< Marko 2 >

1 Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yesu gatrɔ yi Kapernaum. Esi wòɖo afi ma la, eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du blibo la me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.
A few days later Jesus returned home to Capernaum, and news spread that he was there.
2 Medidi kura hafi aƒe si me wònɔ la yɔ fũu kple amewo o. Aƒea me yɔ ale gbegbe be nɔƒe aɖeke meganɔ ʋɔtrua nu hã o. Yesu de asi mawunyagbɔgblɔ me na ameha la.
So many people crowded inside the house that it was packed, even outside the door, as Jesus told them the message.
3 Sẽe la, ŋutsu ene aɖewo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi gbɔna Yesu gbɔe.
Four men had brought a man who was paralyzed,
4 Ke le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, womete ŋu ɖo egbɔ o. Le esia ta woyi ɖaɖe do ɖe xɔ si me Yesu nɔ la tame, heɖiɖi dɔnɔ la kple eƒe aba ɖe ekɔme.
but they could not get near Jesus because of the crowds. So they went up on the roof and took it apart. After they had made an opening above Jesus, they lowered down the mat with the paralyzed man lying on it.
5 Yesu kpɔ be ŋutsu eneawo xɔe se vevie be yeate ŋu ayɔ dɔ wo nɔvi la, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò!”
When Jesus saw the trust these men had, Jesus said to the paralyzed man, “Friend, your sins are forgiven.”
6 Ke Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo nɔ afi ma la gblɔ le woƒe dzi me be,
Some of the religious teachers sitting there thought to themselves,
7 “Nu ka! Ame sia gblɔ busunya! Ɖe wòbu be Mawue yenyea? Menya be Mawu ɖeka hɔ̃ɔ koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake oa?”
“Why is he talking like this? He is blaspheming! Who can forgive sins? Only God can do that!”
8 Yesu nya nu si bum ameawo nɔ, eya ta egblɔ na wo enumake be, “Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea?
Jesus knew right away what they were thinking. He said to them, “Why are you thinking like this?
9 Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na lãmetututɔ la be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò loo alo woagblɔ nɛ be, “Tso, kɔ wò aba ne nàzɔ azɔli?”’
What's easier: to say to the paralyzed man, ‘Your sins are forgiven,’ or ‘Get up, pick up your mat, and walk’?
10 Be miadze sii be wona ŋusẽ Amegbetɔ Vi la be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi.” Egblɔ na lãmetututɔ la be,
But to convince you that the Son of man has the right to forgive sins,
11 “Mele egblɔm na wò be tsi tre! Ŋlɔ wò aba nàyi aƒe me!”
I say to you (the paralyzed man), ‘Get up, pick up your mat, and go home.’”
12 Ŋutsu la tso enumake, kɔ eƒe aba, eye wòzɔ to ameawo dome dzo. Ameawo katã ƒe nu ku. Wokafu Mawu, eye wogblɔ be, “Míekpɔ naneke teƒe alea kpɔ o!”
He stood up, picked up his mat, and walked out in front of everyone there. They were all amazed, and praised God, saying “We've never ever seen anything like this!”
13 Yesu gado go yi ƒuta, eye wòfia nu ameha si kplɔe ɖo la.
Jesus went out beside the sea once more and taught the crowds that came to him.
14 Esi wòzɔ yina la, eva ke ɖe Levi, Alfeo ƒe vi ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme.” Levi tso enumake, eye wòdze Yesu yome.
As he walked along, he saw Levi son of Alphaeus sitting at the tax-collector's booth. “Follow me,” Jesus told him. Levi got up and followed Jesus.
15 Le fiẽ me la, Levi kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le yeƒe aƒe me. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla geɖewo hã nɔ ame siwo wòkpe la dome, elabena ame siawo ƒomevi hã nɔ Yesu yome.
That evening Jesus ate dinner at Levi's house. Many tax collectors and “sinners” joined Jesus and his disciples for the meal, for there were many of these people that followed Jesus.
