< Marko 15 >

1 Esi ŋu ke ŋdi kanya la, nunɔlagãwo, dumegãwo, agbalẽfialawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo kpe ta be yewoade ŋugble le nu si yewoawɔ la ŋu. Woɖoe be yewoabla Yesu, aɖoe ɖe Pilato, ame si nye Romatɔwo ƒe mɔmefia, si nɔ Yudea dzi ɖum le ɣe ma ɣi me la gbɔ.
Early in the morning, the chief priests met together with the elders and scribes and the entire Jewish council. Then they bound Jesus and led him away. They handed him over to Pilate.
2 Esi Yesu va ɖo Pilato gbɔ la, Pilato biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, abe ale si miegblɔe ene.”
Pilate asked him, “Are you the King of the Jews?” He answered him, “You say so.”
3 Nunɔlagãwo tso enu be ewɔ nu vɔ̃ geɖewo.
The chief priests were presenting many charges against Jesus.
4 Pilato gabiae be, “Nu ka ta mèdi be yeaɖo nya aɖeke ŋu o? Nya gbogbo siwo katã wotsɔ ɖe ŋuwò la nye nyateƒea?”
Pilate again asked him, “Do you give no answer? See how many charges they are bringing against you!”
5 Gake Yesu meke nu o. Esia wɔ nuku na Pilato ŋutɔ.
But Jesus no longer answered Pilate, and that amazed him.
6 Azɔ nu ɖeka aɖe si Pilato wɔna ɖaa le Ŋutitotoŋkeke la dzi lae nye be eɖea asi le Yudatɔ gamenɔla ɖeka si ŋu amewo lɔ̃ be wòaɖe asi le la ŋuti.
Now at the time of the feast, Pilate usually released to them one prisoner, a prisoner they requested.
7 Gamenɔla siawo dometɔ ɖekae nye Barabas, ame si kple ame bubuwo wu amewo le hoowɔwɔ gã aɖe si wowɔ va yi la me.
There with the rebels in prison, among the murderers held for their part in the rebellion, was a man named Barabbas.
8 Azɔ amewo ƒo ƒu eye wobia tso Pilato si be wòaɖe asi le gamenɔlawo dometɔ ɖeka ŋu na yewo abe ale si wòwɔna ɖaa ene.
The crowd came to Pilate and began to ask him to do for them as he had done in the past.
9 Pilato bia wo be, “Miedi be maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋu na mia?”
Pilate answered them and said, “Do you want me to release to you the King of the Jews?”
10 Le esime wònya nyuie be ŋuʋaʋã ta koe nunɔlagãwo tsɔ Yesu de asi nɛ ɖo.
For he knew that it was because of envy that the chief priests had handed Jesus over to him.
11 Ke nunɔlagãwo ƒoe ɖe ameawo nu be woabia be wòaɖe asi le Barabas boŋ ŋu, ke menye Yesu o.
But the chief priests stirred up the crowd to cry out that Barabbas should be released instead.
12 Pilato bia wo be, “Esi miebe maɖe asi le Barabas ŋu ɖe, nu ka miebe mawɔ kple ame si mieyɔna be Yudatɔwo ƒe Fia?”
Pilate answered them again and said, “What then should I do with the King of the Jews?”
13 Ameawo katã do ɣli be, “Klãe ɖe ati ŋu!”
They shouted again, “Crucify him!”
14 Pilato bia wo be, “Nu vɔ̃ ka wòwɔ?” Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋu!”
Pilate said to them, “What wrong has he done?” But they shouted more and more, “Crucify him.”
15 Azɔ Pilato vɔ̃ be ameha la ava wɔ ʋunyaʋunya eye be wòadze wo ŋu ta la, eɖe asi le Barabas ŋu na wo. Ke eɖe gbe be woaƒo Yesu kple atam. Le esia megbe la, ekplɔe de asi na ameawo be woaɖaklãe ɖe ati ŋu le woƒe didi nu.
Pilate wanted to satisfy the crowd, so he released Barabbas to them. He scourged Jesus and then handed him over to be crucified.
16 Asrafoawo kplɔ Yesu yi woƒe nɔƒe le fiasã la me, eye woyɔ asrafo siwo katã dzɔa fiasã la ŋu la ƒo ƒu.
The soldiers led him inside the courtyard (which is the government headquarters), and they called together the whole cohort of soldiers.
