ ܐܡܪ ܠܗܘܢ ܓܒܪܐ ܒܥܠܕܒܒܐ ܥܒܕ ܗܕܐ ܐܡܪܝܢ ܠܗ ܥܒܕܘܗܝ ܨܒܐ ܐܢܬ ܢܐܙܠ ܢܓܒܐ ܐܢܘܢ
29 “Eɖo eŋu na wo be, ‘Gbeɖe, migawɔe o, ne miebe yewoaho gbeku vɔ̃awo la, miaho blia hã,
ܗܘ ܕܝܢ ܐܡܪ ܠܗܘܢ ܕܠܡܐ ܟܕ ܡܓܒܝܢ ܐܢܬܘܢ ܙܝܙܢܐ ܬܥܩܪܘܢ ܥܡܗܘܢ ܐܦ ܚܛܐ
30 eya ta mina wo katã natsi aduadu va se ɖe nuŋeɣi, ekema mana nuŋelawo naho gbekuawo, atɔ dzo wo, eye woatsɔ bli la akɔ ɖe nye ava me!’”
ܫܒܘܩܘ ܪܒܝܢ ܬܪܝܗܘܢ ܐܟܚܕܐ ܥܕܡܐ ܠܚܨܕܐ ܘܒܙܒܢܐ ܕܚܨܕܐ ܐܡܪ ܐܢܐ ܠܚܨܘܕܐ ܓܒܘ ܠܘܩܕܡ ܙܝܙܢܐ ܘܐܤܘܪܘ ܐܢܘܢ ܡܐܤܪܝܬܐ ܕܢܐܩܕܘܢ ܚܛܐ ܕܝܢ ܟܢܫܘ ܐܢܝܢ ܠܐܘܨܪܝ
31 Lo bubu si wògado na wo lae nye esi: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ʋuti ƒe ku si nye atikutsetse suetɔ kekeake si wodo ɖe anyigba ƒe tu me ene.
ܐܚܪܢܐ ܡܬܠܐ ܐܡܬܠ ܠܗܘܢ ܘܐܡܪ ܕܡܝܐ ܡܠܟܘܬܐ ܕܫܡܝܐ ܠܦܪܕܬܐ ܕܚܪܕܠܐ ܕܢܤܒ ܓܒܪܐ ܙܪܥܗ ܒܩܪܝܬܗ
32 Togbɔ be enye atiku suetɔ wu le atikuwo dome hã la, ne etsi la, ezua ati gã si ƒoa atiwo katã ta, eye xeviwo va wɔa atɔ ɖe alɔawo me hekpɔa gbɔdzɔe.”
ܘܗܝ ܙܥܘܪܝܐ ܗܝ ܡܢ ܟܠܗܘܢ ܙܪܥܘܢܐ ܡܐ ܕܝܢ ܕܪܒܬ ܪܒܐ ܗܝ ܡܢ ܟܠܗܘܢ ܝܪܩܘܢܐ ܘܗܘܝܐ ܐܝܠܢܐ ܐܝܟ ܕܬܐܬܐ ܦܪܚܬܐ ܕܫܡܝܐ ܬܩܢ ܒܤܘܟܝܗ
33 Yesu yi edzi kple lododo bubu be, “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi nuʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de abolomɔ me, eye wòwɔ dɔ to abolomɔ blibo la me va se ɖe esime wòʋã nyuie.”
ܐܚܪܢܐ ܡܬܠܐ ܐܡܪ ܠܗܘܢ ܕܡܝܐ ܡܠܟܘܬܐ ܕܫܡܝܐ ܠܚܡܝܪܐ ܗܘ ܕܫܩܠܬ ܐܢܬܬܐ ܛܡܪܬ ܒܬܠܬ ܤܐܝܢ ܕܩܡܚܐ ܥܕܡܐ ܕܟܠܗ ܚܡܥ
34 Yesu wɔa lododo ŋu dɔ zi geɖe nenye be wòle nu ƒom na amewo; ne ele nu ƒom na wo la, lododo sɔŋ ko ŋu dɔ wòwɔna,
ܗܠܝܢ ܟܠܗܝܢ ܡܠܠ ܝܫܘܥ ܒܦܠܐܬܐ ܠܟܢܫܐ ܘܕܠܐ ܦܠܐܬܐ ܠܐ ܡܡܠܠ ܗܘܐ ܥܡܗܘܢ
35 elabena woawu nya si nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi la nu be, “Maƒo nu to lododowo me, eye maɖe nu ɣaɣla siwo li tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me ke la gɔme.”
