< Marko 6 >
1 Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le nuto ma me yi Nazaret si nye ededu me.
And going out from thence, he went into his own country; and his disciples followed him.
2 Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, eyi ƒuƒoƒe la ɖafia nu, eye ame geɖe siwo se eƒe nufiafia la ƒe nu ku. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nu siawo tsoe? Nunya ka tɔgbi wonae be wòte ŋu le nukunu siawo wɔm!
And when the sabbath was come, he began to teach in the synagogue: and many hearing him were in admiration at his doctrine, saying: How came this man by all these things? and what wisdom is this that is given to him, and such mighty works as are wrought by his hands?
3 Alo menye ame siae nye atikpala la oa? Menye Maria ƒe viŋutsu si nɔviwoe nye Yakobo, Yosef, Yuda kple Simɔn, siwo le mía dome, eye nɔvia nyɔnuwo hã le mía dome oa?” Esia na eƒe nu ve dɔme na wo ŋutɔ.
Is not this the carpenter, the son of Mary, the brother of James, and Joseph, and Jude, and Simon? are not also his sisters here with us? And they were scandalized in regard of him.
4 Yesu gblɔ na wo be, “Bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me, amewo dome kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me o.”
And Jesus said to them: A prophet is not without honor, but in his own country, and in his own house, and among his own kindred.
5 Le ameawo ƒe dzimaxɔse ta la, mete ŋu wɔ nukunu gãwo le wo dome o, asi ko wòda ɖe dɔléla ʋɛ aɖewo dzi heyɔ dɔ wo.
And he could not do any miracles there, only that he cured a few that were sick, laying his hands upon them.
6 Ewɔ nuku na Yesu ŋutɔ be wo detɔwo mexɔ edzi se o, ale wòdzo ɖatsa le kɔƒewo me nɔ nu fiam amewo.
And he wondered because of their unbelief, and he went through the villages round about teaching.
7 Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo, eye wòdɔ wo eveve hena ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me.
And he called the twelve; and began to send them two and two, and gave them power over unclean spirits.
8 Egblɔ na wo be, “Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, negbe atizɔti ko. Migatsɔ nuɖuɖu, mɔzɔkotoku alo ga hã ɖe asi o.
And he commanded them that they should take nothing for the way, but a staff only: no scrip, no bread, nor money in their purse,
9 Migatsɔ afɔkpa eve alo awu eve teti hã o.
But to be shod with sandals, and that they should not put on two coats.
10 Midze aƒe ɖeka ko me le kɔƒe ɖe sia ɖe me; miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o.
And he said to them: Wheresoever you shall enter into an house, there abide till you depart from that place.
11 Nenye be kɔƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi alo ɖo to mi o la, miʋuʋu ke si lé ɖe afɔƒome na mi la ɖi, eye miadzo. Esia nye ɖase be miegblẽ teƒe la ɖi be nu sia nu si adzɔ ɖe edzi la nadzɔ faa.”
And whosoever shall not receive you, nor hear you; going forth from thence, shake off the dust from your feet for a testimony to them.
12 Nusrɔ̃lawo dze mɔ henɔ nu xlɔ̃m ame sia ame si wodo goe le mɔa dzi la be wòatrɔ dzime.
And going forth they preached that men should do penance:
13 Wonya gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me, eye wosi ami na dɔnɔwo heda gbe le wo ŋu.
And they cast out many devils, and anointed with oil many that were sick, and healed them.
14 Fia Herod se Yesu ŋkɔ, elabena ame sia ame nɔ nu ƒom tso nukunu siwo katã wɔm wònɔ la ŋu. Fia la bu be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, elabena amewo le gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae fɔ, eya ta wòte ŋu le nukunu siawo wɔm ɖo.”
And king Herod heard, (for his name was made manifest, ) and he said: John the Baptist is risen again from the dead, and therefore mighty works shew forth themselves in him.