17 Wodo awu dzĩ nɛ, eye wotsɔ ŋu wɔ kuku heɖɔ nɛ.
They put a purple robe on Jesus, and they twisted together a crown of thorns and put it on him.
18 Azɔ wode asi fewuɖuɖu le eŋu me. Wodo gbe nɛ gblɔ be, “Yudatɔwo ƒe fia nenɔ agbe tegbee!”
They began to salute him and say, “Hail, King of the Jews!”
19 Amewo tsɔ ameƒoti ƒo tame nɛ. Ɖewo ɖe ta ɖe mo nɛ, eye ɖewo bua dze klo be yewole esubɔm.
They struck his head with a reed staff and they spat on him. They bent their knees before him to pretend to worship him.
20 Esi wowɔ funyafunyae ʋuu wòti wo la, woɖe awu dzĩ la le eŋu hetsɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ eye wokplɔe dzoe be yewoaɖaklãe ɖe ati ŋu.
When they had mocked him, they took off of him the purple robe and put his own garments on him, and then led him out to crucify him.
21 Le mɔa dzi la, wodo go Simɔn Kirenetɔ wògbɔna dua me, eye wozi edzi be wòakpe ɖe Yesu ŋu, akɔ eƒe atitsoga la. Simɔn siae nye Aleksandro kple Rufus fofo.
A certain man, Simon of Cyrene, was coming in from the country (he was the father of Alexander and Rufus), and they forced him to carry his cross.
22 Ale wokplɔ Yesu va teƒe aɖe si woyɔna be Golgata (si gɔmee nye “Ametakoliƒe”).
The soldiers brought Jesus to the place called Golgotha (which interpreted means, “Place of a Skull”).
23 Le afi sia la, wotsɔ gbe siwo vena la tsaka wain tsitsi aɖe hekpe nɛ, gake menoe o.
They offered him wine mixed with myrrh, but he did not drink it.
24 Woklãe ɖe atitsoga ŋu. Woda akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be woakpɔ esi ame sia ame axɔ.
They crucified him and divided up his garments by casting lots to determine what piece each soldier would take.
25 Anɔ abe ŋdi ga asiekɛ me ene esi woklãe ɖe atitsoga ŋu.
It was the third hour when they crucified him.
26 Woŋlɔ nutsotso si wotsɔ ɖe eŋu esi ta woklãe ɖe atia ŋu la ɖe ʋuƒo kakɛ aɖe dzi klã ɖe atitsoga la tame. Nu si woŋlɔ ɖe ʋuƒoa dzi enye: Yudatɔwo ƒe Fia.
On a sign they wrote the charge against him, “The king of the Jews.”
27 Woklã adzodala eve aɖewo hã ɖe eƒe axa eveawo dzi. [
With him they crucified two robbers, one on the right of him and one on his left.
28 Ale wowu ale si mawunya gblɔ da ɖi la nu be, “Wobui ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome.]”
29 Ame siwo va nɔ eŋu tom la ɖea alɔme le eŋu, eye woʋuʋua ta hekonɛ. Ɖewo hã doa ɣli gblɔna nɛ fewuɖutɔe be, “Ɛhɛ̃! Kpɔ ale si wòva zu na wò ɖa! Wòe be yeate ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Nenye be ŋusẽ le asiwò nàte ŋu awɔ nukunu gã siawo la,
Those who passed by insulted him, shaking their heads and saying, “Aha! You who would destroy the temple and rebuild it in three days,
30 ɖe ɖokuiwò le atitsoga la ŋue!”
save yourself and come down from the cross!”
31 Nunɔlagãwo kple agbalẽfiala siwo nɔ tsitre ɖe teƒea hã nɔ alɔme ɖem le Yesu ŋu. Wogblɔ be, “Ame sia te ŋu xɔ na ame bubuwo, gake mate ŋu xɔ na eya ŋutɔ ɖokui o!
In the same way the chief priests were mocking him with each other, along with the scribes, and said, “He saved others, but he cannot save himself.
32 “Wò Kristo la! Wò Israel ƒe Fia! Ɖi le atitsoga la ŋu, ekema mí katã míaxɔ dziwò ase!” Adzodala eve siwo woklã ɖe atitsogawo ŋu kpli gɔ̃ hã dzui.
Let the Christ, the King of Israel, come down now from the cross, that we may see and believe,” and those who were crucified with him also taunted him.
33 Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, zãdokeli do ɖe anyigba blibo la dzi va se ɖe keke ɣetrɔ ga etɔ̃ me.
