< Marko 7 >

1 Gbe ɖeka la, Farisitɔwo kple Agbalẽfiala aɖewo tso Yerusalem va Yesu gbɔ.
几个法利赛人和宗教老师从耶路撒冷来,与耶稣相见。
2 Ame siawo de dzesii be Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo meklɔa asi le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi ɖua nu o.
他们看见他的门徒中,有人用不干净的手吃饭(饭前不洗手)。
3 (Elabena Yudatɔwo, vevietɔ Farisitɔwo ɖe woklɔa asi kple abɔ va se ɖe abɔkugluinu ke abe ale si wo tɔgbuiwo wɔnɛ hafi ɖua nu ene.
(法利赛人和所有犹太人都拘守祖先的传统,吃东西前必须认真洗手。
4 Ne wotso asi me gbɔ la, ele be woawɔ kɔnu sia godoo hafi ade asi nuɖuɖu ŋu. Esia nye se siwo dzi wowɔna pɛpɛpɛ ƒe alafa nanewo la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Kɔnu bubu si me wogalé ɖe asi lae nye nuɖazewo, ganuwo kple gagbawo kɔklɔ.)
同样,从集市回家后,若不洗手就不吃东西。他们还遵循其他传统,例如洗杯、洗罐、洗铜器等等。)
5 Ale Farisitɔwo kple agbalẽfiala siawo va bia Yesu be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo megawɔa míaƒe blemakɔnu o ɖo? Womeklɔa asi ɖe kɔnua nu hafi ɖua nu o.”
法利赛人和宗教老师问耶稣:“你的门徒为什么不遵行祖先的传统,要用不洁的手吃饭?”
6 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe ŋutɔe Yesaya to esi wògblɔ nya ɖi tso mi alakpatɔ siawo ŋuti; abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “‘Ame siawo le kafuyem kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.
耶稣对他们说:“以赛亚关于你们这群伪君子的预言太对了:‘这些人只把尊敬挂在嘴上,心却在远离我。
7 Woƒe subɔsubɔ nye dzodzro, elabena woƒe nufiafiawo nye amewo ƒe sededewo ko.’
他们只把律条当作人类规则讲述,所以拜我也是徒然。’
8 Elabena miegbe nu le Mawu ƒe ɖoɖo vavãwo gbɔ hewɔa mia ŋutɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi.
你们小心地遵循着人间的传统,却背弃了上帝的诫命。”
9 Ɖe mieɖoe koŋ le nu gbem le Mawu ƒe sewo gbɔ, eye mietu afɔ wo dzi le miawo ŋutɔ ƒe kɔnyinyiwo ta.
耶稣又对他们说:“你们为了坚守自己的传统,以取巧的方式违背了上帝的律法。
10 “Le kpɔɖeŋu me, Mose de se si tso Mawu gbɔ la na mi be, ‘Bu fofowò kple dawò.’ Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Ame si agblɔ nya vlo ɖe fofoa alo dadaa ŋu la dze na ku,’
摩西说:‘当孝敬父母’,还说:‘咒骂父母必被处死’。
11 gake miawo la, miegblɔ be ame ate ŋu agblɔ na fofoa alo dadaa si hiã nane la be, nu si wòle be matsɔ na wò la nye kɔban (esi gɔmee nye, metsɔe na Mawu).
但也有人会说:‘我把应该给你们的供奉,都用做各耳板 (上帝供物)了,
12 Mieɖea mɔ nɛ be wòawɔ nu si dze be wòawɔ la na fofoa alo dadaa o.
所以就不必为父母做什么’。
13 Ale miegbe Mawu ƒe nya, eye miewɔna ɖe miaƒe kɔnyinyi, siwo mieɖo anyi la dzi. Miaƒe wɔna geɖewo le alea.”
你们通过这种方式遵循传统,摒弃上帝的教诲。你们做的很多事情都是如此。”
14 Azɔ Yesu yɔ ameha la be woava ɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Mi katã miɖo to nyuie, ne miase nya siawo gɔme.
于是耶稣又把民众叫过来,对他们说:“大家听我说,也要理解,
15 Naneke meli si tsoa gota gena ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖi amea o, ke boŋ nu siwo doa go tso amea me la, woawoe nye nu siwo ƒoa ɖii. [
真正让你污秽的,不是从外界进入你身体的东西,而是从你身体出来的东西。”
16 Ame si to senu li na la nesee.]”
17 Azɔ Yesu ge ɖe aƒe aɖe me be yeadzo le ameha la gbɔ vie. Eƒe nusrɔ̃lawo va biae le afi sia be wòaɖe lo si wòdo la gɔme na yewo.
然后耶稣离开民众,走进屋子,门徒过来问他这比喻是什么意思。
18 Yesu bia wo be, “Ekema miawo hã miese nya siawo gɔme oa? Miate ŋu ade dzesii be nu siwo mieɖuna la megblẽa nu le mia ŋu o?
他对他们说:“你们这也不明白吗?难道你们不知道?从外界进入体内的,不会让人感到污秽。
19 Ne ame ɖu nu la, meyina eƒe dzi me o, ke boŋ etoa eƒe dɔkaviwo me hezua nugodo.” (Egblɔ nya sia be yeafia be nuɖuɖu ɖe sia ɖe ŋuti kɔ.)
