< Mateo 12 >

1 Gbe ɖeka la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖewo me yina afi aɖe. Gbe ma gbe nye Dzudzɔgbe ŋkeke. Dɔ nɔ nusrɔ̃lawo wum ɣe ma ɣi, eya ta woŋe bli aɖewo, eye woklẽ wo heɖu.
那时,耶稣在安息日从麦地经过。他的门徒饿了,就掐起麦穗来吃。
2 Farisitɔ aɖewo kpɔ wo, eye wohe nya ɖe Yesu ŋu gblɔ be, “Wò nusrɔ̃lawo wɔ nu siwo mele se nu o la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi.”
法利赛人看见,就对耶稣说:“看哪,你的门徒做安息日不可做的事了!”
3 Ke Yesu bia wo be, “Miexlẽ nu si Fia David kple eŋutimewo wɔ esi dɔ wu wo la oa?
耶稣对他们说:“经上记着大卫和跟从他的人饥饿之时所做的事,你们没有念过吗?
4 Eya kple eŋutimewo yi gbedoxɔ me, eye woɖu abolo tɔxɛ si mele se nu be woaɖu o, negbe nunɔlawo ko naɖu la.
他怎么进了 神的殿,吃了陈设饼,这饼不是他和跟从他的人可以吃得,惟独祭司才可以吃。
5 Miexlẽe le Mose ƒe Segbalẽ la me kpɔ be nunɔla siwo le dɔ wɔm le gbedoxɔ me la gblẽa Dzudzɔgbe ŋkeke ƒe kɔ la me le gbedoxɔ me gake nu vɔ̃ mele wo ŋu oa?
再者,律法上所记的,当安息日,祭司在殿里犯了安息日还是没有罪,你们没有念过吗?
6 Le nyateƒe me la, ame aɖe le afi sia si de ŋgɔ boo wu gbedoxɔ sia!
但我告诉你们,在这里有一人比殿更大。
7 Mawunya aɖe gblɔ be, ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele tso mia gbɔ, ke menye miaƒe vɔsawo o.’ Ne ɖe miese mawunya sia gɔme la, anye ne miahe nya ɖe ame siwo medze agɔ o la ŋu o,
‘我喜爱怜恤,不喜爱祭祀。’你们若明白这话的意思,就不将无罪的当作有罪的了。
8 elabena Amegbetɔ Vi la nye Aƒetɔ na Dzudzɔgbe ŋkeke la gɔ̃ hã.”
因为人子是安息日的主。”
9 Esia megbe la, eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe,
耶稣离开那地方,进了一个会堂。
10 eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma. Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae enumake be, “Ele se la nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzia?” Wonɔ mɔ kpɔm be aɖo eŋu be “Ɛ̃,” ne yewoatsɔ nya ɖe eŋu.
那里有一个人枯干了一只手。有人问耶稣说:“安息日治病可以不可以?”意思是要控告他。
11 Ke Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye be wò alẽ ge ɖe vudo me le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖe, màɖee le eme oa? Àɖee le eme godoo!
耶稣说:“你们中间谁有一只羊,当安息日掉在坑里,不把它抓住、拉上来呢?
12 Ke ɖe amegbetɔ ƒe agbe mele vevie wu alẽ tɔ oa? Eya ta ele se nu vavã be woawɔ dɔ nyui le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi.”
人比羊何等贵重呢!所以,在安息日做善事是可以的。”
13 Azɔ egblɔ na ame si tsitsi lé asi na la be, “Dzɔ wò asi,” eye esi wòdzɔe la, eƒe asi gaɖɔ ɖo abe evelia ene.
于是对那人说:“伸出手来!”他把手一伸,手就复了原,和那只手一样。
14 Le nu si Yesu wɔ ta la, Farisitɔwo yɔ takpekpe kpata aɖe be yewoawɔ ɖoɖo ɖe ale si yewoawɔ alée awu ŋuti.
法利赛人出去,商议怎样可以除灭耶稣。
15 Yesu nya susu vɔ̃ si ɖom Farisitɔawo nɔ, eya ta edzo le ƒuƒoƒe la, ke ame geɖewo kplɔe ɖo hoo, eye wòda gbe le dɔnɔ siwo katã nɔ wo dome la ŋu.
耶稣知道了,就离开那里,有许多人跟着他。他把其中有病的人都治好了;
16 Ke exlɔ̃ nu wo vevie be womegana amewo nanya ame si yenye la o.
又嘱咐他们,不要给他传名。
17 Esia wu Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya si wògblɔ ɖi tso eŋuti la nu be,
这是要应验先知以赛亚的话,说:
18 “Kpɔ ɖa esiae nye nye dɔla si metia, ame si melɔ̃ eye mekpɔa ŋudzedze le, matsɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe eya amea dzi ne woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔwo.
