< Marko 8 >

1 Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe Yesu ŋu le teƒe aɖe gbe ɖeka, eye nuɖuɖu menɔ wo si woaɖu o. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na wo be,
その頃また大なる群衆にて食ふべき物なかりしかば、イエス弟子たちを召して言ひ給ふ、
2 “Ame siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ, elabena ŋkeke etɔ̃e nye esi wole afi sia, naneke mele wo si woaɖu o.
『われ此の群衆を憫む、既に三日われと偕にをりて、食ふべき物なし。
3 Ne meɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii la, ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi, elabena wo dometɔ aɖewo tso didiƒe ke.”
飢ゑしままにて其の家に歸らしめば、途にて疲れ果てん。其の中には遠くより來れる者あり』
4 Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le na ameha gã sia le gbedzi afi sia?”
弟子たち答へて言ふ『この寂しき地にては、何處よりパンを得て、この人々を飽かしむべき』
5 Ke Yesu hã bia wo be, “Abolo nenie le mia si?” Woɖo eŋu be, “Abolo adre.”
イエス問ひ給ふ『パン幾つあるか』答へて『七つ』といふ。
6 Azɔ Yesu gblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe gbea dzi. Etsɔ abolo adreawo, da akpe na Mawu ɖe wo ta, ŋe wo me kakɛkakɛ hetsɔ wo na nusrɔ̃lawo, eye wotsɔ wo ɖo ameawo ƒe akɔme.
イエス群衆に命じて地に坐せしめ、七つのパンを取り、謝して之を裂き、弟子たちに與へて群衆の前におかしむ。弟子たち乃ちその前におく。
7 Lã meme ʋe aɖewo hã nɔ wo si, eye Yesu da akpe ɖe woawo hã ta, eye wòna be nusrɔ̃lawo ma wo na ameawo.
また小き魚すこしばかりあり、祝して、之をもその前におけと言ひ給ふ。
8 Ameawo ɖu nu, ɖi ƒodo nyuie. Emegbe la, nusrɔ̃lawo ƒo abolo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, woyɔ kusi adre.
人々 食ひて飽き、裂きたる餘を拾ひしに、七つの籃に滿ちたり。
9 Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe ene. Yesu do mɔ wo le nua ɖuɖu vɔ megbe.
その人おほよそ四千 人なりき。イエス彼らを歸し、
10 Le nu siawo megbe la, Yesu ge ɖe ʋu la me enumake kple eƒe nusrɔ̃lawo, wova ɖi go ɖe Dalmanuta nuto me.
直ちに弟子たちと共に舟に乘りて、ダルマヌタの地方に往き給へり。
11 Farisitɔ siwo nɔ afi ma la se be Yesu va ɖo teƒea ale woyi be yewoahe nya kplii. Wova gblɔ nɛ be, “Wɔ dzesi aɖe tso dziƒo fifia míakpɔ, ekema míaxɔ dziwò se.”
パリサイ人いで來りて、イエスと論じはじめ、之を試みて天よりの徴をもとむ。
12 Yesu ɖe hũu le eƒe gbɔgbɔ la me hegblɔ na wo be, “Nyemawɔ naneke o. Vavã mele egblɔm na mi bena womele dzesi ɖeka na ge dzidzime sia o.”
イエス心に深く歎じて言ひ給ふ『なにゆゑ今の代は徴を求むるか、まことに汝らに告ぐ、徴は今の代に斷えて與へられじ』
13 Yesu dzo le wo gbɔ, hetrɔ ge ɖe ʋu la me, eye wòtso ƒu la heyi ɖe go kemɛ dzi.
かくて彼らを離れ、また舟に乘りて彼方に往き給ふ。
14 Hafi woadzo la, nusrɔ̃lawo ŋlɔ be wometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o, evɔ abolo ɖeka koe susɔ ɖe wo si.
