< Mateo 11 >
1 Esi wòde se na nusrɔ̃la wuieveawo alea vɔ megbe la, Yesu ŋutɔ dze mɔ nɔ mawunya gblɔm le duwo me nɔ yiyim abe ale si wòɖoe da ɖi ene.
After Jesus had finished giving directions to his twelve Disciples, he left that place in order to teach and preach in their towns.
2 Yohanes, ame si nɔ gaxɔ me le ɣeyiɣi siawo me la se nukunu gbogbo siwo katã Kristo la nɔ wɔwɔm. Esia ta edɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe Yesu gbɔ be woabiae be,
Now John had heard in prison what the Christ was doing, and he sent a message by his disciples,
3 “Wòe nye ame si gbɔna loo, alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubu aɖea?”
and asked – “Are you ‘the coming one,’ or are we to look for someone else?”
4 Wova bia nya sia Yesu, eye wòɖo eŋu na wo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miese kple nu si miekpɔ la fia Yohanes bena,
The answer of Jesus to the question was – “Go and report to John what you hear and see –
5 ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo.
the blind recover their sight and the lame walk, the lepers are made clean and the deaf hear, the dead, too, are raised to life, and the good news is told to the poor.
6 Migblɔ nya sia hã nɛ be, ‘Woayra ame siwo xɔa dzinye sena ɖikeke manɔmee.’”
Blessed is the person who finds no hindrance in me.”
7 Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo nɔ dzodzom la, Yesu dze nuƒoƒo na ameha la tso Yohanes ŋu be, “Nu ka miedo go yi kpɔkpɔ ge le gbedzi? Aƒla si ya le ƒoƒoma?
While John’s disciples were going back, Jesus began to say to the crowds with reference to John,
8 Ne mele eme nenema o ɖe, nu ka miedo go yi kpɔkpɔ ge? Ame si do awu nyuiwoa? Ao, ame siwo do awu nyuiwo la le fiasãwo me.
“What did you go out into the wilderness to look at? A reed waving in the wind? If not, what did you go out to see? A man richly dressed? Why, those who wear rich things are to be found in the courts of kings!
9 Ekema nu ka miedo go ɖakpɔ? Nyagblɔɖila aɖea? Ɛ̃, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã,
What, then, did you go for? To see a prophet? Yes, I tell you, and far more than a prophet.
10 Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be, “‘Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò be, wòadzra wò mɔ la ɖo.’
This is the man of whom scripture says – ‘I am sending my messenger ahead of you, and he will prepare your way before you.’
11 Enye nyateƒe be le amegbetɔƒomea katã dome la, ame aɖeke mede ŋgɔ wu Yohanes Mawutsidetanamela o. Ke megale egblɔm na mi kple kakaɖedzi hã be, ame suetɔ kekeake si le dziƒofiaɖuƒe la me la kɔ wu eya amea!
I tell you, no one born of a woman has yet appeared who is greater than John the Baptist; and yet the least in the kingdom of heaven is greater than he.
12 Tso Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ŋkekewo me va se ɖe fifia la, dziƒofiaɖuƒe la le ŋgɔ yim ŋusẽtɔe, eye ŋkumesesẽtɔwoe le eham.
From the time of John the Baptist to this very hour, the kingdom of heaven has been taken by force, and people using force have been seizing it.
13 Elabena Se la kple Nyagblɔɖilawo katã va se ɖe Yohanes dzi gblɔe da ɖi,
For the teaching of all the prophets and of the Law continued until the time of John;
14 eye ne miedi be yewoaxɔ nya siwo gblɔm mele la, ekema minyae be Yohanes ye nye Eliya, ame si Nyagblɔɖilawo gblɔ be ava do ŋgɔ la.
and – if you are ready to accept it – John is himself the Elijah who was destined to come.
15 Ne ame aɖe le klalo be yease nu la, nesee azɔ!
If you have ears, listen.