15 Ame aɖewo hã bu be Yesue nye Eliya, Mawu ƒe Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖeka, si gava dzɔ, eye ɖewo hã bu be Yesue nye Mawu ƒe Gbeƒãɖela yeye si si ŋusẽ le abe esiwo nɔ anyi va yi la ene.
And others said: It is Elias. But others said: It is a prophet, as one of the prophets.
16 Ke Herod ya gblɔ kple kakaɖedzi be, “Yohanes, ame si nu metso ta le la kokokoe fɔ tso yɔ me.”
Which Herod hearing, said: John whom I beheaded, he is risen again from the dead.
17 Herod sia nye ame si dɔ asrafowo be woalé Yohanes de gaxɔ me. Ewɔ esia le Herod, nɔvia Filipo srɔ̃ si wòxɔ la ta,
For Herod himself had sent and apprehended John, and bound him in prison for the sake of Herodias the wife of Philip his brother, because he had married her.
18 elabena Yohanes gblɔ na Herod be, “Se meɖe mɔ be nàxɔ nɔviwò srɔ̃ aɖe o.”
For John said to Herod: It is not lawful for thee to have thy brother’s wife.
19 Le esia ta Herod di vevie be woawu Yohanes, gake fia la meda asi ɖe ɖoɖo sia dzi o,
Now Herodias laid snares for him: and was desirous to put him to death, and could not.
20 elabena Herod tsɔ bubu geɖe na Yohanes le eƒe ame ɖɔʋu kple ame kɔkɔenyenye ta, eya ta etsɔe de eya ŋutɔ ƒe dzikpɔkpɔ te. Nenye be Herod kple Yohanes wole dze ɖom la, nya siwo Yohanes gblɔna la ɖea fu na Herod ƒe susu ŋutɔ, gake zi geɖe la, edina kokoko be yeaɖo dze kplii.
For Herod feared John, knowing him to be a just and holy man: and kept him, and when he heard him, did many things: and he heard him willingly.
21 Mlɔeba la, Herod va kpɔ mɔnu aɖe si dzi wòato awu Yohanes. Herod ƒe dzigbezã ɖo, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe kpeɖeŋutɔwo, ame siwo nye asrafowo ƒe amegãwo kple ame ŋkuta, siwo tso Galilea la le fiasã la me.
And when a convenient day was come, Herod made a supper for his birthday, for the princes, and tribunes, and chief men of Galilee.
22 Eva dzɔ be Herod ƒe vinyɔnu va ɖu ɣe na ame kpekpeawo. Eƒe ɣeɖuɖu do dzidzɔ na ame sia ame ŋutɔ. Le esia ta fia la gblɔ na nyɔnuvi la be, “Bia nu sia nu si nèdi tso asinye la, mana wò.”
And when the daughter of the same Herodias had come in, and had danced, and pleased Herod, and them that were at table with him, the king said to the damsel: Ask of me what thou wilt, and I will give it thee.
23 Eka atam nɛ be, “Nu sia nu si nàbia la, matsɔe na wò; nenye nye fiaɖuƒe la ƒe afã nèbia hã la, mana wò.”
And he swore to her: Whatsoever thou shalt ask I will give thee, though it be the half of my kingdom.
24 Nyɔnuvi la yi dadaa gbɔ ɖagblɔ nya la nɛ. Dadaa gblɔ nɛ be, “Yi nàbia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta.”
Who when she was gone out, said to her mother, What shall I ask? But she said: The head of John the Baptist.
25 Nyɔnuvi la gaɖe abla va fia la gbɔ va gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim fifi laa, nenɔ agba me woatsɔ vɛ nam.”
And when she was come in immediately with haste to the king, she asked, saying: I will that forthwith thou give me in a dish, the head of John the Baptist.
26 Nya sia ve fia la ŋutɔ, gake anye ŋukpe be wòada le atam si wòka la dzi le eƒe ame kpekpeawo ŋkume,
And the king was struck sad. Yet because of his oath, and because of them that were with him at table, he would not displease her:
27 eya ta eɖo asrafo si le eŋu dzɔm la ɖa be wòayi aɖatso ta le Yohanes nu atsɔ vɛ na ye. Asrafo la yi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ la me
But sending an executioner, he commanded that his head should be brought in a dish.
