< Marko 3 >

1 Yesu gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum, eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma.
ⲁ̅ⲁⲩⲱ ⲁϥⲃⲱⲕ ⲟⲛ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲧⲥⲩⲛⲁⲅⲱⲅⲏ ⲛⲉⲩⲛⲟⲩⲣⲱⲙⲉ ⲇⲉ ⲙⲙⲁⲩ ⲉⲣⲉⲧⲉϥϭⲓϫ ⲙⲟⲟⲩⲧ
2 Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke ta la, Yesu ƒe futɔwo nɔ ŋku lém ɖe eŋu tsitotsito be ada gbe le amea ŋu mahã, ne wòwɔe la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu.
ⲃ̅ⲁⲩⲱ ⲛⲉⲩⲡⲁⲣⲁⲧⲏⲣⲓ ⲉⲣⲟϥ ϫⲉ ⲉⲛⲉϥⲛⲁⲑⲉⲣⲁⲡⲟⲩ ⲙⲙⲟϥ ϩⲛ ⲛⲥⲁⲃⲃⲁⲧⲟⲛ ϫⲉ ⲉⲩⲉⲕⲁⲧⲏⲅⲟⲣⲓ ⲙⲙⲟϥ
3 Yesu yɔ amea be neva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume.
ⲅ̅ⲁⲩⲱ ⲡⲉϫⲁϥ ⲙⲡⲣⲱⲙⲉ ⲉⲣⲉⲧⲉϥϭⲓϫ ⲙⲟⲟⲩⲧ ϫⲉ ⲧⲱⲟⲩⲛⲅ ⲁⲙⲟⲩ ⲉⲧⲙⲏⲧⲉ
4 Etrɔ ɖe wo gbɔ hebia wo be, “Enyo be woawɔ dɔmenyo le Dzudzɔgbe ŋkekewo dzia? Alo enye ŋkeke si dzi woawɔ nu nyui loo alo vɔ̃?” Ameawo katã zi kpi, eye womeɖo biabia siawo ƒe ɖeke ŋu nɛ o.
ⲇ̅ⲁⲩⲱ ⲡⲉϫⲁϥ ⲛⲁⲩ ϫⲉ ⲉⲝⲉⲥⲧⲓ ϩⲛ ⲛⲥⲁⲃⲃⲁⲧⲟⲛ ⲉⲣⲡⲉⲧⲛⲁⲛⲟⲩϥ ϫⲛⲣⲡⲉⲑⲟⲟⲩ ⲉⲧⲁⲛϩⲉⲟⲩⲯⲩⲭⲏ ϫⲛⲉⲙⲟⲟⲩⲧⲥ ⲛⲧⲟⲟⲩ ⲇⲉ ⲁⲩⲕⲁⲣⲱⲟⲩ
5 Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe, elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be, womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, “Dzɔ wò asi.” Amea wɔe, eye enumake eƒe asi gaɖɔ ɖo.
ⲉ̅ⲁⲩⲱ ⲛⲧⲉⲣⲉϥϭⲱϣⲧ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉϩⲣⲁⲩ ϩⲛ ⲟⲩⲟⲣⲅⲏ ⲉϥⲙⲟⲕϩ ⲛϩⲏⲧ ⲉϫⲙⲡⲧⲱⲙ ⲛϩⲏⲧ ⲙⲡⲉⲩϩⲏⲧ ⲡⲉϫⲁϥ ⲙⲡⲣⲱⲙⲉ ϫⲉ ⲥⲟⲩⲧⲛⲧⲉⲕϭⲓϫ ⲉⲃⲟⲗ ⲁϥⲥⲟⲩⲧⲱⲛⲥ ⲁⲩⲱ ⲁⲥⲗⲟ ⲛϭⲓ ⲧⲉϥϭⲓϫ
6 Esi Farisitɔwo kpɔ esia la, wotso enumake ɖawɔ ɖoɖo kple Herod dunyaheha, si de Roma dziɖuɖu dzi la le ale si woawɔ awu Yesu la ŋuti.
