< Marko 1 >
1 Yesu Kristo, si nye Mawu ƒe Vi la, ƒe nyanyui la ƒe gɔmedzedzee nye esi.
Beginning of the gospel of Jesus Christ, the Son of God;
2 Abe ale si woŋlɔe ɖi le Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ me ene be, “Madɔ nye dɔla ɖe ŋgɔwò be wòadzra wò mɔ la ɖo,
even as it is written in the prophet Isaiah, Behold, I am sending my messenger before your face to prepare your way.
3 ame si ƒe gbe le ɖiɖim le gbea dzi be, ‘Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo, miwɔ eƒe mɔtatawo woanɔ dzɔdzɔe nɛ.’”
The voice of one crying aloud. In the desert make ready a road for the Lord. Make his paths straight.
4 Yohanes Mawutsidetanamelae nye dɔla sia. Enɔ gbedzi, eye wònɔ mawunya gblɔm be amewo nede tsi ta; ne wòafia be wotrɔ dzi me, ale be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo.
In the desert came Johnwho baptized, and preached a baptism of repentance for the remission of sins;
5 Ame geɖe ŋutɔ tso Yerusalem kple Yudea nutowo me yi gbea dzi be yewoakpɔ Yohanes, eye yewoase gbedeasi si wòtsɔ vɛ la. Esi ame siawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me nɛ vɔ la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me.
and all the land of Judea, and all the people of Jerusalem, kept going out to him, and were baptized by him in the Jordan river, confessing their sins.
6 Wotɔ awu si Yohanes do la kple kposɔfu, eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka bla awua dzii. Eƒe nuɖuɖu koe nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.
And Johnwas clothed with camel’s hair, and he had a leather girdle round his loins, and he ate locusts, and "honey of the wood."
7 Egblɔ na eƒe nyaselawo be, “Ame aɖe gbɔna kpuie, si de ŋgɔ wum sãa, nyemedze be mabɔbɔ atu eƒe atokotaŋuka gɔ̃ hã o.
He made proclamation. "There is One mightier than I coming after me, and I am not worthy to stoop down and unfasten his sandal strap;
8 Nye la, tsi ko metsɔ de mawutsi ta na mi, gake eya adee na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la!”
I have baptized you in water, but he shall baptize you in the Holy Spirit."
9 Ɣe ma ɣi la, Yesu tso Nazaret le Galilea va Yohanes gbɔ, eye Yohanes de mawutsi ta nɛ le Yɔdan tɔsisi la me.
It was at that time that Jesus came from Nazareth of Galilee, and was baptized by Johnin the Jordan;
10 Esi Yesu nɔ dodom tso tsia me la, ekpɔ be dziƒowo nu ʋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me la nɔ ɖiɖim ɖe edzi.
and as soon as he rose from the water he saw the sky cleft asunder, and the Spirit like a dove descending upon him,
11 Gbe aɖe hã ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze le.”
and a voice from the sky. "Thou art my Son, my beloved; in thee is my delight."
12 Enumake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do dui wòyi gbedzi.
Then the Spirit drove him at once into the desert,
13 Enɔ gbea dzi ŋkeke blaene, eye Satan va tee kpɔ. Enɔ lã wɔadãwo dome, eye mawudɔlawo va do ŋusẽe to subɔsubɔ me.
and he remained in the desert for forty days, tempted by Satan; and he was among the wild beasts, but the angels were ministering to him.
14 Esi Fia Herod lé Yohanes de gaxɔ me vɔ megbe la, Yesu yi Galilea be yeagblɔ Mawu ƒe nyanyui la.
After Johnhad been thrown into prison Jesus came into Galilee preaching the gospel of God.
15 Eɖe gbeƒã be, “Ɣeyiɣi la de azɔ! mawufiaɖuƒe la gogo! Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe ɖe nyanyui la ƒe ɖoɖowo nu.”
"The time is now come," he said, "and the kingdom of God is near! Repent and believe the gospel."
16 Gbe ɖeka esi Yesu ɖi tsa to Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ Simɔn kple nɔvia Andrea wonɔ asabu dam ɖe ƒua me, elabena ɖɔkplɔlawo wonye.
And as he was passing along by the sea of Galilee he saw Simon and Andrew, Simon’s brother, casting their net into the sea, for they were fishermen;
17 Yesu yɔ wo hegblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi miazu amewo ɖelawo.”
so Jesus said to them, "Come after me, and I will make you to become fishers of men."
18 Enumake wogblẽ woƒe asabu ɖi hedze eyome.
At once they left their nets and followed him.
19 Esi wozɔ ƒuta la yina sẽe la, Yesu gakpɔ Zebedeo ƒe viŋutsuwo, Yakobo kple nɔvia Yohanes hã wonɔ ʋu me nɔ woƒe ɖɔwo sam.
As he went a little farther on he saw James, the son of Zebedee, and Johnhis brother, who also were in their boat mending the nets.
20 Eyɔ woawo hã be woadze ye yome, ale wogblẽ wo fofo Zebedeo kple ɖɔkplɔlawo ɖe ʋua me hedze Yesu yome enumake.
Straightway he called them, and they left their father Zebedee in the ship with the hired servants and went after him.