28 hetsɔ de agba me vɛ na nyɔnuvi la, eye wòtsɔe yi na dadaa.
And he beheaded him in the prison, and brought his head in a dish: and gave it to the damsel, and the damsel gave it to her mother.
29 Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu si dzɔ la, woyi ɖaxɔ eƒe kukua ɖaɖi.
Which his disciples hearing came, and took his body, and laid it in a tomb.
30 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo trɔ tso woƒe mɔzɔzɔ la gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã wowɔ, nya siwo katã wogblɔ kple teƒe siwo katã wode la nɛ.
And the apostles coming together unto Jesus, related to him all things that they had done and taught.
31 Yesu se nya siawo keŋ, eye wòɖo aɖaŋu na wo be, “Mina míadzo le amehawo dome vie aɖadi teƒe aɖe anɔ adzudzɔ sẽe.” Elabena ame geɖewo ŋutɔ nɔ wo gbɔ vam henɔ dzodzom, ale be ɣeyiɣi meli woaɖu nu o.
And he said to them: Come apart into a desert place, and rest a little. For there were many coming and going: and they had not so much as time to eat.
32 Ale wodzo le teƒe sia kple ʋu heyi teƒe aɖe si zi ɖoɖoe wu,
And going up into a ship, they went into a desert place apart.
33 gake ame geɖewo gakpɔ wo xoxo, wonya afi si yim wonɔ, eya ta woƒu du dze ŋgɔ na wo, zɔ ƒua nu yi ɖakpe wo esi woɖi le ʋu la me teti ko.
And they saw them going away, and many knew: and they ran flocking thither on foot from all the cities, and were there before them.
34 Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ameha gã aɖe gava kpe Yesu le afi sia. Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena wole abe alẽha si kplɔla meli na o la ene. Efia nu geɖe siwo wòle be woanya la wo.
And Jesus going out saw a great multitude: and he had compassion on them, because they were as sheep not having a shepherd, and he began to teach them many things.
35 Le ɣetrɔ me la, eƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ nɛ be, “Teƒe sia tso abo, evɔ zã hã le dodom,
And when the day was now far spent, his disciples came to him, saying: This is a desert place, and the hour is now past:
36 eya ta gblɔ na ameawo be woayi kɔƒe kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu na wo ɖokuiwo.”
Send them away, that going into the next villages and towns, they may buy themselves meat to eat.
37 Gake Yesu gblɔ na wo be, “Miawo mina nuɖuɖu wo.” Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka míana wo? Hafi woate ŋu ana nuɖuɖu ameha sia la, ehiã ga home gã aɖe.”
And he answering said to them: Give you them to eat. And they said to him: Let us go and buy bread for two hundred pence, and we will give them to eat.
38 Yesu bia wo be, “Nuɖuɖu agbɔsɔsɔ ka sinue le mia si? Miyi miakpɔe ɖa.” Woyi gbɔ va gblɔ nɛ be, “Abolo atɔ̃ kple tɔmelã meme eve koe li.”
And he saith to them: How many loaves have you? go and see. And when they knew, they say: Five, and two fishes.
39 Yesu gblɔ na wo be woana ameawo nanɔ anyi ɖe ƒuƒoƒowo me le gbe dama la dzi.
And he commanded them that they should make them all sit down by companies upon the green grass.
40 Ale ameawo nɔ anyi ɖe hatsotso alafawo kple blaatɔ̃wo me.
And they sat down in ranks, by hundreds and by fifties.
41 Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ la kple tɔmelã meme eve la, eye wòwu mo dzi, heda akpe ɖe wo ta. Eŋe aboloawo me, eye wòtsɔ wo kple tɔmelãwo na nusrɔ̃la ɖe sia ɖe be wòaɖo ameawo ƒe akɔme.
And when he had taken the five loaves, and the two fishes: looking up to heaven, he blessed, and broke the loaves, and gave to his disciples to set before them: and the two fishes he divided among them all.