ⲋ̅ⲛⲧⲉⲣⲟⲩⲉⲓ ⲇⲉ ⲉⲃⲟⲗ ⲛⲧⲉⲩⲛⲟⲩ ⲛϭⲓ ⲛⲉⲫⲁⲣⲓⲥⲥⲁⲓⲟⲥ ⲛⲙⲛϩⲏⲣⲱⲇⲓⲁⲛⲟⲥ ⲁⲩϫⲓϣⲟϫⲛⲉ ⲉⲣⲟϥ ϫⲉⲕⲁⲥ ⲉⲩⲉⲧⲁⲕⲟϥ
7 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ɖe aga heyi ƒua ta, eye ameha gã aɖe dze wo yome tso Galilea.
ⲍ̅ⲁⲩⲱ ⲓⲏⲥ ⲁϥⲁⲛⲁⲭⲱⲣⲓ ⲙⲛ ⲛⲉϥⲙⲁⲑⲏⲧⲏⲥ ⲉⲃⲟⲗ ⲉⲧⲉⲑⲁⲗⲁⲥⲥⲁ ⲁⲩⲱ ⲟⲩⲛⲟϭ ⲙⲙⲏⲏϣⲉ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲛ ⲧⲅⲁⲗⲓⲗⲁⲓⲁ ⲁⲩⲟⲩⲁϩⲟⲩ ⲛⲥⲱϥ ⲛⲙϯⲟⲩⲇⲁⲓⲁ
8 Esi wose nu siwo katã Yesu nɔ wɔwɔm ta la, ame geɖe siwo tso Yudea, Yerusalem, Idumea kple nuto siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ kple Tiro kple Sidon nutowo me hã va.
ⲏ̅ⲛⲙⲑⲓⲉⲣⲟⲥⲟⲗⲩⲙⲁ ⲁⲩⲱ ⲕⲉⲛⲟϭ ⲙⲙⲏⲏϣⲉ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲛ ϯⲇⲟⲩⲙⲁⲓⲁ ⲙⲛ ⲡⲉⲕⲣⲟ ⲙⲡⲓⲟⲣⲇⲁⲛⲏⲥ ⲛⲙⲡⲕⲱⲧⲉ ⲛⲧⲩⲣⲟⲥ ⲛⲙⲥⲓⲇⲱⲛ ⲉⲩⲥⲱⲧⲙ ⲉⲛⲉⲧϥⲉⲓⲣⲉ ⲙⲙⲟⲟⲩ ⲁⲩⲉⲓ ϣⲁⲣⲟϥ
9 Yesu vɔ̃ be ameawo ava mimi ye ɖo, eya ta ebia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woadi ʋu sue aɖe ada ɖi, ale be ne ameawo mimi ye ɖo fũu akpa la, yeage ɖe eme ado le wo dome,
ⲑ̅ⲁⲩⲱ ⲁϥϫⲟⲟⲥ ⲛⲛⲉϥⲙⲁⲑⲏⲧⲏⲥ ϫⲉ ⲉⲣⲉϩⲉⲛⲉϫⲏⲩ ⲡⲣⲟⲥⲕⲁⲣⲧⲉⲣⲓ ⲉⲣⲟϥ ⲉⲧⲃⲉ ⲡⲙⲏⲏϣⲉ ϫⲉ ⲛⲉⲩⲑⲗⲓⲃⲉ ⲙⲙⲟϥ
10 elabena eda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu gbe ma gbe ale gbegbe be dɔnɔ bubuwo ƒo zi ɖe eŋu fũu henɔ didim be yewoaka asi eŋu ko.
ⲓ̅ⲛⲁϣⲉ ⲛⲉⲛⲧⲁϥⲧⲁⲗϭⲟⲟⲩ ⲅⲁⲣ ϩⲱⲥⲧⲉ ⲉⲧⲣⲉⲩϯⲡⲉⲩⲟⲓ ⲉⲣⲟϥ ϫⲉ ⲉⲩⲉϫⲱϩ ⲉⲣⲟϥ ⲁⲩⲱ ⲛⲉⲧⲉⲙⲙⲁⲥⲧⲓⲅⲝ ϩⲓⲱⲟⲩ
11 Nenye be ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la kpɔ Yesu la, wodzea anyi ɖe eƒe akɔme hedoa ɣli be, “Wòe nye Mawu ƒe Vi la,”
ⲓ̅ⲁ̅ⲙⲛ ⲛⲉⲡⲛⲁ ⲛⲁⲕⲁⲑⲁⲣⲧⲟⲛ ⲉⲩϣⲁⲛⲛⲁⲩ ⲉⲣⲟϥ ϣⲁⲩⲡⲁϩⲧⲟⲩ ϩⲁⲣⲁⲧϥ ⲛⲥⲉϫⲓϣⲕⲁⲕ ⲉⲃⲟⲗ ⲉⲩϫⲱ ⲙⲙⲟⲥ ϫⲉ ⲛⲧⲟⲕ ⲡⲉ ⲡϣⲏⲣⲉ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ
12 gake Yesu dea se na wo vevie be womegana amewo nanya ame si yenye o.