弟子たちパンを携ふることを忘れ、舟には唯一つの他パンなかりき。
15 Esi wonɔ ƒua dzi yina la, Yesu xlɔ̃ nu wo be, “Mikpɔ nyuie le Herod kple Farisitɔwo ƒe amɔʋãnu la ŋu.”
イエス彼らを戒めて言ひたまふ『愼みて、パリサイ人のパンだねと、ヘロデのパンだねとに心せよ』
16 Nusrɔ̃lawo bia wo nɔewo be, “Nya sia gɔme ɖe?” Mlɔeba la, eva dze na wo abe nuɖuɖu si woŋlɔ be la ŋuti Yesu nɔ nu ƒom le ene.
弟子たち互に、これはパン無き故ならんと語り合ふ。
17 Yesu nya nya si gblɔm wonɔ, ale wògblɔ na wo be, “Gbeɖe, menye nu si bum miele la gblɔm mele o! Nu ka ta mietea ŋu sea nu gɔme o ɖo? Ɖe miaƒe dziwo ku atri nenema gbegbe be miate ŋu ase nu gɔme oa?
イエス知りて言ひたまふ『何ぞパン無き故ならんと語り合ふか、未だ知らぬか、悟らぬか、汝らの心なほ鈍きか。
18 Miaƒe ŋkuwo la, nu wobe miakpɔ kpli wo, ke nu ka ta miekpɔa nu o? Nu ka ta miate ŋu aʋu miaƒe towo ase nu o ɖo? Mieɖo ŋku naneke dzi kura oa?
目ありて見ぬか、耳ありて聽かぬか。又なんぢら思ひ出でぬか、
19 “Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ oa? Nuɖuɖu wuwlui kusi neni miefɔ emegbe?” Woɖo eŋu nɛ be “Wuieve sɔŋ.”
五つのパンを裂きて、五 千 人に與へし時、その餘を幾筐ひろひしか』弟子たち言ふ『十二』
20 Egabia wo be, “Esi menyi ame akpe ene kple abolo adre ɖe, abolo kusi nenie susɔ?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kusi adre.”
『七つのパンを裂きて四千 人に與へし時、その餘を幾籃ひろひしか』弟子たち言ふ『七つ』
21 Azɔ egblɔ na wo be, “Ɖe miaƒe dziwo ku atri nenema gbegbe be miate ŋu ase nu gɔme oa?”
イエス言ひたまふ『未だ悟らぬか』
22 Azɔ esi wova ɖo Betsaida la, ame aɖewo kplɔ ŋkunɔ aɖe vɛ nɛ, eye woɖe kuku nɛ be wòayɔ dɔe.
彼ら遂にベツサイダに到る。人々、盲人をイエスに連れ來りて、觸り給はんことを願ふ。
23 Yesu lé ŋkunɔ la ƒe alɔnu, eye wòkplɔe do goe le dua me. Eɖe ta ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye wòda asi ɖe wo dzi. Azɔ ebia ŋkunɔ la be, “Ète ŋu le nu kpɔma?”
イエス盲人の手をとりて、村の外に連れ往き、その目に唾し、御手をあてて『なにか見ゆるか』と問ひ給へば、
24 Ame la tsa ŋku godoo, eye wòɖo eŋu be, “Ɛ̃, mele amewo kpɔm, gake nyemele wo kpɔm nyuie o, wodze abe atiwoe le zɔzɔm ene!”
見 上げて言ふ『人を見る、それは樹の如き物の歩くが見ゆ』
25 Yesu gaɖo asi ame la ƒe ŋkuwo dzi ake, ke fifia la, eƒe ŋkuawo ʋu nyuie, eye wònɔ nu kpɔm nyuie.
また御手をその目にあて給へば、視凝めたるに、癒えて凡てのもの明かに見えたり。
26 Yesu ɖoe ɖe eƒe ƒometɔwo gbɔ, eye wòde se nɛ be, “Mègato kɔƒea me hafi nàyi o.”
かくて『村にも入るな』と言ひて、その家に歸し給へり。
27 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Galilea heyi Kaisarea Filipi kɔƒewo me. Esi wozɔ yina la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Ame ka amewo bu be menye? Aleke wole gbɔgblɔm tso ŋunye?”