42 Ameawo ɖu nu la ale gbegbe be woɖi ƒo wu ale si hiã,
And they all did eat, and had their fill.
43 eye esi nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kple tɔmelã kakɛ siwo susɔ la, woyɔ kusi wuieve.
And they took up the leavings, twelve full baskets of fragments, and of the fishes.
44 Ke ŋutsu siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃.
And they that did eat, were five thousand men.
45 Le nuɖuɖu la nana ameawo vɔ megbe teti ko la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋu la me, akui atso ƒu la ayi Betsaida afi si yeava tu wo le emegbe. Ebe ye ŋutɔ yeado megbe ado mɔ ameha la woayi aƒe me.
And immediately he obliged his disciples to go up into the ship, that they might go before him over the water to Bethsaida, whilst he dismissed the people.
46 Le esia megbe la, Yesu yi togbɛ aɖe dzi be yeado gbe ɖa.
And when he had dismissed them, he went up to the mountain to pray.
47 Le zã me esi tɔdziʋua ɖo ƒu la ƒe titina la, eya ɖeka susɔ ɖe gota.
And when it was late, the ship was in the midst of the sea, and himself alone on the land.
48 Yesu ɖeka nɔ godzi kpɔ wo ɖa. Ekpɔ be ya sesẽ si nɔ ƒoƒom la nɔ fu ɖem na wo ale gbegbe be ʋua kuku sesẽ na wo ŋutɔ. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, Yesu zɔ ƒu la dzi ɖo ta wo gbɔ. Ewɔ abe ɖe wòbe yeazɔ to wo ŋu ene,
And seeing them labouring in rowing, (for the wind was against them, ) and about the fourth watch of the night, he cometh to them walking upon the sea, and he would have passed by them.
49 gake wo katã wokpɔe wònɔ zɔzɔm le ƒu la dzi, eya ta wodo vɔvɔ̃ɣli, elabena wobu be ŋɔlie.
But they seeing him walking upon the sea, thought it was an apparition, and they cried out.
50 Gake eƒo nu gblɔ na wo enumake be, “Miaƒe dzi nedze eme. Nyee, migavɔ̃ o.”
For they all saw him, and were troubled. And immediately he spoke with them, and said to them: Have a good heart, it is I, fear ye not.
51 Azɔ ege ɖe ʋu la me, eye yaƒoƒo la tɔ. Nusrɔ̃lawo katã ƒe nu ku ŋutɔ,
And he went up to them into the ship, and the wind ceased: and they were far more astonished within themselves:
52 elabena va se ɖe fifia la, womese Yesu ƒe wɔnawo gɔme o. Gawu la, womese nukunu gã si wòwɔ le ɣetrɔ ma hã gɔme o, elabena woƒe dzi me sẽ.
For they understood not concerning the loaves; for their heart was blinded.
53 Wotso ƒu la va ɖi go ɖe Genesaretnyigba dzi, eye wotɔ ʋu la.
And when they had passed over, they came into the land of Genezareth, and set to the shore.
54 Ke esi wodo go le eme la, ame siwo nɔ afi ma la kpɔ Yesu dze sii enumake,
And when they were gone out of the ship, immediately they knew him:
55 eya ta woƒu du ɖagblɔe na ame siwo katã le nuto la me be Yesu va ɖo. Ale amewo kɔ dɔnɔwo ɖe abawo dzi va egbɔ.
And running through that whole country, they began to carry about in beds those that were sick, where they heard he was.
56 Afi sia afi si Yesu yi le kɔƒewo, duwo kple agbletawo la, wokɔa dɔnɔwo vaa asiwo kple mɔwo toe, eye woɖea kuku nɛ be woaka asi eƒe awu pɛ ko ŋu. Le nyateƒe me la, ame siwo katã ka asi eŋu ko la ƒe lãme sẽna.
And whithersoever he entered, into towns or into villages or cities, they laid the sick in the streets, and besought him that they might touch but the hem of his garment: and as many as touched him were made whole.