ܐܝܟ ܕܢܬܡܠܐ ܡܕܡ ܕܐܬܐܡܪ ܒܝܕ ܢܒܝܐ ܕܐܡܪ ܐܦܬܚ ܦܘܡܝ ܒܡܬܠܐ ܘܐܒܥ ܟܤܝܬܐ ܕܡܢ ܩܕܡ ܬܪܡܝܬܗ ܕܥܠܡܐ
36 Azɔ egblẽ ameha la ɖe kpɔa godo, eye wòge ɖe aƒea me. Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ be, “Ɖe lo si nèdo tso bligble kple gbeku vɔ̃wo ŋuti la gɔme na mí.”
ܗܝܕܝܢ ܝܫܘܥ ܫܒܩ ܠܟܢܫܐ ܘܐܬܐ ܠܒܝܬܐ ܘܩܪܒܘ ܠܘܬܗ ܬܠܡܝܕܘܗܝ ܘܐܡܪܝܢ ܠܗ ܦܫܩ ܠܢ ܡܬܠܐ ܗܘ ܕܙܝܙܢܐ ܘܕܩܪܝܬܐ
37 Egblɔ na wo be, “Enyo, maɖe egɔme na mi. Nyee nye agbledela si ƒã bli ɖe nye agble me la.
ܗܘ ܕܝܢ ܥܢܐ ܘܐܡܪ ܠܗܘܢ ܗܘ ܕܙܪܥ ܙܪܥܐ ܛܒܐ ܐܝܬܘܗܝ ܒܪܗ ܕܐܢܫܐ
38 Agble lae nye xexea me, eye bli lae nye ame si le mawufiaɖuƒe la me, ke gbeku vɔ̃ɖiwoe nye dzimaxɔsetɔwo.
ܘܩܪܝܬܐ ܐܝܬܝܗ ܥܠܡܐ ܙܪܥܐ ܕܝܢ ܛܒܐ ܒܢܝܗ ܐܢܘܢ ܕܡܠܟܘܬܐ ܙܝܙܢܐ ܕܝܢ ܐܝܬܝܗܘܢ ܒܢܘܗܝ ܕܒܝܫܐ
39 Futɔ si ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe blia me lae nye Abosam. Nuŋeɣi lae nye xexea me ƒe nuwuwu, eye nuŋelawoe nye mawudɔlawo. (aiōn g165)
ܒܥܠܕܒܒܐ ܕܝܢ ܕܙܪܥ ܐܢܘܢ ܐܝܬܘܗܝ ܤܛܢܐ ܚܨܕܐ ܕܝܢ ܐܝܬܘܗܝ ܫܘܠܡܗ ܕܥܠܡܐ ܚܨܘܕܐ ܕܝܢ ܡܠܐܟܐ (aiōn g165)
40 “Le lododo sia me la, woɖe gbeku vɔ̃ɖiawo ɖe aga, eye wotɔ dzo wo; nenema ke wòanɔ le xexea me ƒe nuwuwu. (aiōn g165)
ܐܝܟܢܐ ܗܟܝܠ ܕܡܬܓܒܝܢ ܙܝܙܢܐ ܘܝܩܕܝܢ ܒܢܘܪܐ ܗܟܢܐ ܢܗܘܐ ܒܫܘܠܡܗ ܕܥܠܡܐ ܗܢܐ (aiōn g165)
41 Madɔ nye dɔlawo ɖa, eye woaƒo ame vɔ̃ɖiwo kple nuɖianuwo katã nu ƒu, aɖe wo ɖa le mawufiaɖuƒe la me;
ܢܫܕܪ ܒܪܗ ܕܐܢܫܐ ܡܠܐܟܘܗܝ ܘܢܓܒܘܢ ܡܢ ܡܠܟܘܬܗ ܟܠܗܘܢ ܡܟܫܘܠܐ ܘܟܠܗܘܢ ܥܒܕܝ ܥܘܠܐ
42 woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu geɖe anɔ.