イエス其の弟子たちとピリポ・カイザリヤの村々に出でゆき、途にて弟子たちに問ひて言ひたまふ『人々は我を誰と言ふか』
28 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo bu be Yohanes Mawutsidetanamelae nènye, eye bubuwo gblɔ be Eliya alo Mawu ƒe Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye gava dzɔ.”
答へて言ふ『バプテスマのヨハネ、或 人はエリヤ、或 人は預言者の一人』
29 Ke ebia woawo ŋutɔ be, “Ame ka miawo ya miebu be menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo la!”
また問ひ給ふ『なんぢらは我を誰と言ふか』ペテロ答へて言ふ『なんぢはキリストなり』
30 Ke Yesu de se na wo be womegana ame aɖeke nanya esia o!
イエス己がことを誰にも告ぐなと、彼らを戒め給ふ。
31 Azɔ Yesu de asi nufiafia wo me be edze be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖewo. Egblɔ na wo be dumegãwo kple nunɔlagãwo agbe nu le ye gbɔ. Sefialawo hã agbe ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.
かくて人の子の必ず多くの苦難をうけ、長老・祭司長・學者らに棄てられ、かつ殺され、三日の後に甦へるべき事を教へはじめ、
32 Yesu ƒo nu na wo faa le nya siawo ŋu, meɣla naneke ɖe wo o, eya ta Petro yɔe ɖe kpɔe heka mo nɛ be, “Mele be nànɔ nya sia ƒomevi gblɔm o.”
此の事をあらはに語り給ふ。ここにペテロ、イエスを傍にひきて戒め出でたれば、
33 Yesu trɔ kɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na Petro adãtɔe be, “Wò Satana, te ɖa le gbɔnye elabena èle nu siawo kpɔm le amegbetɔ ƒe susu nu, ke menye le Mawu tɔ nu o.”
イエス振反りて弟子たちを見、ペテロを戒めて言ひ給ふ『サタンよ、わが後に退け、汝は神のことを思はず、反つて人のことを思ふ』
34 Azɔ eyɔ nusrɔ̃lawo kple amehawo ƒo ƒu be woaɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Ne mia dometɔ aɖe di be yeadze yonyeme la, ele be wòaɖe asi le nu siwo katã doa dzidzɔ nɛ la ŋu, wòakɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo.
かくて群衆を弟子たちと共に呼び寄せて言ひたまふ『人もし我に從ひ來らんと思はば、己をすて、己が十字架を負ひて我に從へ。
35 Ne miedi kokoko be miaɖe miaƒe agbe la, miabui boŋ. Ame siwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi le nye nyanyui la ta la, atsi agbe boŋ.
己が生命を救はんと思ふ者は、これを失ひ、我が爲また福音の爲に己が生命をうしなふ者は、之を救はん。
36 “Viɖe ka wòanye na ame be xexea me katã nazu etɔ, gake wòabu eƒe agbe to xexemenuwo didi me?
人、全世界を贏くとも、己が生命を損せば、何の益あらん、
37 Nane gaxɔ asi wu eya ŋutɔ ƒe luʋɔ le xexe sia mea?
人その生命の代に何を與へんや。
38 Le ŋkeke siawo me, esi dzimaxɔse kple nu vɔ̃ bɔ alea la, ame si nye kple nye nyawo akpe ŋu na la, Amegbetɔ Vi la akpe ŋu eya hã nenye be etrɔ va le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo.”
不義なる罪 深き今の代にて、我または我が言を恥づる者をば、人の子もまた、父の榮光をもて、聖なる御使たちと共に來らん時に恥づべし』

< Marko 8 >