ⲓ̅ⲃ̅ⲁⲩⲱ ⲛⲉϥⲉⲡⲓⲧⲓⲙⲁ ⲛⲁⲩ ⲉⲙⲁⲧⲉ ϫⲉ ⲛⲛⲉⲩⲟⲩⲟⲛϩϥ ⲉⲃⲟⲗ
13 Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi, eye wòbia tso ame siwo wòtia la si be woava do go ye le afi ma, eye woyi.
ⲓ̅ⲅ̅ⲁϥⲃⲱⲕ ⲇⲉ ⲉϩⲣⲁⲓ ⲉⲡⲧⲟⲟⲩ ⲁⲩⲱ ⲁϥⲙⲟⲩⲧⲉ ⲉⲛⲉⲧϥⲟⲩⲁϣⲟⲩ
14 Azɔ la, etia ame wuieve be woanye apostolowo, ame siwo anɔ eŋuti gbeawo tsyo gbe, eye wòadɔ wo woayi aɖagblɔ mawunya na amewo,
ⲓ̅ⲇ̅ⲁϥⲛⲉϩⲙⲛⲧⲥⲛⲟⲟⲩⲥ ⲉⲃⲟⲗ ⲛϩⲏⲧⲟⲩ ⲛⲁⲓ ⲛⲧⲁϥϯ ⲡⲓⲛⲟⲩ ⲛⲉⲁⲡⲟⲥⲧⲟⲗⲟⲥ ϫⲉ ⲉⲩⲉϣⲱⲡⲉ ⲛⲙⲙⲁϥ ⲁⲩⲱ ⲛϥϫⲟⲟⲩⲥⲉ ⲉⲃⲟⲗ ⲉⲧⲁϣⲉⲟⲓϣ
15 eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me.
ⲓ̅ⲉ̅ⲛϥϯ ⲛⲁⲩ ⲛⲧⲉⲝⲟⲩⲥⲓⲁ ⲉⲛⲉϫ ⲇⲁⲓⲙⲱⲛⲓⲟⲛ ⲉⲃⲟⲗ
16 Ame wuieve siwo wòtia la ƒe ŋkɔwoe nye: Simɔn (ame si wòna ŋkɔe be Petro),
ⲓ̅ⲋ̅ⲁⲩⲱ ⲁϥⲧⲁϩⲟ ⲉⲣⲁⲧⲟⲩ ⲙⲡⲙⲛⲧⲥⲛⲟⲟⲩⲥ ⲁⲩⲱ ⲥⲓⲙⲱⲛ ⲁϥϯⲟⲩⲣⲁⲛ ⲉⲣⲟϥ ϫⲉ ⲡⲉⲧⲣⲟⲥ
17 Yakobo kple nɔvia Yohanes, Zebedeo ƒe vi (siwo Yesu na ŋkɔe be, “dziɖegbe ƒe viwo”);
ⲓ̅ⲍ̅ⲁⲩⲱ ⲓⲁⲕⲱⲃⲟⲥ ⲡϣⲏⲣⲉ ⲛⲍⲉⲃⲉⲇⲁⲓⲟⲥ ⲛⲙⲓⲱϩⲁⲛⲏⲥ ⲡⲥⲟⲛ ⲛⲓⲁⲕⲱⲃⲟⲥ ⲁϥϯϩⲉⲛⲣⲁⲛ ⲉⲣⲟⲟⲩ ϫⲉ ⲃⲟⲁⲛⲏⲣⲅⲉⲥ ⲉⲧⲉ ⲡⲁⲓ ⲡⲉ ⲛϣⲏⲣⲉ ⲙⲡⲉϩⲣⲟⲩⲃⲃⲁⲉⲓ
18 Andrea, Filipo, Bartolomeo, Mateo, Toma, Yakobo, Alfeo ƒe vi, Tadeo, Simɔn, ame si nye Zelote dunyahehamenɔla,
ⲓ̅ⲏ̅ⲁⲩⲱ ⲁⲛⲇⲣⲉⲁⲥ ⲛⲙⲫⲓⲗⲓⲡⲡⲟⲥ ⲛⲙⲃⲁⲣⲑⲟⲗⲟⲙⲁⲓⲟⲥ ⲙⲛⲙⲁⲑⲁⲓⲟⲥ ⲛⲙⲑⲱⲙⲁⲥ ⲁⲩⲱ ⲓⲁⲕⲱⲃⲟⲥ ⲡϣⲏⲣⲉ ⲛⲁⲗⲫⲁⲓⲟⲥ ⲙⲛⲑⲁⲇⲇⲁⲓⲟⲥ ⲁⲩⲱ ⲥⲓⲙⲱⲛ ⲡⲕⲁⲛⲁⲛⲁⲓⲟⲥ
19 kple Yuda Iskariɔt, ame si va dee asi.