ܘܢܪܡܘܢ ܐܢܘܢ ܒܐܬܘܢܐ ܕܢܘܪܐ ܬܡܢ ܢܗܘܐ ܒܟܝܐ ܘܚܘܪܩ ܫܢܐ
43 Ke ame dzɔdzɔewo aklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me. Ame si to senu li na la nese nya siawo.
ܗܝܕܝܢ ܙܕܝܩܐ ܢܢܗܪܘܢ ܐܝܟ ܫܡܫܐ ܒܡܠܟܘܬܗ ܕܐܒܘܗܘܢ ܡܢ ܕܐܝܬ ܠܗ ܐܕܢܐ ܕܢܫܡܥ ܢܫܡܥ
44 “Dziƒofiaɖuƒe la le abe kesinɔnu aɖe si ŋu ame aɖe va ke ɖo le anyigba aɖe me ene. Eye le dzidzɔ si wòkpɔ le kesinɔnu sia ŋuti ta la, edzra nu sia nu si le esi la be yeakpɔ ga atsɔ aƒle anyigba sia kple kesinɔnu la katã.
ܬܘܒ ܕܡܝܐ ܡܠܟܘܬܐ ܕܫܡܝܐ ܠܤܝܡܬܐ ܕܡܛܫܝܐ ܒܩܪܝܬܐ ܗܝ ܕܐܫܟܚܗ ܓܒܪܐ ܘܛܫܝܗ ܘܡܢ ܚܕܘܬܗ ܐܙܠ ܙܒܢ ܟܠ ܕܐܝܬ ܠܗ ܘܙܒܢܗ ܠܩܪܝܬܐ ܗܝ
45 “Megale egblɔm na mi be, dziƒofiaɖuƒe la ɖi dzonusitsala si le dzonu nyuiwo dim be yeaƒle adzra la.
ܬܘܒ ܕܡܝܐ ܡܠܟܘܬܐ ܕܫܡܝܐ ܠܓܒܪܐ ܬܓܪܐ ܕܒܥܐ ܗܘܐ ܡܪܓܢܝܬܐ ܛܒܬܐ
46 Eva kpɔ dzonu aɖe si xɔ asi ŋutɔ, eya ta eyi ɖadzra nu siwo katã le esi la, eye wòƒle dzonu sia.
ܟܕ ܕܝܢ ܐܫܟܚ ܡܪܓܢܝܬܐ ܚܕܐ ܝܩܝܪܬ ܕܡܝܐ ܐܙܠ ܙܒܢ ܟܠ ܡܐ ܕܐܝܬ ܠܗ ܘܙܒܢܗ
47 “Dziƒofiaɖuƒe la gasɔ kple tɔƒodela aɖe si da asabu ɖe tɔ me, eye wòɖe lã vovovowo, ɖuɖuawo kple maɖumaɖuawo siaa la.
ܬܘܒ ܕܡܝܐ ܡܠܟܘܬܐ ܕܫܡܝܐ ܠܡܨܝܕܬܐ ܕܢܦܠܬ ܒܝܡܐ ܘܡܢ ܟܠ ܓܢܤ ܟܢܫܬ
48 Esi wòhe asabu la va gotae la, enɔ anyi tia lã ɖuɖuawo ɖe teƒe ɖeka, ke esiwo womeɖuna o la, etsɔ wo ƒu gbe.
ܘܟܕ ܡܠܬ ܐܤܩܘܗ ܠܤܦܪܝ ܝܡܐ ܘܝܬܒܘ ܓܒܝܘ ܘܛܒܐ ܐܪܡܝܘ ܒܡܐܢܐ ܘܒܝܫܐ ܫܕܘ ܠܒܪ
49 Alea tututu wòanɔ le xexea me ƒe nuwuwu hã. Mawudɔlawo ava ma ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo gbɔ, (aiōn g165)
ܗܟܢܐ ܢܗܘܐ ܒܫܘܠܡܗ ܕܥܠܡܐ ܢܦܩܘܢ ܡܠܐܟܐ ܘܢܦܪܫܘܢ ܒܝܫܐ ܡܢ ܒܝܢܝ ܙܕܝܩܐ (aiōn g165)
50 eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu geɖe anɔ.”