看哪!我的仆人, 我所拣选、所亲爱、心里所喜悦的, 我要将我的灵赐给他; 他必将公理传给外邦。
19 Mewɔa dzre alo doa ɣli o, eye mèle eƒe gbe se ge le ablɔwo dzi hã o!
他不争竞,不喧嚷; 街上也没有人听见他的声音。
20 Mewɔa fu ame gblɔewo alo tsia woƒe mɔkpɔkpɔ suetɔ gɔ̃ hã nu o. Le eƒe dziɖuɖu mamlɛtɔ me la, atsi dzrehehe ɖe sia ɖe nu,
压伤的芦苇,他不折断; 将残的灯火,他不吹灭; 等他施行公理,叫公理得胜。
21 eye eƒe ŋkɔ anye xexea me katã ƒe mɔkpɔkpɔ.”
外邦人都要仰望他的名。
22 Azɔ wokplɔ ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la va Yesu gbɔe, eye wòda gbe le eŋu ale be wòte ŋu nɔ nu ƒom henɔ nu kpɔm nyuie hã.
当下,有人将一个被鬼附着、又瞎又哑的人带到耶稣那里,耶稣就医治他,甚至那哑巴又能说话,又能看见。
23 Nukunu sia wɔ moya na ameha la ale gbegbe be wodo ɣli gblɔ be, “Alo ame siae nye David ƒe Vi la?”
众人都惊奇,说:“这不是大卫的子孙吗?”
24 Esi Farisitɔwo se nukunu si Yesu wɔ la, wogblɔ le wo ɖokuiwo me be, “Ame sia tea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃ le amewo me to Belzebul si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la ƒe ŋusẽ me.”
但法利赛人听见,就说:“这个人赶鬼,无非是靠着鬼王别西卜啊。”
25 Yesu nya nu si gblɔm wonɔ, eya ta eɖo eŋu na wo be, “Fiaɖuƒe si ma ɖe akpa eve, eye wotsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la azu aƒedo, eye du alo aƒe si ma hetsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la agbã.
耶稣知道他们的意念,就对他们说:“凡一国自相纷争,就成为荒场;一城一家自相纷争,必站立不住;
26 Nenye be Satana gale Satana nyam le amewo me la, ekema eya hã tsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu. Aleke eƒe fiaɖuƒe la anɔ te mahã?
若撒但赶逐撒但,就是自相纷争,他的国怎能站得住呢?
27 Ne miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Belzebul ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ ka miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi.
我若靠着别西卜赶鬼,你们的子弟赶鬼又靠着谁呢?这样,他们就要断定你们的是非。
28 Nenye be Mawu ƒe Gbɔgbɔe metsɔ le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam la, ekema minyae be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome.
我若靠着 神的灵赶鬼,这就是 神的国临到你们了。
29 “Gawu la, aleke ame awɔ ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe aƒe me, bena yeaha eƒe aƒemenuwo le esi ne melé ŋusẽtɔ la bla gbã hafi o? Ele nɛ be wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo.
人怎能进壮士家里,抢夺他的家具呢?除非先捆住那壮士,才可以抢夺他的家财。
30 Misee be ame si mele dzinye o la, etsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la, eyae kanɛ hlẽna.
不与我相合的,就是敌我的;不同我收聚的,就是分散的。”
31 “Eya ŋuti mele egblɔm na mi be woatsɔ nu vɔ̃ sia nu vɔ̃ kple busunya sia busunya ake amewo, ke busunyagbɔgblɔ ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ya la, womatsɔe ake o.
所以我告诉你们:“人一切的罪和亵渎的话都可得赦免,惟独亵渎圣灵,总不得赦免。
32 Ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Amegbetɔ Vi la ŋuti la, woatsɔe akee, ke ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti la, womatsɔe akee le agbe sia kple agbe si le vava ge la me o. (aiōn g165)
凡说话干犯人子的,还可得赦免;惟独说话干犯圣灵的,今世来世总不得赦免。” (aiōn g165)
33 “Wotsɔa ati ɖe sia ɖe ƒe kutsetse tsɔna dzea sii. Ati nyui la, ku nyui wòtsena, eye ati manyomanyo hã tsea ku manyomanyo.
“你们或以为树好,果子也好;树坏,果子也坏;因为看果子就可以知道树。
34 Mi, da ƒe dzidzimeviwo! Aleke mi ame vɔ̃ɖi siawo miate ŋu agblɔ nya nyui aɖee? Elabena nya sia nya si ame gblɔna la tso eƒe dzi me.