ⲓ̅ⲑ̅ⲛⲙⲓⲟⲩⲇⲁⲥ ⲡⲓⲥⲕⲁⲣⲓⲱⲧⲏⲥ ⲡⲉⲛⲧⲁϥⲡⲁⲣⲁⲇⲓⲇⲟⲩ ⲙⲙⲟϥ
20 Esi Yesu trɔ yi aƒe si me wòdze la, amehawo gade asi ƒuƒoƒo me ake, eye eteƒe medidi o la, aƒea me yɔ kple amewo. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be mekpɔ ɣeyiɣi ne wòaɖu nu gɔ̃ hã o.
ⲕ̅ⲁⲩⲱ ⲁϥⲉⲓ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲡⲏⲉⲓ ⲁⲡⲙⲏⲏϣⲉ ⲟⲛ ⲥⲱⲟⲩϩ ⲉⲣⲟϥ ϩⲱⲥⲧⲉ ⲛⲥⲉⲧⲙⲥⲣϥⲉ ⲉⲟⲩⲉⲙⲡⲉⲩⲟⲉⲓⲕ
21 Esi eƒe ƒometɔwo se nya sia la, wova be yewoakplɔe ayi yewo gbɔe, elabena wobu be eƒe tagbɔe da.
ⲕ̅ⲁ̅ⲛⲧⲉⲣⲟⲩⲥⲱⲧⲙ ⲇⲉ ⲛϭⲓ ⲛⲉϥⲣⲱⲙⲉ ⲁⲩⲉⲓ ⲉⲃⲟⲗ ⲉⲁⲙⲁϩⲧⲉ ⲙⲙⲟϥ ⲛⲉⲩϫⲱ ⲅⲁⲣ ⲙⲙⲟⲥ ϫⲉ ⲁⲡⲉϥϩⲏⲧ ⲡⲱϣⲥ
22 Gake Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo tso Yerusalem va afi ma la gblɔ be, “Belzebul, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia si le eme lae le fu ɖem nɛ. Esia hã tae gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖoa toe ɖo.”
ⲕ̅ⲃ̅ⲁⲩⲱ ⲛⲉⲅⲣⲁⲙⲙⲁⲧⲉⲩⲥ ⲛⲧⲁⲩⲉⲓ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲛ ⲑⲓⲉⲣⲟⲥⲟⲗⲩⲙⲁ ⲛⲉⲩϫⲱ ⲙⲙⲟⲥ ϫⲉ ⲉⲣⲉⲃⲉⲉⲗⲍⲉⲃⲟⲩⲗ ⲛⲙⲙⲁϥ ⲁⲩⲱ ϩⲙ ⲡⲁⲣⲭⲱⲛ ⲛⲛⲇⲁⲓⲙⲱⲛⲓⲟⲛ ⲉϥⲛⲉϫⲇⲁⲓⲙⲱⲛⲓⲟⲛ ⲉⲃⲟⲗ