ܘܢܪܡܘܢ ܐܢܘܢ ܒܐܬܘܢܐ ܕܢܘܪܐ ܬܡܢ ܢܗܘܐ ܒܟܝܐ ܘܚܘܪܩ ܫܢܐ
51 Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Miese nya siawo gɔmea?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míese wo gɔme.”
ܐܡܪ ܠܗܘܢ ܝܫܘܥ ܐܤܬܟܠܬܘܢ ܟܠܗܝܢ ܗܠܝܢ ܐܡܪܝܢ ܠܗ ܐܝܢ ܡܪܢ
52 Ale wòɖo eŋu na wo be, “Eya ta sefiala ɖe sia ɖe si wofia nui tso dziƒofiaɖuƒe la ŋuti la le abe aƒetɔ aɖe si ɖe eƒe kesinɔnu yeye kple xoxoa siaa do goe tso eƒe nudzraɖoƒe la ene.”
ܐܡܪ ܠܗܘܢ ܡܛܠ ܗܢܐ ܟܠ ܤܦܪܐ ܕܡܬܬܠܡܕ ܠܡܠܟܘܬ ܫܡܝܐ ܕܡܐ ܠܓܒܪܐ ܡܪܐ ܒܝܬܐ ܕܡܦܩ ܡܢ ܤܝܡܬܗ ܚܕܬܬܐ ܘܥܬܝܩܬܐ
53 Esi Yesu wu lododo siawo nu la, edzo le afi ma.
ܘܗܘܐ ܕܟܕ ܫܠܡ ܝܫܘܥ ܡܬܠܐ ܗܠܝܢ ܫܢܝ ܡܢ ܬܡܢ
54 Etrɔ yi fofoawo de, eye wòfia nu le woƒe ƒuƒoƒe, ke ewɔ nuku na wo ŋutɔ. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nunya kple nukunu gã siwo wɔm wòle la tsoe mahã?
ܘܐܬܐ ܠܡܕܝܢܬܗ ܘܡܠܦ ܗܘܐ ܠܗܘܢ ܒܟܢܘܫܬܗܘܢ ܐܝܟܢܐ ܕܢܬܗܪܘܢ ܘܢܐܡܪܘܢ ܐܝܡܟܐ ܠܗ ܠܗܢܐ ܚܟܡܬܐ ܗܕܐ ܘܚܝܠܐ
55 Ɖe menye eyae nye atikpala la ƒe viŋutsu oa? Ɖe menye dadaa ŋkɔe nye Maria, eye nɔvia ŋutsuwoe nye Yakobo, Yosef, Simɔn kple Yuda oa?
ܠܐ ܗܘܐ ܗܢܐ ܒܪܗ ܕܢܓܪܐ ܠܐ ܐܡܗ ܡܬܩܪܝܐ ܡܪܝܡ ܘܐܚܘܗܝ ܝܥܩܘܒ ܘܝܘܤܐ ܘܫܡܥܘܢ ܘܝܗܘܕܐ
56 Ɖe nɔvia nyɔnuwo katã mele mía dome oa? Ekema afi ka gɔ̃ ŋutsu sia kpɔ nu siawo katã tsoe?”
ܘܐܚܘܬܗ ܟܠܗܝܢ ܠܐ ܗܐ ܠܘܬܢ ܐܢܝܢ ܐܝܡܟܐ ܠܗ ܗܟܝܠ ܠܗܢܐ ܗܠܝܢ ܟܠܗܝܢ
57 Ale wokpɔ nuɖiaɖia le eŋu. Ke Yesu gblɔ na wo be, “Wodea bubu Nyagblɔɖila ŋu le afi sia afi negbe le eya ŋutɔ ƒe dedu me kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me ko.”
ܘܡܬܟܫܠܝܢ ܗܘܘ ܒܗ ܗܘ ܕܝܢ ܝܫܘܥ ܐܡܪ ܠܗܘܢ ܠܝܬ ܢܒܝܐ ܕܨܥܝܪ ܐܠܐ ܒܡܕܝܢܬܗ ܘܒܒܝܬܗ
58 Ale mewɔ nukunu geɖewo le afi ma o, le woƒe dzimaxɔse ta.
ܘܠܐ ܥܒܕ ܬܡܢ ܚܝܠܐ ܤܓܝܐܐ ܡܛܠ ܠܐ ܗܝܡܢܘܬܗܘܢ

< Mateo 13 >