16 Agbalẽfiala siwo tso Farisitɔwo dome la kpɔ Yesu wònɔ nu ɖum kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ale wobia eƒe nusrɔ̃lawo fewuɖutɔe be, “Nu ka ta miaƒe Aƒetɔ le nu ɖum kple nu vɔ̃ wɔla kple dugadzɔla siawo ɖo?”
When the religious leaders of the Pharisees saw Jesus eating with such people, they asked Jesus' disciples, “Why does he eat with tax collectors and sinners?”
17 Yesu se nya siwo gblɔm wonɔ la, ale wògblɔ na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe. Menye ame dzɔdzɔewo ta meva ɖo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo ta, be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ.”
When Jesus heard this, he told them, “It's not healthy people who need a doctor, but those who are sick. I haven't come to invite those who live right, but those who don't—the sinners.”
18 Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo tsia nu dɔna ɣe aɖewo ɣi. Gbe ɖeka esi wogatsi nu dɔ alea la, ame aɖewo va Yesu gbɔ va bia nu si ta eya ƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o ɖo.
Now John's disciples and the Pharisees were fasting. Some of them came to Jesus, and asked him, “Why is it that John's disciples and the Pharisees fast, but your disciples don't?”
19 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃wo natsi nu adɔ, agbe nuɖuɖu le eƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋua? Gbeɖe, zi ale si ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ ko la, womatsi nu adɔ o
“Do wedding guests fast while the bridegroom is with them?” Jesus asked them. “No. While the bridegroom's with them, they can't fast.
20 Gake ŋkeke aɖe li gbɔna, esi wole ŋugbetɔsrɔ̃ la kplɔ ge le wo gbɔ, ale woatsi nu adɔ.
But the day is coming when the bridegroom will be taken from them, and then they'll fast.
21 “Menyo be woatsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o, elabena ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒe la, eye teƒe si vuvu la alolo ɖe edzi wu.
No one puts a patch that's not shrunk on old clothes. Otherwise the new piece will shrink away from the old, and make the tear worse.
22 Womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o, elabena ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo la nawó, eye aha la kple lãgbalẽgolo la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wòle be woakɔ aha yeye ɖo.”
No one puts new wine in old wineskins. Otherwise the wine will burst the wineskins, and both the wine and wineskins will be wasted. No. You put new wine in new wineskins.”
23 Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe dzi esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖe me yina la, nusrɔ̃lawo ŋe bli aɖewo heɖu.
One Sabbath day as Jesus was walking through the grain fields, his disciples started picking heads of grain as they walked along.
24 Farisitɔ aɖewo kpɔ wo, eye wobia Yesu be, “Nu ka ta wole nu si mele se nu o la wɔm le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖo?”
The Pharisees asked Jesus, “Look, why are they doing what is not permitted on the Sabbath?”
25 Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽ nu si David kple eŋumewo wɔ, esi dɔ wu wo, eye woɖo xaxa me kpɔ oa?
“Haven't you ever read what David did when he and his men were hungry and in need?” Jesus asked them.
26 Esi Abiata nye nunɔlagã la, David yi ɖe Mawu ƒe aƒe la me eye wòtsɔ abolo tɔxɛ si wotsɔ ɖo Mawu ŋkume la, eye eya kple etɔwo mae heɖu, togbɔ be mele se nu be ame aɖeke naɖu abolo sia o, negbe nunɔlawo ko.”
“He went into God's house when Abiathar was high priest, and ate the consecrated bread which no one except the priests are permitted to eat, and gave it to his men too.”
27 Egblɔ yi edzi be, “Dzudzɔgbe ŋkekea la, ɖe woɖoe anyi be wòaɖe vi na ame, menye be ame nazu kluvi na Dzudzɔgbe ŋkeke la o.
“The Sabbath was made for your benefit, not for you to benefit the Sabbath,” he told them.
28 Gawu la, ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si ɖe Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi.”
“So the Son of man is Lord even of the Sabbath.”

< Marko 2 >