23 Yesu yɔ ɖeklemiɖela siawo, hedo lo sia na wo be, “Aleke Satana agate ŋu atsi tsitre ɖe Satana ŋuti?
ⲕ̅ⲅ̅ⲁϥⲙⲟⲩⲧⲉ ⲇⲉ ⲉⲣⲟⲟⲩ ⲁϥϣⲁϫⲉ ⲛⲙⲙⲁⲩ ϩⲛ ϩⲉⲛⲡⲁⲣⲁⲃⲟⲗⲏ ⲉϥϫⲱ ⲙⲙⲟⲥ ϫⲉ ⲛⲁϣ ⲛϩⲉ ⲡⲥⲁⲧⲁⲛⲁⲥ ϥⲛⲁⲛⲉϫⲡⲥⲁⲧⲁⲛⲁⲥ ⲉⲃⲟⲗ
24 Fiaɖuƒe si ma ɖe eve la, mate ŋu anɔ te o, agbã godoo.
ⲕ̅ⲇ̅ⲁⲩⲱ ⲉⲣϣⲁⲛⲟⲩⲙⲛⲧⲣⲣⲟ ⲡⲱⲣϫ ⲉⲛⲉⲥⲉⲣⲏⲩⲛⲥⲛⲁϣⲁϩⲉ ⲁⲛ ⲉⲣⲁⲧⲥ ⲛϭⲓ ⲧⲙⲛⲧⲣⲣⲟ ⲉⲧⲙⲙⲁⲩ
25 Aƒe si me mama kple dzrewɔwɔ le la hã mate ŋu anɔ te o.
ⲕ̅ⲉ̅ⲁⲩⲱ ⲉⲣϣⲁⲛⲟⲩⲏⲉⲓ ⲡⲱⲣϫ ⲉⲛⲉϥⲉⲣⲏⲩ ⲛⲛⲉϣⲡⲏⲉⲓ ⲉⲧⲙⲙⲁⲩ ⲁϩⲉⲣⲁⲧϥ
26 Ne Satana tsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la, ekema mate ŋu anɔ te o, ke boŋ atsrɔ̃.
ⲕ̅ⲋ̅ⲁⲩⲱ ⲉϣϫⲉ ⲡⲥⲁⲧⲁⲛⲁⲥ ⲁϥⲧⲱⲟⲩⲛ ⲛⲧⲟϥ ⲉϫⲱϥ ⲁⲩⲱ ⲁϥⲡⲱⲣϫ ⲛⲛⲉϥⲉϣⲁϩⲉⲣⲁⲧϥ ⲁⲗⲗⲁ ⲁⲧⲉϥϩⲁⲏ ϣⲱⲡⲉ
27 Le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu age ɖe ŋusẽtɔ ƒe aƒe me, alɔ eƒe nunɔamesiwo adzoe o, negbe ɖeko wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo.
ⲕ̅ⲍ̅ⲁⲗⲗⲁ ⲙⲛⲗⲁⲁⲩ ⲛⲁϣⲃⲱⲕ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲡⲏⲉⲓ ⲙⲡϫⲱⲱⲣⲉ ⲛϥⲧⲱⲣⲡ ⲛⲛⲉϥϩⲛⲁⲟⲩ ⲉϥⲧⲙⲙⲟⲩⲣ ⲛϣⲟⲣⲡ ⲙⲡϫⲱⲱⲣ ⲁⲩⲱ ⲧⲟⲧⲉ ⲛϥⲧⲱⲣⲡ ⲙⲡⲉϥⲏⲉⲓ
28 Mele nyateƒe la gblɔm na mi be woatsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo kple woƒe busunyawo katã ake wo,
ⲕ̅ⲏ̅ϩⲁⲙⲏⲛ ϯϫⲱ ⲙⲙⲟⲥ ⲛⲏⲧⲛ ϫⲉ ⲛⲟⲃⲉ ⲛⲓⲙ ϩⲓⲟⲩⲁ ⲛⲓⲙ ⲉⲧⲟⲩⲛⲁϫⲟⲟⲩ ⲛϭⲓ ⲛϣⲏⲣⲉ ⲛⲣⲣⲱⲙⲉ ⲥⲉⲛⲁⲕⲁⲁⲩ ⲛⲁⲩ ⲉⲃⲟⲗ
29 ke ame sia ame si agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o. Ame sia wɔ nu vɔ̃ mavɔ.” (aiōn g165, aiōnios g166)
ⲕ̅ⲑ̅ⲡⲉⲧⲛⲁϫⲓⲟⲩⲁ ⲇⲉ ⲉⲡⲉⲡⲛⲁ ⲉⲧⲟⲩⲁⲁⲃ ⲙⲙⲛⲧϥⲕⲱ ⲉⲃⲟⲗ ϣⲁ ⲉⲛⲉϩ ⲁⲗⲗⲁ ϥϭⲏⲡ ⲉⲩⲛⲟⲃⲉ ϣⲁ ⲉⲛⲉϩ (aiōn g165, aiōnios g166)