21 Yesu kple ame siwo nɔ eŋu la va ɖo Kapernaum, eye woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi. Yesu fia nu amewo le afi ma.
So they came to Capernaum, and as soon as the Sabbath Day came he went into the synagogue and began to teach.
22 Ame siwo nɔ ƒuƒoƒea la ƒe mo wɔ yaa le Yesu ƒe nufiafia ŋuti, elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ.
They were astonished at his teaching, for he was teaching them with authority, not like the Scribes.
23 Ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la hã nɔ ƒuƒoƒe la gbe ma gbe. Ame sia de asi ɣlidodo me be,
And at that very moment, there in their synagogue, a man in the grip of an unclean spirit shrieked out.
24 “Yesu Nazaretitɔ, nu ka ta nèle fu ɖem na mí ɖo? Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye, wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔetɔ la.”
"What business have you with us, you Jesus of Nazareth? Are you come to destroy us? I know you who you are, the Holy One of God."
25 Yesu blu ɖe eta gblɔ be, “Zi ɖoɖoe, eye nàdo go le eme.”
But Jesus rebuked him, saying. "Be quit! Come out of him."
26 Le Yesu ƒe gbeɖeɖea nu la, gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, tsɔ amea xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye wòdo go le eme.
So the unclean spirit, after tearing him, came out of him with a loud cry;
27 Nuwɔna sia wɔ nuku na eteƒekpɔlawo ŋutɔ, eye woƒo nu le eŋu. Wobia wo nɔewo bena, nufiafia yeye kae nye esia? Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ vɔ̃wo eye woɖoa toe.
and every one was amazed so that they began questioning among themselves. "What does this mean? A new teaching with authority? He lays commands even upon unclean spirits and they obey him."
28 Nu si Yesu wɔ la na be eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea nutowo katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe.
And at once his fame spread everywhere through that part of Galilee.
29 Yesu kple eŋutimeawo do go le ƒuƒoƒe la, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe wo ŋu eye woyi Simɔn kple Andrea ƒe aƒe me,
On leaving the synagogue they went at once with Jamesand Johnto the house of Simon and Andrew.
30 Ŋudza lé Simɔn lɔ̃xo, eye wònɔ dɔba dzi hafi wode, ale wogblɔe na Yesu.
Now Simon’s mother-in-law lay sick of fever, and without delay they told him about her.
31 Yesu yi dɔnɔ la ƒe aba gbɔ, elé eƒe alɔnu, eye wònɔ alinu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo wo kɔme.
So he came and took her hand and raised her up. The fever left her at once, and she began to wait upon them.
32 Esi ɣe nɔ to ɖom la, wokplɔ dɔléla vovovowo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ le aƒe si me wònɔ la be wòada gbe le wo ŋu.
At evening when the sun had set, people came and brought to him all the sick and demon-possessed,
33 Kapernaum du blibo la katã kloe va ƒo ƒu ɖe ʋɔtrua nu be yewoakpɔ nu.
and the whole town was gathered at the door.
34 Yesu da gbe le dɔléla geɖewo ŋu, eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ame aɖewo me fiẽ ma. Meɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woaƒo nu o, elabena wonya ame si wònye.
He cured many who were ill with various diseases, and drove out many demons. But he did not allow the demons to speak, because they knew who he was.
35 Le fɔŋli la, Yesu ɖeka do go, eye wòɖe eɖokui ɖe aga be yeado gbe ɖa.
In the morning he rose a great while before day and went out to a desert place, and there prayed.
36 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Simɔn kple ame bubuawo do go yi ɖadii.
And Simon and his companions hunted him up,
37 Esi wokpɔe la, wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ameha la le diwòm.”
and told him, "Every one is looking for you."
38 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele be míayi du bubuwo hã me be magblɔ nyanyui la na woawo hã, elabena esia ta meva ɖo.”
"Let us go away," he answered, "to the neighboring country towns, that I may preach there, too; because for that purpose I came forth."
39 Ale wòzɔ mɔ tsa le Galilea nutowo katã me, henɔ mawunya gblɔm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wònɔ ga ɖem ame siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo de gae la hã.
So he went throughout Galilee, preaching in the synagogues and driving out demons.
40 Gbe ɖeka la, anyidzela aɖe va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme, eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ na Yesu be, “Ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ.”
One day a leper cane to him and besought him as he knelt down to him, saying, "If you choose, you are able to cleanse me."
41 Anyidzela la ƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta wòka asi eŋu hegblɔ nɛ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ.”
Jesus, moved with compassion, put out his hand and touched him, saying, "I do choose, be clean!"
42 Enumake anyidzela la ƒe lãme sẽ.
The leprosy at once left him, and he was made clean.
43 Yesu dɔe enumake kple sedede vevi sia be,
Jesus immediately sent him away, charging him sternly and saying.
44 “Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”
"See you say nothing to any one; but go your way, show yourself to the priest, and offer for your purification what Moses commanded for a testimony to them."
45 Gake esi ŋutsu la dzo yina la, eɖe gbeƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi, ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒeteƒewo va egbɔ.
But he went out and began to tell every one and to publish it broadcast, so that Jesus could no longer enter any town openly; but he had to remain outside in lonely places, and people kept coming to him from every quarter.