毒蛇的种类!你们既是恶人,怎能说出好话来呢?因为心里所充满的,口里就说出来。
35 Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye sia fiana.
善人从他心里所存的善就发出善来;恶人从他心里所存的恶就发出恶来。
36 Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, mia dometɔ ɖe sia ɖe ana akɔnta le nya vlo ɖe sia ɖe si ado tso eƒe nu me la ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe la,
我又告诉你们,凡人所说的闲话,当审判的日子,必要句句供出来;
37 eya ta minyae be nya si ado tso miaƒe nu me fifia lae afia afi si mianɔ le ʋɔnudrɔ̃gbe la, eye eyae woatsɔ atso afia na mi loo, alo woatsɔ abu fɔ mi.”
因为要凭你的话定你为义,也要凭你的话定你有罪。”
38 Tete Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo kple Farisitɔ aɖewo bia tso esi be, “Nufiala, míedi dzesi kple nukunu aɖe tso gbɔwò.”
当时,有几个文士和法利赛人对耶稣说:“夫子,我们愿意你显个神迹给我们看。”
39 Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Dzidzime vɔ̃ɖi si wɔa ahasi le dzesi kple nukunu dim. Ke ɖeke meli wu Nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la o,
耶稣回答说:“一个邪恶淫乱的世代求看神迹,除了先知约拿的神迹以外,再没有神迹给他们看。
40 elabena abe ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la hã manɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.
约拿三日三夜在大鱼肚腹中,人子也要这样三日三夜在地里头。
41 Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, Ninivetɔwo kura gɔ̃ hã abu fɔ dukɔ sia, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o.
当审判的时候,尼尼微人要起来定这世代的罪,因为尼尼微人听了约拿所传的就悔改了。看哪,在这里有一人比约拿更大!
42 Nyɔnufia si tso Seba la atsi tsitre ɖe dukɔ sia ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe la, eye wòabu fɔe, elabena exa ɖe Solomo ƒe nunya ta tso didiƒe ke va egbɔ be yease eƒe nufiamenyawo, ke azɔ la, ame aɖe si kɔ wu Solomo la le mia dome.
当审判的时候,南方的女王要起来定这世代的罪;因为她从地极而来,要听所罗门的智慧话。看哪,在这里有一人比所罗门更大!”
43 “Ne gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe do go le ame aɖe me la, eyia gbedzi, afi si wòtsana le ɣeyiɣi aɖe sinu nɔa sitsoƒe dim, ke ne mekpɔ ɖeke o la,
“污鬼离了人身,就在无水之地过来过去,寻求安歇之处,却寻不着。
44 ekema egblɔna be, ‘Matrɔ agayi aƒe si me medo le la boŋ.’ Ne etrɔ va la, ekpɔna be aƒea me ɖi gbɔlo, wokplɔ eme nyuie, eye nu sia nu le ɖoɖo nu.
于是说:‘我要回到我所出来的屋里去。’到了,就看见里面空闲,打扫干净,修饰好了,
45 Ekema gbɔgbɔ vɔ̃ la yina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wui la kpena ɖe eɖokui ŋu, wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã. Alea tututu wòanɔ na dzidzime vɔ̃ɖi siae.”
便去另带了七个比自己更恶的鬼来,都进去住在那里。那人末后的景况比先前更不好了。这邪恶的世代也要如此。”
46 Esi Yesu ganɔ nu ƒom na ameha la, dadaa kple nɔviŋutsuwo nɔ aƒea godo, eye wonɔ didim be yewoaƒo nu kplii.
耶稣还对众人说话的时候,不料他母亲和他弟兄站在外边,要与他说话。
47 Ame aɖe gblɔ nɛ be, “Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo le aƒea godo le didim be yewoaƒo nu kpli wò.”
有人告诉他说:“看哪,你母亲和你弟兄站在外边,要与你说话。”
48 Yesu bia amea be, “Ame kae nye danye, eye ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?”
他却回答那人说:“谁是我的母亲?谁是我的弟兄?”
49 Azɔ edo esi ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ gblɔ be, “Mikpɔ ame siawo ɖa! Woawoe nye danye kple nɔvinye ŋutsuwo.”
就伸手指着门徒,说:“看哪,我的母亲,我的弟兄。
50 Eyi edzi be, “Ame si le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae nye danye, nɔvinye ŋutsu kple nɔvinye nyɔnu.”
凡遵行我天父旨意的人,就是我的弟兄姊妹和母亲了。”

< Mateo 12 >