At the sixth hour, darkness came over the whole land until the ninth hour.
34 Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eloi, Eloi, lama sabaktani?” (si gɔmee nye “Nye Mawu, Nye Mawu, nu ka ta nègblẽm ɖi?”).
At the ninth hour Jesus cried out with a loud voice, “Eloi, Eloi, lama sabachthani?” which is interpreted, “My God, my God, why have you forsaken me?”
35 Esi ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma se esia la, wogblɔ be, “Kpɔ ɖa, ele Eliya yɔm.”
Some of those standing by heard his words and said, “Look, he is calling for Elijah.”
36 Le esia ta wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖaku wain tsitsi eye wòkɔe ɖe ƒumekutsa me, tɔe ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu na Yesu be wòano hegblɔ kpe ɖe eŋu be, “Miɖe asi le eŋu azɔ ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.”
Someone ran, put sour wine on a sponge, put it on a reed staff, and gave it to him to drink. The man said, “Let us see if Elijah comes to take him down.”
37 Yesu gado ɣli sesĩe, eye wòmia nu.
Then Jesus cried out with a loud voice and died.
38 Le gaƒoƒo sia me tututu la, xɔmetsovɔ, si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la ŋkume le gbedoxɔ la me la ma ɖe eve tso dzi va se ɖe anyime ke.
The curtain of the temple was split in two from the top to the bottom.
39 Esi Romasrafo si nɔ Yesu ŋu dzɔm kpɔ ale si Yesu kue la, egblɔ kple seselelãme geɖe be, “Ame sia la, Mawu ƒe Vi wònye vavã!”
When the centurion who stood and faced Jesus saw that he had died in this way, he said, “Truly this man was the Son of God.”
40 Nyɔnu aɖewo hã nɔ adzɔge nɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Ame siawo nye Maria Magdalatɔ, Maria, si nye Yakobo suetɔ kple Yose dada kple Salome.
There were also women who looked on from a distance. Among them were Mary Magdalene, Mary (the mother of James the younger and of Joses), and Salome.
41 Ame siawo kple Galilea nyɔnu bubu siwo nye eyomenɔlawo, ame siwo subɔnɛ ne eva Galilea la hã dze eyome va Yerusalem.
When he was in Galilee they followed him and served him. Many other women also came up with him to Jerusalem.
42 Nu siawo katã dzɔ ŋkeke ɖeka do ŋgɔ na Dzudzɔgbe ŋkeke la. Le ɣetrɔ me lɔƒo la,
When evening had come, because it was the Day of Preparation, that is, the day before the Sabbath,
43 Yosef si tso Arimatia, ame si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo dometɔ ɖeka, si ŋu bubu le la va Yerusalem. Ame sia hã nɔ mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava. Eyi Pilato gbɔ kple dzideƒo hebia be wòaɖe asi le Yesu ƒe kukua ŋu na ye.
Joseph of Arimathea came there. He was a respected member of the council, who was waiting for the kingdom of God. He boldly went in to Pilate and asked for the body of Jesus.
44 Pilato mexɔe se be Yesu ku le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe o, eyɔ Romasrafowo ƒe amegã si ƒe dzikpɔkpɔ te nyawo nɔ la, eye wòbiae be Yesu ku vavã hã?
Pilate was amazed that Jesus was already dead; he called the centurion and asked him if Jesus was dead.
45 Asrafomegã la ɖo kpe edzi na Pilato be eku. Ale Pilato ɖe mɔ na Yosef be wòaxɔ ame kukua aɖaɖi.
When Pilate learned from the centurion that Jesus was dead, he gave the body to Joseph.
46 Yosef ƒle aklala biɖibiɖi gã aɖe, eye woɖe Yesu ƒe ŋutilã kuku la le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala la ɖe eŋu eye wòkɔe ɖamlɔ yɔdo, si woɖe ɖe agakpe me la me, hemli kpe gã aɖe ɖo yɔdo la nu.
Joseph had bought a linen cloth. He took him down from the cross, wrapped him in the linen cloth, and laid him in a tomb that had been cut out of a rock. Then he rolled a stone against the entrance of the tomb.
47 Maria Magdalatɔ kple Maria Yose dada hã nɔ afi ma kpɔ afi si wòɖi Yesu ɖo.
Mary Magdalene and Mary the mother of Joses saw the place where Jesus was buried.

< Marko 15 >