因为外界之物不会进入你的思想,而是进入你的内脏,最后排泄到外面。所以从仪式的角度来讲,所有食物都是‘洁净的’”。
20 Egagblɔ be, “Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame,
接着他又说:“从人体内出来的,才会让人污秽。
21 elabena ame ƒe dzi mee susu baɖa doa go tsona. Nu baɖawo abe, fieŋuifieŋui alo matrewɔwɔ, fififi, amewuwu, ahasiwɔwɔ
因为从人的内在和思想所传出来的,可能是恶念、淫乱、偷盗、凶杀、
22 ŋubiabiã, ŋutasesẽ, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋuʋaʋã, ameŋugbegblẽ, dada kple movinuwɔna bubuwo.
奸淫、贪心、邪恶、诡诈、放荡、嫉妒、毁谤、骄傲、愚妄。
23 Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso miaƒe dziwo me, eye woawoe nye nu siwo ƒoa ɖi mi ale be miedze be miado ɖe Mawu ŋkume o.”
这一切恶事,都源于内在,让人污秽。”
24 Yesu dzo le Galilea heyi Tiro kple Sidon nutowo me. Edze agbagba be yeaɣla ye ɖokui ɖe aƒe aɖe me, gake mete ŋui o. Mekpɔ ɖo hafi eƒe vava ɖi hoo abe ale si wònɔna ɖaa ene o.
随后耶稣动身去往推罗地区,住在那里的一所房子中,本来不想让人知道,但他的行踪却隐藏不住。
25 Nyɔnu aɖe si ƒe vi gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ fu ɖem na la va egbɔ enumake. Nyɔnu sia se Yesu ŋkɔ, eva dze klo ɖe eƒe afɔ nu
一个女人的小女儿被恶灵附体,听说耶稣的事情后,就过来俯伏在他脚前。
26 heɖe kuku nɛ be wòanya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le ye vi la me. Nyɔnu la nye Sirofoiniketɔ.
这女人是希腊人,生于叙利斐尼基。他求耶稣把鬼从她女儿身上赶出去。
27 Yesu gblɔ nɛ be, “Ele be ɖeviwo naɖi ƒo gbã; gawu la, menyo be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu ana avuwo o.”
耶稣对她说:“应该先让孩子吃饱。把喂孩子的饼丢给狗吃可不好。”
28 Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, esia nye nyateƒe, gake wotsɔa ɖeviwo ƒe nuɖuɖu wuwlui si susɔ la naa avuvi siwo le kplɔ̃ te.”
那女人回答他:“主啊,是的。但狗可以在桌子底下吃孩子们掉下来的碎渣。”
29 Yesu gblɔ nɛ be, “Le nya sia ta la, heyi, gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le viwò nyɔnuvi la me.”
耶稣对她说:“就凭这个回答,你回去吧,鬼已经从你女儿身上出去了。”
30 Esi nyɔnu sia va ɖo aƒe me la, ekpɔ via nyɔnuvi la wòmlɔ anyi ɖe aba dzi kpoo, elabena gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme.
她回到家,看见女儿在床上躺着,恶灵已经离开她的身体。
31 Azɔ Yesu tso Tiro yi Sidon to Dekapoli alo Du Ewoawo me gatrɔ yi Galilea ƒua nu.
耶稣离开推罗,经过西顿回到低加波利地区的加利利海。
32 Wokplɔ tokunɔ aɖe si menya nuƒoƒo nyuie o la vɛ nɛ, eye amewo ɖe kuku nɛ be wòayɔ dɔe.
有人带来一个聋哑人来到他面前,求耶稣触摸他。
33 Yesu kplɔ tokunɔ la dzoe le ameawo dome yi adzɔge, eye wòƒo eƒe asibidɛwo ɖe eƒe towo me. Azɔ eɖe ta hesi ɖe eƒe aɖe dzi.
耶稣把他从人群中带到一边,将手指伸入他的耳朵,用自己的唾沫抹在他的舌头上,
34 Ewu mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògbɔ fũu heɖe gbe be, “Hefata!” (si gɔmee nye “Ʋu!”).
然后望着天叹了一口气,对他说:“以法大!”意为:“打开吧!”
35 Enumake ame la ƒe towo ʋu, eye wòde asi nusese kple nuƒoƒo me nyuie.
那人的听力和说话的能力就恢复了,可以正常说话。
36 Yesu de se na ameha la be womegana amewo nanya nu si yewɔ la o. Ke zi ale si wòde se sia na wo la, nenema kee wokakaa nya la.
耶稣嘱咐他们不要告诉其他人,但越是嘱咐,他们就越传扬这消息。
37 Elabena nuwɔna la wɔ nuku na wo. Ale amewo nɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Nu sia nu si wòwɔna la nye nukunu. Ewɔnɛ be tokunɔ sea nu, eye aɖetututɔ hã ƒoa nu eme kɔna!”
众人非常惊讶地说:“他的所作所为都太惊人了,竟然能让聋人听见,让哑巴说话。”

< Marko 7 >