30 Yesu gblɔ nya sia, elabena ameawo nɔ gbɔgblɔm be gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.
ⲗ̅ⲉⲃⲟⲗ ϫⲉ ⲥⲉϫⲱ ⲙⲙⲟⲥ ϫⲉ ⲟⲩⲡⲛⲁ ⲛⲁⲕⲁⲑⲁⲣⲧⲟⲛ ⲛⲙⲙⲁϥ
31 Azɔ Yesu dada kple nɔviawo va aƒe si me wònɔ la godo, wodɔ ame aɖe be wòayɔe na wo.
ⲗ̅ⲁ̅ⲁⲩⲱ ⲁⲩⲉⲓ ⲛϭⲓ ⲧⲉϥⲙⲁⲁⲩ ⲙⲛ ⲛⲉϥⲥⲛⲏⲩ ⲁⲩⲁϩⲉⲣⲁⲧⲟⲩ ϩⲓⲃⲟⲗ ⲁⲩⲱ ⲁⲩϫⲟⲟⲩ ⲛⲁϥ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲩⲙⲟⲩⲧⲉ ⲉⲣⲟϥ
32 Ameha gã aɖe nɔ anyi ɖe egbɔ ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ be, “Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo di be yewoakpɔ wò le aƒea godo.”
ⲗ̅ⲃ̅ⲁⲩⲱ ⲛⲉϥϩⲙⲟⲟⲥ ϩⲙ ⲡⲉϥⲕⲱⲧⲉ ⲛϭⲓ ⲟⲩⲙⲏⲏϣⲉ ⲡⲉϫⲁⲩ ⲇⲉ ⲛⲁⲩ ϫⲉ ⲉⲓⲥ ⲧⲉⲕⲙⲁⲁⲩ ⲙⲛ ⲛⲉⲕⲥⲛⲏⲩ ⲥⲉⲕⲱⲧⲉ ⲛⲥⲱⲕ ϩⲓⲃⲟⲗ
33 Yesu biae be, “Ame kae nye danye? Ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?”
ⲗ̅ⲅ̅ⲁϥⲟⲩⲱϣⲃ ⲇⲉ ⲉϥϫⲱ ⲙⲙⲟⲥ ⲛⲁⲩ ϫⲉ ⲛⲓⲙ ⲧⲉ ⲧⲁⲙⲁⲁⲩ ⲁⲩⲱ ⲛⲓⲙ ⲛⲉ ⲛⲁⲥⲛⲏⲩ
34 Etsa ŋku le ame siwo ƒo xlãe la dome godoo, eye wògblɔ be, “Ame siawoe nye danye kple nɔvinye ŋutsuwo!
ⲗ̅ⲇ̅ⲁϥϭⲱϣⲧ ⲉⲛⲉⲧⲙⲡⲉϥⲕⲱⲧⲉ ⲉⲧϩⲙⲟⲟⲥ ϩⲁϩⲧⲏϥ ⲡⲉϫⲁϥ ϫⲉ ⲉⲓⲥ ⲧⲁⲙⲁⲁⲩ ⲁⲩⲱ ⲛⲁⲥⲛⲏⲩ
35 Ame sia ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, enye nɔvinye ŋutsu, nɔvinye nyɔnu alo danye.”
ⲗ̅ⲉ̅ⲡⲉⲧⲛⲁⲉⲓⲣⲉ ⲅⲁⲣ ⲙⲡⲟⲩⲱϣ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲡⲁⲓ ⲡⲉ ⲡⲁⲥⲟⲛ ⲁⲩⲱ ⲧⲁⲥⲱⲛⲉ ⲁⲩⲱ ⲧⲁⲙⲁⲁⲩ

< Marko 3 >