16 “Aleke magblɔ tso dukɔ sia ŋuti? Ame siawo sɔ kple ɖevi siwo le fefe fem hele gbɔgblɔm na wo nɔewo be,
But to what will I compare the present generation? It is like little children sitting in the market-places and calling out to their playmates –
17 “‘Míedzi dzidzɔhawo na mi, gake miekpɔ dzidzɔ o, eya ta míedzi kuhawo, gake miefa konyi hã o!’
We have played the flute for you, but you have not danced; We have wailed, but you have not mourned.
18 Yohanes menoa wain teti hã o, eye wòtsia nu dɔna zi geɖe, gake miegblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.
For, when John came, neither eating nor drinking, people said ‘He has a demon in him’;
19 Ke nye Amegbetɔ Vi la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, ‘Nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo!’ Ke Mawu ƒe nunya tsoa afia na eɖokui to eƒe nuwɔnawo me.”
and now that the Son of Man has come, eating and drinking, they are saying ‘Here is a glutton and a wine-drinker, a friend of tax collectors and outcasts!’ And yet wisdom is vindicated by her actions.”
20 Azɔ Yesu he nya ɖe du siwo me wòwɔ eƒe nukunu geɖewo le la ŋu, elabena wogbe be yewomaxɔ Mawu dzi se o.
Then Jesus began to reproach the towns in which most of his miracles had been done, because they had not repented,
21 Egblɔ le wo ŋu be, “Baba na wò Korazin! Baba na wò Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidon duwo mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, anɔ akpanya kple afi me.
“Alas for you, Chorazin! Alas for you, Bethsaida! For, if the miracles which were done in you had been done in Tyre and Sidon, they would have repented long ago in sackcloth and ashes.
22 Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na Sidon kple Tiro le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu mi!
Yet, I tell you, the doom of Tyre and Sidon will be more bearable in the day of judgment than yours.
23 Eye mi Kapernaumtɔwo, ɖe woade bubu mia ŋuti le dziƒoa? Gbeɖe, woaɖo mi ɖe dzomavɔʋe la me, elabena ɖe wowɔ nukunu klitsu siwo wowɔ le mewò le Sodom la, ne womatsrɔ̃ dua o, ke boŋ anɔ anyi va se ɖe egbe. (Hadēs )
And you, Capernaum! Will you exalt yourself to heaven? You will be flung down to Hades! For, if the miracles which have been done in you had been done in Sodom, it would have been standing to this day. (Hadēs )
24 Ke mele egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na Sodomnyigba le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu wò.”
Yet, I tell you, the doom of Sodom will be more bearable in the day of judgment than yours.”
25 Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do gbe ɖa be, “Mekafu wò, O Fofo, dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖe xexe sia me ƒe nunyala gãwo, eye nèɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene la.
At that same time Jesus uttered the words, “I thank you, Father, Lord of heaven and earth, that, though you have hidden these things from the wise and learned, you have revealed them to the childlike!
26 Nyateƒe, Fofo, akpe na wò, elabena aleae nèdi be wòanɔ!”
Yes, Father, I thank you that this has seemed good to you.
27 Egblɔ yi edzi be, “Fofonye tsɔ nu siwo katã nye nyateƒe la de asi nam. Fofo la koe nya ame si ƒomevi Vi la nye, eye Vi la kple ame siwo Vi la ɖee fia la koe nya Fofo la.”
Everything has been committed to me by my Father; nor does anyone fully know the Son, except the Father, or fully know the Father, except the Son and those to whom the Son may choose to reveal him.
28 “Mite va gbɔnye, mi ame siwo ŋu ɖeɖi te, eye agba le mia wum la, eye nye la mana miadzudzɔ.
Come to me, all you who toil and are burdened, and I will give you rest!
29 Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu le gbɔnye, elabena mefa, mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miaƒe luʋɔwo agbɔ ɖe eme,
Take my yoke on you, and learn from me, for I am gentle and humble, and you will find rest for your souls;
30 elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”
for my yoke is easy, and my burden is light.”